Nations Bible

Ezequiel 5

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.

1“Azɔ, ame vi, tsɔ yi ɖaɖɛ aɖe, wɔ eŋu dɔ abe takola aɖe ƒe hɛ ene, eye nàlũ wò taɖa kple ge. Le esia megbe la, ma ɖa la le nudanu dzi. 2Ne wò toɖeɖe ɖe du la ƒe ŋkekewo wu enu la, tɔ dzo ɖa la ƒe mama etɔ̃lia ƒe ɖeka le dua me. Tsɔ yi la ƒo mama evelia ƒo xlã du la, eye nàwu mama etɔ̃lia ɖe yame, elabena maɖe yi le aku me atsɔ anya wo ɖe du nu. 3Ke ɖe ɖa sue aɖe dzra ɖo ɖe wò awu ƒe biɖedziwo me, 4eye nàgatsɔ ɖa sue aɖe ade dzo me. Dzo abi tso afi ma age ɖe Israel ƒe aƒe blibo la me.

5“Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si, ‘Esiae nye Yerusalem si metsɔ da ɖe dukɔwo dome, eye anyigba geɖewo ƒo xlãe. 6Ke le eƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi ta la, edze aglã ɖe nye sewo kple ɖoɖowo ŋu wu ale si dukɔ kple anyigba siwo ƒo xlãe la wɔ. Egbe nye sewo, eye mezɔ ɖe nye ɖoɖowo nu o.’

7“Eya ta nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si, ‘Miedze aglã wu dukɔ siwo ƒo xlã mi, miezɔ ɖe nye ɖoɖowo nu o, eye mielé nye sewo me ɖe asi o. Miaƒe wɔnawo menyo abe dukɔ siwo ƒo xlã mi la tɔwo gɔ hã ene o.’

8“Eya ta nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si, ‘Nye ŋutɔ medo dɔmedzoe ɖe wò, Yerusalem ŋu, eye mahe to na wò le dukɔwo ŋkume. 9Le miaƒe legba nyɔŋuwo katã ta la, mawɔ nu si nyemewɔ kpɔ o la mi, esi nyemagawɔ gbeɖe o. 10Eya ta le mia dome la, fofowo aɖu wo viwo, eye viwo aɖu wo fofowo. Mahe to na mi, eye makaka mia dometɔ siwo atsi agbe la ahlẽ ɖe yawo nu.’ 11Aƒetɔ Yehowa gblɔ be, ‘Eya ta meta nye agbe, zi ale si miegblẽ kɔ ɖo na nye Kɔkɔeƒe kple miaƒe legba nyɔŋuwo kple kɔnu vlowo ta la, nye ŋutɔ maɖe nye amenuveve ɖa le mia dzi. Nyemakpɔ nublanui na mi o, eye nyemaɖe mi o. 12Mia dome mama etɔ̃ ƒe ɖeka aku le dɔvɔ̃ ta alo atsrɔ̃ to dɔwuame me, mama etɔ̃ ƒe ɖeka bubu atsi yi nu le miaƒe gliwo godo, eye mama etɔ̃ ƒe ɖeka mamlɛa maka ahlẽ ɖe yawo nu, eye maɖe yi le aku me anya wo ɖe du nu.’

13“Ekema nye dziku nu atso, eye nye dɔmedzoe ɖe wo ŋu nu abɔbɔ, nye dzi afa, eye woanya be nye, Yehowae ƒo nu kple ŋuʋaʋã nenye be metrɔ nye dziku katã kɔ ɖe wo dzi.

14“Miazu gbegbe, alɔmeɖenu le dukɔ siwo ƒo xlã mi la dome, le emetsolawo katã ƒe ŋkume. 15Miazu alɔmeɖenu, vlodonu, nuxlɔ̃amenu kple ŋɔdzi na dukɔ siwo ƒo xlã mi ne mehe to na mi le nye dɔmedzoe kple dziku me. Nye Yehowae gblɔe. 16Ne metsɔ nye dɔwuame ƒe aŋutrɔ siwo hea ku vɛ, eye wogblẽa nu da mi la, mada wo be woatsrɔ̃ mi. Mana dɔwuame nagasẽ ɖe edzi wu tsã le mia dome, eye maxe mɔ na nuɖuɖu ƒe mia gbɔ ɖoɖo. 17Mana dɔwuame kple lã wɔadãwo nava mia dzi, eye woana viwo maganɔ mia si o. Dɔ vɔ̃ kple ʋukɔkɔɖi ava mia dzi, eye matsɔ yi ɖe mia ŋu. Nye Yehowae gblɔe.”

Você sabia?

Um sinal profético do juízo de Jerusalém

  • Ezequiel realiza um ato profético marcante ao raspar a cabeça e a barba com uma espada afiada e dividir o cabelo usando uma balança. As três porções iguais representam os destinos dos habitantes de Jerusalém: um terço morreria de fome e peste dentro da cidade sitiada, um terço cairia à espada ao redor dela, e um terço seria disperso entre as nações.Fontes: o próprio texto bíblico
  • A passagem descreve Jerusalém como situada no centro das nações, cercada por outros países. O severo julgamento sobre ela é atribuído à rebelião contra as leis divinas de maneira mais grave do que a dos povos vizinhos.Fontes: Jerusalem · o próprio texto bíblico

Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.

Lugares deste capítulo

  • Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículos 2, 5, 8, 10, 16

Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Fale com a gente

Conte de onde você lê, como a Bíblia tem te ajudado ou o que podemos melhorar. Lemos todas as mensagens.