Nations Bible

Ezequiel 3

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.

1Eye wògblɔ nam be, “Ame vi, ɖu nu si le wò ŋkume, ɖu agbalẽ sia, eye nàɖaƒo nu na Israel ƒe aƒe la.” 2Ale meke nye nu me, eye wòtsɔ agbalẽ la nam be maɖu.

3Eye wògblɔ nam be, “Ame vi, ɖu agbalẽ si mele tsɔtsɔm na wò, eye nàtsɔe ayɔ wò dɔgbo.” Ale meɖui, eye wòvivi le nye nu me abe anyitsi ene.

4Emegbe la, egblɔ nam be, “Ame vi, azɔ la, yi Israel ƒe aƒe la me, eye nàgblɔ nye nya na wo. 5Nyemele ɖowòm ɖe ame siwo ƒe nuƒoƒo me mekɔ o, eye woƒe gbegbɔgblɔ sesẽ la gbɔ o, ke boŋ mele ɖowòm ɖe Israel ƒe aƒe me, 6menye ɖe ame geɖewo, ame siwo ƒe nuƒoƒo me mekɔ, woƒe gbegbɔgblɔ sesẽ, eye màte ŋu ase woƒe nyawo gɔme la gbɔ o. Eme kɔ ƒãa be nenye woawo gbɔe meɖo wò ɖo la, woaɖo to wò. 7Ke Israel ƒe aƒe la mele lɔlɔ̃m be yeaɖo to wò o, elabena womele lɔlɔ̃m be woaɖo tom o, elabena Israel ƒe aƒemetɔwo katã nye tosẽlawo kple kɔlialiatɔwo. 8Ke mawɔ wò màna ta o, wò ŋkume asẽ, eye màna ta o abe woawo ke ene. 9Mawɔ wò ŋgonu wòasẽ wu agakpe, eye wòasẽ wu gayibɔ. Mègavɔ̃ wo alo nàna woado ŋɔdzi na wò o, togbɔ be wotso ƒome dzeaglã me hã.”

10Eye wògblɔ nam be, “Ame vi, ɖo to nyuie, eye nàlé nya siwo katã megblɔ na wò la me ɖe dzi me. 11Yi mia detɔ siwo le aboyo me la gbɔ, eye nàƒo nu na wo. Gblɔ na wo be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi,’ ne wosee loo alo wogbe esese.”

12Mese hoowɔwɔ sesẽ aɖe ƒe ɖiɖi le megbenye be, “Woakafu Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe le eƒe nɔƒe kɔkɔe la.” 13Nu gbagbeawo ƒe aʋalawo ƒe lili ɖe wo nɔewo ŋu ƒe ɖiɖi kple tasiaɖam ƒe afɔwo ƒe ɖiɖi sesĩe le wo xa. 14Gbɔgbɔ la kɔm do ɖe dzi, eye wòkɔm dzoe. Meyi le vevesese kple dzikudodo ɖe Gbɔgbɔ la ŋuti me, eye Yehowa ƒe asi sesẽ la nɔ dzinye 15Meva ɖo aboyome siwo nɔ Tel Aviv, afi si te ɖe Kebar Tɔsisi la ŋu la gbɔ. Le afi ma, afi si wonɔ la, menɔ anyi ɖe wo dome ŋkeke adre, eye gbɔgblɔ bu ɖem.

