Ezequiel 24
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.
Nuɖaze la
1Le ƒe asiekelia ƒe ɣleti ewolia ƒe ŋkeke ewolia gbe la, Yehowa ƒe nya va nam be, 2“Ame vi, ŋlɔ ŋkeke sia, ŋkeke sia tututu da ɖi, elabena Babilonia fia ɖe to ɖe Yerusalem le ŋkeke sia tututu dzi. 3Do lo aɖe na ƒome dzeaglã la me tɔwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si.’
“Tsɔ nuɖaze la ɖo dzo dzi,
tsɔe ɖo dzo dzi, eye nàku tsi ɖe eme.
4Tsɔ lã la de ze la me.
Tsɔ eƒe akpa xɔasitɔwo,
lãkɔ nyuitɔwo katã kpe ɖe ata kple abɔgba ŋuti.
Na be ze la nayɔ fũu kple lã la ƒe akpa siawo ƒe ƒu nyuitɔwo.
5Tsɔ wò lã nyuitɔ tso lãha la me,
eye nàde nake ete hena ƒuawo ɖaɖa.
Na tsi la nafie, eye nàɖa ƒuawo le eme.
6“Elabena aleae Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si.
“Babaa na hlɔ̃dodu la,
babaa na nuɖaze si lé ɣebia,
eye ɣebialéle maɖe ɖa le eŋu o!
Ɖe lãkɔawo ɖeka ɖeka le ze la me,
gake mègadzidze nu ɖe wo dzi o.
7“Elabena ʋu si wòkɔ ɖi la le edome.
Ekɔe ɖe agakpe ƒuƒlu dzi,
mekɔe ɖe anyigba dzi,
afi si ʋuʋudedi atsyɔ edzi le o.
8Be nye dziku nafla, eye mabia hlɔ̃ ta la,
mekɔ eƒe ʋu ɖe agakpe ƒuƒlu dzi,
ale be ʋuʋudedi matsyɔ edzi o.
9“Eya ta ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si,
“Babaa na du si me ʋukɔkɔɖi le.
Nye hã mali kɔ nake wòakɔ.
10Eya ta fɔ nake da ɖe nakekɔ la dzi, eye nàdo dzo.
Ɖa lã la nyuie, nàde detsiƒonu ʋeʋĩwo eme,
eye nàna ƒuawo nafia.
11Ekema nàtsɔ ze ƒuƒlu la da ɖe dzokawo dzi va se ɖe
esime wòaxɔ dzo nyuie, eye eƒe akɔbli naklẽ,
ale be eƒe nu makɔmakɔwo nalolo, eye etenuwo nafia.
12Ena agbagbadzedzewo katã zu dzodzro;
womeɖe nu siwo ɖo aƒa titri ɖe ete la ɖa kple dzo gɔ̃ hã o.
13“ ‘Azɔ la, wò nu makɔmakɔe nye ŋukpenanuwɔwɔ. Esi medze agbagba be makɔ ŋuwò, ke esi mèna be woakɔ ŋuwò le wò makɔmakɔnyenye me o ta la, màgakɔ azɔ o va se ɖe esime nye dɔmedzoe helĩhelĩ ɖe ŋuwò nu nabɔbɔ.
14“ ‘Nye Yehowae ƒo nu. Ɣeyiɣi la ɖo be mawɔ edzi. Nyematɔ o, eye nyemakpɔ nublanui loo alo adzudzɔ nu si meɖo la wɔwɔ o. Woadrɔ̃ ʋɔnu wò le wò nɔnɔme kple wɔnawo nu. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.’ ”
Hezekiel srɔ̃ ku
15Yehowa ƒe nya va nam be, 16“Ame vi, mele nu si doa dzidzɔ na wò ŋkuwo la ɖe ge ɖa kpata. Ke mègafa konyi alo afa avi loo alo ana wò aɖatsi nado o. 17Ɖe hũu ɖɔɖɔɖɔ; mègafa ame kukuwo o. Sa wò tablanu sesĩe, eye nàdo wò tokota; mègatsɔ nu bla wò glã loo alo nàɖu konyifalawo ƒe nuɖuɖu o.”
18Ale meƒo nu na ameawo le ŋdi me, eye le fiẽ me la, srɔ̃nye ku. Esi ŋu ke ŋdi la, mewɔ nu si Yehowa ɖo nam be mawɔ la.
19Ameawo biam be, “Màgblɔ nu si nu siawo awɔ kple mí la na mí oa?”
20Ale megblɔ na wo be, “Yehowa ƒe nya va nam be, 21Gblɔ na Israel ƒe aƒe la be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si. Mele kɔ gblẽ ge ɖo na nye kɔkɔeƒe la, ŋusẽteƒe si dzi miedana ɖo, teƒe si doa dzidzɔ na miaƒe ŋkuwo kple teƒe si mielɔ̃. Viŋutsu kple vinyɔnu siwo miegble ɖi la atsi yinu 22Miawɔ nu si mewɔ. Miatsɔ nu abla glã loo alo aɖu konyifalawo ƒe nuɖuɖu o. 23Mina miaƒe tablanu nanɔ ta na mi, eye miaƒe tokota nanɔ afɔ na mi; miaƒe nu vɔ̃wo ta, eye miaɖe hũu le mia ɖokuiwo dome. 24Hezekiel anye kpɔɖeŋu na mi. Miawɔ nu abe ale si wòwɔ tututu la ene. Ne esia va eme la, mianya be nyee nye Aƒetɔ Yehowa.’
25“Eye wò, Ame vi, gbe si gbe maɖe woƒe sitsoƒe, woƒe dzidzɔ kple ŋutikɔkɔe, nu si nya kpɔna na woƒe ŋkuwo, woƒe dzi ƒe didi, wo viŋutsuwo kple vinyɔnuwo ɖa la, 26gbe ma gbe la, sisila aɖe ava be yeaka nyadzɔdzɔ la ta na wò. 27Ɣe ma ɣi me la, woaʋu nu na wò, wò kple sisila la miaƒo nu, màgazi ɖoɖoe o. Ale ànye kpɔɖeŋu na wo, eye woanya be nyee nye Yehowa.”

Você sabia?
O Cerco de Jerusalém e o Luto de Ezequiel
- Ezequiel recebeu a ordem de registrar a data exata — o décimo dia do décimo mês no nono ano —, pois naquele mesmo dia o rei da Babilônia iniciou o cerco contra Jerusalém.Fontes: o próprio texto bíblico · Ezekiel
- Quando a esposa de Ezequiel faleceu de forma repentina no nono ano de seu exílio, ele foi proibido de seguir os costumes tradicionais de luto, como chorar abertamente, retirar o turbante, andar descalço, cobrir os lábios ou comer o pão dos pranteadores.Fontes: o próprio texto bíblico · Ezekiel · Wife of Ezekiel
- A reação contida do profeta diante de sua perda pessoal serviu como sinal aos exilados, prefigurando o choque e o atordoamento que sentiriam ao receber a notícia da queda de Jerusalém e de seu santuário.Fontes: o próprio texto bíblico · Jerusalem
Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.
Lugares deste capítulo
Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org