Nations Bible

Ezequiel 29

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.

Nyagblɔɖi ɖe Egipte ŋu

1Le ƒe ewolia ƒe ɣleti ewolia me, le ŋkeke wuievelia gbe la, Yehowa ƒe nya va nam be, 2“Ame vi, trɔ mo ɖe Farao, Egipte fia ŋu, eye nàgblɔ nya ɖi ɖe eya kple Egipte katã ŋu. 3Gblɔ nɛ be, ‘Alea Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi:

“ ‘Metso ɖe ŋuwò, Farao, Egipte fia,

wò lã gã wɔadã le wò tɔsisiwo me.

Egblɔna be, “Nil tɔsisi la nye tɔnye.

Nyee wɔe na ɖokuinye.”

4Matsɔ ƒu aƒo ɖe wò glã me,

eye mana wò tɔwo me lãwo nalé ɖe wò tsro ŋu,

mahe wò ado goe le wò tɔsisiwo me

kple tɔmelã siwo katã lé ɖe wò tsrokpa ŋuti.

5Magblẽ wò ɖe gbegbe,

wò kple wò tɔwo me lãwo katã;

àdze gbadzaƒe dzi,

womafɔ wò alo atsɔ wò o.

Mawɔ wò nàzu nuɖuɖu na gbemelãwo kple dziƒoxeviwo.

6Ekema ame siwo katã le Egipte la anya be, nyee nye Yehowa.

“ ‘Ènye aƒlati na Israel ƒe aƒe la. 7Esi wolé wò kple asi la, èŋe woƒe abɔta, eye esi woziɔ ɖe ŋuwò la, èŋee heƒo ɖe woƒe dzime.

8“ ‘Eya ta ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: “Mahe yi aɖe ɖe ŋuwò, wòawu wò amewo kple woƒe lãwo. 9Egipte azu aƒedo kple gbegbe. Ekema woanya be nyee nye Yehowa.”

“ ‘Esi nègblɔ be, “Nil tɔsisi la nye tɔnye, nyee wɔe” ta la, 10metso ɖe wò kple wò tɔsisiwo ŋu, eye mana Egiptenyigba nazu aƒedo kple gbegbe tso Migdol va se ɖe Aswan, va do ɖe keke Kus ƒe liƒowo dzi. 11Amegbetɔ alo lã aɖeke ƒe afɔ magato edzi o. Ame aɖeke maganɔ afi ma o ƒe blaene sɔŋ. 12Mana Egiptenyigba nazu aƒedo le anyigba siwo wògblẽ la dome, eye eƒe duwo azu aƒedo ƒe blaene le du siwo wogbã la dome. Makaka Egiptetɔwo ɖe dukɔwo dome, akaka wo, ahlẽ ɖe anyigbawo dzi.

13“ ‘Ke ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si. “Le ƒe blaene ƒe nuwuwu la, maƒo ƒu Egiptetɔwo tso dukɔ siwo me wokaka wo ɖo la me. 14Magbugbɔ wo tso aboyome ava Egipte ƒe Dzigbeme, wo tɔgbuiwo ƒe anyigba dzi, eye woanye fiaɖuƒe sue aɖe le afi ma. 15Anye fiaɖuƒe gblɔetɔ le fiaɖuƒewo dome, eye magado eɖokui ɖe dzi wu fiaɖuƒe bubuawo o. Mana wòagbɔdzɔ ale gbegbe be, magaɖu dukɔ bubuwo dzi azɔ o. 16Egipte maganye dukɔ si ŋu Israelviwo naɖo dzi ɖo o, ke boŋ ana woaɖo ŋku woƒe nu vɔ̃ si na wotrɔ ɖe eŋu hebia kpekpeɖeŋu la dzi. Ekema woanya be nyee nye Aƒetɔ Yehowa.” ’ ”

17Le ƒe blaeve-vɔ-adrelia ƒe ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke gbãtɔ gbe la, Yehowa ƒe nya va nam be, 18“Ame vi, Nebukadnezar, Babilonia fia, ho aʋa kple eƒe dukɔ ɖe Tiro ŋu; tawo katã bebe, eye abɔtawo katã ɖe bo. Ke eya kple eƒe aʋakɔ mekpɔ fetu aɖeke tso aʋahoho ɖe Tiro ŋu me o. 19Eya ta ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ, ‘Matsɔ Egipte ana Nebukadnezar, Babilonia fia, eye wòalɔ eƒe kesinɔnuwo adzoe. Aha nuwo le anyigba la dzi atsɔ axe fee na eƒe aʋawɔlawo. 20Metsɔ Egipte nɛ abe fetu ene le eƒe agbagbadzedze ta, elabena nyee eya kple eƒe aʋakɔ wɔ dɔ la na.’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe.

21“Le ŋkeke ma dzi la, ŋusẽ aɖo Israel ƒe aƒe ŋu, eye maʋu wò nu na wò le wo dome. Ekema woanya be nyee nye Yehowa.”

Ilustração artística — interpretação, não registro histórico.

Você sabia?

Profecias contra o Egito e o Faraó

  • A expressão "desde Migdol até Sevene" abrangia toda a extensão territorial do Egito, partindo da cidade fortificada de Migdol no nordeste até Sevene (atual Assuã) na fronteira sul com Cuxe.Fontes: Migdol · Syene · Cush · o próprio texto bíblico
  • O capítulo faz referência ao prolongado esforço militar realizado por Nabucodonosor, rei da Babilônia, contra a cidade de Tiro, profetizando que seu exército tomaria as riquezas do Egito como pagamento por seu trabalho.Fontes: Nebuchadnezzar · o próprio texto bíblico

Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.

Lugares deste capítulo

  • Egypt · 30.129, 31.308 · versículos 2, 3, 6, 8, 9, 10, 12, 13, 14, 15, 16, 19, 20
  • Nile · Hoje: Nile River · 31.465, 30.367 · versículos 3, 4, 5, 9, 10
  • Cush · Hoje: Cush 1 · 16.935, 33.751 · versículo 10
  • Syene · Hoje: Aswan · 24.089, 32.900 · versículo 10
  • Pathros · Hoje: Upper Egypt · 24.100, 32.700 · versículo 14
  • Babylon · 32.543, 44.422 · versículos 18, 19
  • Tyre · 33.271, 35.196 · versículos 18, 20

Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Fale com a gente

Conte de onde você lê, como a Bíblia tem te ajudado ou o que podemos melhorar. Lemos todas as mensagens.