Ezequiel 33
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.
Hezekiel, gbetakpɔla la
1Yehowa ƒe gbe va nam be, 2“Ame vi, ƒo nu na wò dukɔmetɔwo, eye nàgblɔ na wo be ne metsɔ yi ɖe dukɔ aɖe ŋu, eye dukɔa me tɔwo tia wo dometɔ ɖeka wòzu gbetakplɔla, 3eye wòkpɔ yi la wògbɔna ɖe dukɔ la ŋu, ne eku kpẽ be yeaxlɔ̃ nu eƒe amewo la, 4ekema ne ame aɖe se kpẽ la, gake melé fɔ ɖe nuxlɔ̃ame la ŋu o, eye yi la va wui la, eƒe ʋu anɔ eya ŋutɔ ƒe ta dzi. 5Esi wòse kpẽ la ƒe ɖiɖi, gake mewɔ nuxlɔ̃ame la dzi o ta la, eƒe ʋu anɔ eya ŋutɔ ƒe ta dzi. Nenye ɖe wòwɔ ɖe nuxlɔ̃ame la dzi la, anye ne eɖe eɖokui. 6Ke ne gbetakpɔla la kpɔ yi la wògbɔna, eye meku kpẽ la be yeaɖo afɔ afɔta na ameawo o, eye yi la va wu wo dometɔ ɖeka la, woakplɔ ame la adzoe le eƒe nu vɔ̃ ta, gake mana gbetakpɔla la nana akɔnta le eƒe ʋu ŋuti.
7“Ame vi, mewɔ wò gbetakpɔla na Israel ƒe aƒe la, eya ta se nya si magblɔ la, eye nàna nuxɔxlɔ̃ wo tso gbɔnye. 8Ne megblɔ na ame vɔ̃ɖi la be, ‘O ame vɔ̃ɖi, èle kuku ge godoo,’ eye ne mègbe nɛ be wòaɖe asi le eƒe mɔ vɔ̃wo ŋu o la, ame vɔ̃ɖi ma aku ɖe eƒe nu vɔ̃ ta, eye mana nàna akɔnta le eƒe ʋu ŋu. 9Ke ne ègblɔ na ame vɔ̃ɖi la be wòaɖe asi le eƒe mɔ vɔ̃wo ŋu, eye wògbe la, aku ɖe eƒe nu vɔ̃ ta, ke wò ya la, àɖe ɖokuiwò.
10“Ame vi, gblɔ na Israel ƒe aƒe la be nya si gblɔm mele enye, ‘Míaƒe dzidadawo kple míaƒe nu vɔ̃wo zu agba na mí, eye wona míele tsɔtsrɔ̃m le wo ta. Ekema aleke míate ŋu anɔ agbee?’ 11Gblɔ na wo be Aƒetɔ Yehowa be, ‘Meta ɖokuinye ƒe agbe be, ame vɔ̃ɖi ƒe ku medoa dzidzɔ nam o, ke boŋ medina be woaɖe asi le woƒe mɔ vɔ̃wo ŋu, eye woanɔ agbe. Mitrɔ dzi me! Miɖe asi le miaƒe mɔ vɔ̃wo ŋu! Nu ka ta miaku, O! Israel ƒe aƒe?’
12“Eya ta Ame vi, gblɔ na wò dukɔmetɔwo be, ‘Ame dzɔdzɔe ƒe dzɔdzɔenyenye maɖee, ne egbe toɖoɖo o, eye ame vɔ̃ɖi ƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi mana wòaku, ne etrɔ dzi me o. Ne ame dzɔdzɔe wɔ nu vɔ̃ la, womaɖe mɔ nɛ be wòanɔ agbe le eƒe tsã ƒe dzɔdzɔenyenye ta o.’ 13Ne megblɔ na ame dzɔdzɔe la be aku godoo, ke wòɖo ŋu ɖe eƒe dzɔdzɔenyenye ŋu, eye wòwɔ nu vɔ̃ la, womaɖo ŋku nu dzɔdzɔe siwo wòwɔ va yi la dometɔ aɖeke dzi o; aku le nu vɔ̃ si wòwɔ la ta. 14Eye ne megblɔ na ame vɔ̃ɖi la be, ‘Èle kuku ge godoo’ ke wòɖe asi le eƒe nu vɔ̃ ŋu, eye wòwɔ nu si dzɔ, eye wònyo, 15ne egbugbɔ awɔbanu na nutɔ, ɖo nu si wòfi teƒe, eye wòwɔ nu si naa agbe, eye mewɔ nu vɔ̃ aɖeke o la, anɔ agbe kokoko, maku o. 16Womaɖo ŋku eƒe nu vɔ̃ siwo wòwɔ la dometɔ aɖeke dzi nɛ o. Ewɔ nu si dzɔ, eye wòle eteƒe; anɔ agbe kokoko.
17“Ke wò dukɔmetɔwo gblɔna be, ‘Aƒetɔ la ƒe mɔ mele eteƒe o,’ le esime wònye woawo boŋ ƒe mɔe mele eteƒe o. 18Ne ame dzɔdzɔe aɖe ɖe asi le eƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔ ŋuti, eye wòwɔ nu vɔ̃ la, aku ɖe eƒe nu vɔ̃ ta. 19Nenema ke ne ame vɔ̃ɖi aɖe ɖe asi le eƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi ŋuti, eye wòwɔ nu si dzɔ, eye wòle eteƒe la, anɔ agbe to nu sia wɔwɔ me. 20Ke, O! Israel ƒe aƒe, ègblɔna be, ‘Aƒetɔ la ƒe mɔ mele eteƒe o.’ Ke madrɔ̃ ʋɔnu mia dometɔ ɖe sia ɖe, ɖe eya ŋutɔ ƒe zɔzɔme nu.”