Mawu ɖo Hezekiel Israel ƒe aƒeŋudzɔla

16Le ŋkeke adreawo ƒe nuwuwu la, Yehowa ƒe nya va nam be, 17“Ame vi, mewɔ wò gbetakpɔla na Israel ƒe aƒe la, eya ta se nya si magblɔ la, eye nàna nuxɔxlɔ̃ wo tso gbɔnye. 18Ne megblɔ na ame vɔ̃ɖi aɖe be, ‘Èle kuku ge godoo,’ eye mèxlɔ̃ nui alo ƒo nu kplii hena wòɖe asi le eƒe mɔ vɔ̃ɖi ŋu, ale be wòaɖe eƒe agbe o la, ame vɔ̃ɖi ma aku le eƒe nu vɔ̃ ta, eye mabia eƒe ʋu ƒe akɔnta tso asiwò me. 19Ke ne èxlɔ̃ nu ame vɔ̃ɖi la, gake meɖe asi le eƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi ŋu alo trɔ le eƒe mɔ vɔ̃wo dzi o la, ekema aku le eƒe nu vɔ̃ ta, ke wò la, èɖe ɖokuiwò.

20“Nenema ke, ne ame dzɔdzɔe aɖe ɖe asi le eƒe dzɔdzɔenyenye ŋu hewɔ nu vɔ̃, eye meda nu si wòakli ɖe mɔ me nɛ la, aku. Esi mèxlɔ̃ nui o ta la, aku le eƒe nu vɔ̃ ta. Womagaɖo ŋku nu dzɔdzɔe siwo wòwɔ la dzi o, eye mabia eƒe ʋu tso asiwò me. 21Ke ne èxlɔ̃ nu ame dzɔdzɔe la be, megawɔ nu vɔ̃ o, eye mewɔ nu vɔ̃ o la, ekema anɔ agbe, elabena ese nuxɔxlɔ̃ eye àɖe ɖokuiwò.”

22Yehowa ƒe asi nɔ dzinye le afi ma, eye wògblɔ nam be, “Tsi tsitre, nàyi bali la me, eye maƒo nu na wò le afi ma.” 23Ale metsi tsitre, eye meyi bali la me. Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe nɔ tsitre ɖe afi ma abe ŋutikɔkɔe si mekpɔ le Kebar Tɔsisi la to ene, eye metsyɔ mo anyi.

24Gbɔgbɔ la ge ɖe menye, eye wòna metso ɖe tsitrenu. Eƒo nu nam gblɔ be, “Yi, nàtu ɖokuiwo ɖe wò aƒe me. 25Ame vi, woabla wò kple ka, woabla wò ale be màte ŋu ado, age ɖe ameawo dome o. 26Mana wò aɖe nalé ɖe wò aŋɔ ŋu le wò nu me ale be nàzu aɖetututɔ, eye màte ŋu aka mo na wo o, togbɔ be wonye ame dzeaglãwo hã. 27Ke ne meƒo nu na wò la, maʋu nu na wò, eye nàgblɔ na ameawo be, ‘Esiae nye nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔ.’ Ame sia ame si aɖo toe la, neɖo toe, eye ame sia ame si agbe toɖoɖoe la, negbe, elabena ƒome dzeaglãwo wonye.”

Ilustração artística — interpretação, não registro histórico.

Você sabia?

O comissionamento de Ezequiel e os exilados em Tel-Abibe

  • Tel-Abibe, onde Ezequiel morava entre os cativos judeus, era um povoado situado junto ao rio Quebar, na Babilônia. Muitos estudiosos identificam o Quebar não como um rio natural, mas como uma grande rede de canais babilônicos, como o canal real da Mesopotâmia.Fontes: Chebar · Tel-abib · o próprio texto bíblico
  • Nas cidades antigas, a sentinela ficava posicionada sobre as muralhas para vigiar o horizonte e avisar os moradores sobre perigos iminentes. Deus utilizou essa função como metáfora para o dever profético de Ezequiel, responsabilizando-o caso não transmitisse o aviso aos ímpios.Fontes: o próprio texto bíblico
  • Antes de falar aos seus compatriotas exilados, Ezequiel comeu um rolo com mensagens divinas, que era doce como mel em sua boca, e permaneceu atônito entre eles durante sete dias.Fontes: o próprio texto bíblico

Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.

Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Fale com a gente

Conte de onde você lê, como a Bíblia tem te ajudado ou o que podemos melhorar. Lemos todas as mensagens.