Ezequiel 38
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.
Nyagblɔɖi ɖe Gog ŋu
1Yehowa ƒe nya va nam be, 2“Ame vi, trɔ wò mo ɖe Gog ŋu, ɖe Magognyigba, ame si nye amegã le Mesek kple Tubal ŋu, nàgblɔ nya ɖi ɖe eŋu, 3eye nàgblɔ be, ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Metso ɖe ŋuwò, O! Gog, wò si nye amegã le Mesek kple Tubal. 4Matrɔ wò to eme, maƒo ga ɖe wò glãƒuwo me, eye mahe wò ado goe kple wò aʋakɔ blibo la, wò sɔwo, wò sɔdolawo, ame siwo bla akpa kple ameha gã, ame siwo kpla akpoxɔnu gãwo kple ɖagbiwo, wo katã woanɔ woƒe yiwo nyem le yame. 5Persia, Kus kple Put akpe ɖe wo ŋu, wo katã woakpla akpoxɔnuwo, eye woaɖɔ gakukuwo, 6Gomer hã kple eƒe aʋawɔlawo katã kple Bet Togarma tso keke anyiehe ke kple eƒe aʋawɔlawo katã, dukɔ geɖewo akpe ɖe ŋuwò.”
7“Nɔ klalo, nàdzra ɖo, wò kple ameha gã siwo ƒo ƒu ɖe ŋuwò, eye nànɔ wo nu. 8Le ŋkeke geɖewo megbe la, woabia tso asiwò be, nàbla akpa hena aʋawɔwɔ. Le ƒe siwo gbɔna me la, àho aʋa ɖe anyigba aɖe si vo tso aʋawɔwɔ me la ŋu, woƒo eƒe amewo nu ƒu tso dukɔ geɖewo me ɖe Israel ƒe to siwo nye gbegbe ɣeyiɣi didi aɖe la dzi. Woɖe wo tso dukɔwo me, eye azɔ la, wo katã wole dedie. 9Wò kple wò aʋawɔlawo katã kple dukɔ geɖe siwo le dziwò la, miaɖe zɔ abe ahomya ene; mianɔ abe lilikpo ene atsyɔ anyigba la dzi.”
10Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: “Le ŋkeke ma dzi la, susuwo aɖo ta me na wò, eye nàwɔ ɖoɖo vɔ̃ aɖe.” 11Àgblɔ be, “Maho aʋa ɖe du sue siwo womeglã o la ŋuti. Madze ame siwo nye ŋutifafamewo, eye womele mɔkpɔkpɔ me o la dzi; wo katã mele glikpɔwo me o, eye agbowo kple gametiwo mele wo nu o. 12Maha wo, eye makɔ nye asi dzi ɖe du siwo gbã, eye wogbugbɔ wo tu kple ame siwo nu woƒo ƒui tso dukɔwo me, ame siwo si lãwo kple nunɔamesiwo le, eye wole anyigba la titina la ŋu.” 13Seba kple Dedan kple Tarsis ƒe asitsalawo kple eƒe kɔƒewo me nɔlawo katã woagblɔ na wò be, “Ɖe nèva be yeaha mía? Ɖe nèkplɔ wò amewo vɛ be woaha mí, woatsɔ klosalo kple sika kple kesinɔnuwo kple afunyinuwo adzoea?”
14Eya ta Ame vi, gblɔ nya ɖi, eye nàgblɔ na Gog be, ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Gbe ma gbe ne nye amewo, Israelviwo ɖe dzi ɖi le dedinɔnɔ me la, màde dzesii oa? 15Àva tso wò nɔƒe le anyiehe ƒe didiƒe, wò kple dukɔ geɖe siwo akpe ɖe ŋuwò, wo katã woanɔ sɔwo dzi, ameha gã aɖe kple aʋakɔ dranyi aɖe. 16Àlu ɖe nye dukɔ, Israel, dzi abe lilikpo si atsyɔ anyigba la dzi ene. Le ŋkeke siwo gbɔna me la, O! Gog, mana nàtso ɖe nye anyigba ŋu, ale be dukɔwo adze sim ne mefia ɖokuinye kɔkɔe to dziwò le woƒe ŋkume.
17“Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Menye wòe nye ame si ŋu meƒo nu tsoe le ŋkeke siwo va yi me to nye dɔlawo, Israel ƒe nyagblɔɖilawo dzi oa? Le ɣe ma ɣi me la, wogblɔ nya ɖi ƒe geɖewo be mana nàtso ɖe wo ŋu. 18Nu siae adzɔ gbe ma gbe. Ne Gog ho aʋa ɖe Israelnyigba ŋu la, mado dziku helĩhelĩ; Aƒetɔ Yehowae gblɔe. 19Le nye ŋuʋaʋã kple dɔmedzoe helĩhelĩ me la, megblɔ be, le ɣe ma ɣi me la, anyigbaʋuʋu sesẽ aɖe anɔ Israelnyigba dzi. 20Ƒumelãwo, dziƒoxeviwo, gbemelãwo, nu gbagbe ɖe sia ɖe si tana le anyigba, eye ame siwo katã le anyigba dzi la adzo nyanyanya le nye ŋkume. Towo atrɔ abu, agakpewo atu wɔ, eye gli ɖe sia ɖe amu. 21Mana yi natso ɖe Gog ŋu le nye toawo katã dzi. Aƒetɔ Yehowae gblɔe. Ame sia ame atsɔ yi ɖe nɔvia ŋu. 22Madrɔ̃ ʋɔnui kple dɔvɔ̃ kple ʋukɔkɔɖi. Makɔ tsidzadza, tsikpe kple aŋɔ xɔdzo ɖe eya kple eƒe aʋakɔ kple dukɔ geɖe siwo le edzi la dzi. 23Ale maɖe nye gãnyenye kple kɔkɔenyenye afia, eye mana woanyam le dukɔ geɖewo me. Ekema woanya be, nyee nye Yehowa.”

Você sabia?
Gogue e a Coalizão contra Israel
- Muitas das nações mencionadas nesta profecia — incluindo Magogue, Meseque, Tubal e Gômer — remontam aos descendentes de Jafé em Gênesis 10. Escritores posteriores, como o pai latino da igreja Jerônimo, identificaram Magogue com tribos citas ferozes que habitavam as regiões ao norte do Cáucaso e do Mar Cáspio.Fontes: Magog · Meshech · Gomer (son of Japheth) · o próprio texto bíblico
- A coalizão reunida sob Gogue inclui povos de extremos opostos do mundo antigo. Ao lado das tribos do norte estão a Pérsia, a leste, e Cuxe, ao extremo sul, representando as regiões ao sul do Egito.Fontes: Persia · Cush · o próprio texto bíblico
Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.
Lugares deste capítulo
- Meshech · Hoje: about 200 km around Gordion · 39.655, 31.994 · versículos 2, 3
- Tubal · Hoje: Tabal · 37.296, 36.254 · versículos 2, 3
- Cush · Hoje: Cush 1 · 16.935, 33.751 · versículo 5
- Persia · 34.806, 48.516 · versículo 5
- Gomer · Hoje: Asia Minor · 39.000, 32.000 · versículo 6
- Sheba · 15.348, 44.206 · versículo 13
Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org