Woɖe Yerusalem ƒe gbegblẽ gɔme
21Le míaƒe aboyomenɔnɔ ƒe ƒe wuievelia ƒe ŋkeke atɔ̃lia gbe la, ŋutsu aɖe si si tso Yerusalem la va tum, eye wògblɔ nam be, “Wogbã du la!” 22Azɔ la, fiẽ si do ŋgɔ na ŋutsu la ƒe vava la, Yehowa ƒe asi nɔ dzinye, eʋu nye nu hafi ŋutsu la va gbɔnye le ŋdi me. Ale nye nu ʋu, eye nyemegazi ɖoɖoe o.
23Eye Yehowa ƒe gbe va nam be, 24“Ame vi, ame siwo le du gbagbã mawo me le Israelnyigba dzi la le gbɔgblɔm be, ‘Ame ɖeka pɛ koe nye Abraham, ke anyigba la nye etɔ. Ke míawo ya, míesɔ gbɔ. Eme kɔ ƒãa be míawoe wotsɔ anyigba la na be wòanye mía tɔ.’ 25Eya ta gblɔ na wo be, aleae Aƒetɔ Yehowa gblɔ. ‘Esi mieɖua lã si me ʋu gale, miekpɔa miaƒe legbawo dzi ɖa, eye miekɔa ʋu ɖi la, ekema ɖe anyigba la anye mia tɔa? 26Mieɖoa ŋu ɖe miaƒe yi ŋu, miewɔa ŋunyɔnuwo, eye mia dometɔ ɖe sia ɖe gblẽ kɔ ɖo na nɔvia srɔ̃. Ekema ɖe anyigba la anye mia tɔa?’ ”
27Gblɔ na wo be, alea Aƒetɔ Yehowa gblɔ. “Meta ɖokuinye ƒe agbe be, ame siwo susɔ ɖe du gbagbãwo me la atsi yi nu; matsɔ ame siwo le gbedzi la ade asi na lã wɔadãwo woavuvu wo, eye ame siwo le mɔ sesẽwo me kple agadowo me la, dɔvɔ̃ awu wo. 28Mana anyigba la nazu aƒedo kple gbegbe, eye eƒe ŋusẽ si ŋu wòƒoa adegbe le la nu atso. Israel ƒe towo atsi ƒuƒlu ale be ame aɖeke magate ŋu ato wo dzi ayi o. 29Ekema woanya be, nyee nye Yehowa, ne mena anyigba la zu aƒedo kple gbegbe le ŋunyɔnu siwo katã wowɔ la ta.
30“Ke wò ya la, Ame vi, wò dukɔmetɔwo le nu ƒom le ŋuwò le gliwo ŋu kple le woƒe aƒetɔ ƒe ʋɔtruwo nu. Wole gbɔgblɔm na wo nɔewo be, ‘Miva se gbedeasi si tso Yehowa gbɔ.’ 31Nye amewo vaa gbɔwò abe ale si wowɔna ɖaa ene, wonɔa anyi ɖe ŋgɔwò be yewoase wò nyawo, gake womewɔa wò nyawo dzi o. Wofiaa nyadziwɔwɔ kple woƒe nuyiwo, ke woƒe dzi klẽa ŋu ɖe viɖe ƒoɖiwo ŋu. 32Le nyateƒe me la, le wo gbɔ la, mènye naneke wu ame si tsɔa gbe vivi dzia lɔlɔ̃hawo, eye nèƒoa haƒonu aɖe nyuie ale be woase wò nyawo, ke womewɔa wo dzi o.
33“Ne nu siawo katã va eme, eye woava eme hã la, ekema woanya be nyagblɔɖila aɖe nɔ yewo dome.”

Você sabia?
O Atalaia e a Queda de Jerusalém
- Nos tempos antigos, um atalaia posicionado sobre a muralha da cidade tinha o dever de tocar o chifre de carneiro para alertar os moradores sobre a aproximação de um inimigo. Ezequiel foi constituído como um atalaia espiritual para Israel, encarregado de advertir o povo para que cada indivíduo prestasse contas pessoalmente a Deus por suas ações.Fontes: o próprio texto bíblico
- No décimo segundo ano do exílio babilônico, um fugitivo chegou de Jerusalém com a notícia de que a cidade havia caído. Na véspera da chegada do mensageiro, Deus pôs fim à mudez de Ezequiel, permitindo-lhe falar abertamente outra vez à comunidade de exilados.Fontes: o próprio texto bíblico · Jerusalem
- Os sobreviventes que viviam entre as ruínas na terra de Israel reivindicavam a posse da terra citando Abraão, argumentando que se um único homem a herdou, eles, sendo muitos, certamente a possuiriam. Ezequiel respondeu que a idolatria contínua, o derramamento de sangue e a injustiça os desqualificavam para habitar nela.Fontes: o próprio texto bíblico · Abraham
Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.
Lugares deste capítulo
- Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículo 21
Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org