Nations Bible

Ezequiel 21

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.

Babilonia, Mawu ƒe tohehe ƒe yi

1Yehowa ƒe nya va nam be, 2“Trɔ wò mo ɖe Yerusalem ŋu, eye nàgblɔ nya atsi tsitre ɖe kɔkɔeƒe la ŋu. Gblɔ nya ɖi ɖe Israelnyigba ŋu, 3eye nàgblɔ nɛ be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: Metsi tsitre ɖe ŋuwò. Maɖe nye yi le eƒe aku me, eye matsrɔ̃ wò ame dzɔdzɔewo kple ame vɔ̃ɖiwo siaa. 4Esi mele ame dzɔdzɔewo kple ame vɔ̃ɖiwo siaa tsrɔ̃ ge le dziwò ta la, nye yi aɖe le aku me ɖe ame sia ame ŋu, tso dziehe yi anyiehe. 5Ekema amewo katã anya be nye Yehowae ɖe nye yi le aku me; magatrɔ yi aku me azɔ o.’

6“Eya ta, nɔ ŋeŋem, Ame vi, ŋe le wo ŋkume kple dzigbagbã kple vevesese helĩhelĩ. 7Eye ne wobia wò be, ‘Nu ka ta nèle ŋeŋem ɖo?’ la, àɖo eŋu be, ‘Le nyadzɔdzɔ si gbɔna la ta. Dzi ɖe sia ɖe alolõ, asi ɖe sia ɖe adze ti, gbɔgbɔ ɖe sia ɖe ayi to, eye klo ɖe sia ɖe agbɔdzɔ abe tsi ene.’ Egbɔna! Ava eme godoo, Aƒetɔ Yehowae gblɔe.”

8Aƒetɔ Yehowa ƒe nya va nam, 9“Ame vi, gblɔ nya ɖi be ‘Nu si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi:

“ ‘Yi, yi, wonyree eye wotutu eŋuti wòle dzo dam.

10Wonyree hena amewuwu

wotutu eŋu be wòada dzo abe dzikedzo ene!

“ ‘Ɖe míatso aseye le vinye Yuda ƒe fiatikplɔ ŋua? Yi doa vlo ati ma tɔgbi ɖe sia ɖe.

11“ ‘Woɖo na yi be woatutu eŋu, woake dzo, woalée ɖe asi,

woanyree, asiae, eye woawɔe wòasu te na amewula la ƒe zazã.

12Do ɣli eye nàfa avi, Ame vi,

elabena egbɔna dzɔdzɔ ge ɖe nye amewo dzi,

ɖe Israel ƒe dziɖulawo katã dzi.

Woda wo kple nye amewo ɖe yinu, eya ta ƒo wò akɔta.

13“ ‘Dodokpɔɣi ava godoo. Ekema nya kae adzɔ ne Yuda ƒe fiatikplɔ, si yi doa vloe la, megayi edzi o? Aƒetɔ Yehowae gblɔe.’

14“Ekema, Ame vi, gblɔ nya ɖi, eye nàƒo asikpe.

Na yi nadze ame dzi zi eve alo zi etɔ̃ gɔ̃ hã.

Amewuyie, yi na ame geɖewo wuwu,

yi si amimi wo ɖo to axa ɖe sia ɖe dzi.

15Ale be dziwo nalolo banaa,

eye ame kukuawo nasɔ gbɔ.

Meda amewuyi la ɖe woƒe agbowo katã nu.

O! Wowɔe be woake dzo abe dzikedzo ene,

wolée na amewuwu.

16O! Yi, lã nu yi ɖusime, emegbe yi miame,

afi sia afi si wo yi la nu trɔ ɖo.

17Nye hã maƒo asikpe, eye nye dziku nu abɔbɔ.

Nye Yehowae gblɔe.”

18Yehowa ƒe nya va nam. 19“Ame vi, de dzesi mɔ eve be Babilonia fia ƒe yi nato; mɔ eve siawo nadze egɔme tso anyigba ɖeka ma ke dzi. Tu mɔfiati aɖe ɖe afi si mɔa dze le ɖo ta du la me. 20De dzesi mɔ ɖeka wòato ayi ɖe Amonitɔwo ƒe Raba ŋu, eye bubu nayi Yuda kple Yerusalem, du si woglã la ŋu, 21elabena Babilonia fia atɔ ɖe mɔdzeƒe la, le mɔ eveawo dzeƒe, be yeaka afa. Aka nu kple aŋutrɔwo, abia gbe eƒe legbawo, eye wòalé ŋku ɖe eƒe aklã ŋuti. 22Nu si adzɔ ɖe Yerusalem dzi la, woatsɔe ade eƒe nuɖusime, afia afi si woatu gligbãnuwo ɖo, woaɖe gbe be woawu amewo woado aʋaɣli, wòatu gligbãnu ɖe agboawo nu, woaƒo kpo, eye woawɔ atsrɔewo ɖe gliawo ŋu. 23Adze abe aʋatsoɖeɖefia ene na ame siwo do ŋugbe be yewoanɔ edzi, ke aɖo ŋku woƒe dzidadawo dzi na wo, eye woaɖe aboyo wo.

24“Eya ta ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si. ‘Esi mi ame siawo mieɖo ŋku miaƒe vodada dzi to miaƒe aglãdzedze me, eye mieɖe miaƒe nu vɔ̃wo fia le nu siwo katã miewɔ me, esi miewɔ esia ta la, woaɖe aboyo mi.’

25“ ‘O! Wò Israel dziɖula vɔ̃ɖi, ame si gblɔa nya tovowo, ame si ƒe ŋkeke de, ame si ƒe ɣeyiɣi na tohehe ɖo eƒe kɔkɔƒe, 26ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si. Ɖe wò tablanu, eye nàɖe wò fiakuku. Maganɔ abe ale si wònɔ tsã la ene o: woado ame tsɛwo ɖe dzi, eye woabɔbɔ amegãwo ɖe anyi. 27Gbegblẽ! Gbegblẽ! Mawɔe wòazu gbegblẽ. Womagbugbɔe aɖo te o va se ɖe esime wòava aɖo ame si tɔ wònye la ƒe asi me; eyae matsɔe ana.’

28“Eye wò, Ame vi, gblɔ nya ɖi be, ‘Alea Yehowa gblɔ tso Amonitɔwo kple woƒe amedzudzuwo ŋue nye esi:

“ ‘Yi, yi, woɖee le aku me na amewuwu,

wotutu eŋu wòle dzo dam

abe dzikedzo ene hena nugbegblẽ.

29Togbɔ be aʋatsoŋutegawo ƒe alakpaɖeɖefiawo le ŋuwò hã la,

woatsɔe ada ɖe kɔ dzi na ame vɔ̃ɖi

siwo wole wuwu ge,

ame siwo ƒe ŋkeke de, eye woƒe tohehe

ƒe ɣeyiɣi ɖo eƒe kɔkɔƒe.

30Tsɔ yi la de eƒe aku me.

Madrɔ̃ ʋɔnu wò le teƒe si wowɔ wò le,

le fofowòwo ƒe anyigba dzi.

31Matrɔ nye dziku akɔ ɖe dziwò,

eye magbɔ nye dɔmedzoe helĩhelĩ

ƒe dzo ƒe ya ɖe ŋuwò.

Matsɔ wò ade asi na ŋutasẽlawo,

ame siwo bi ɖe nu gbegblẽ ƒe aɖaŋu me.

32Ànye nake na dzo,

woakɔ wò ʋu ɖi le wò anyigba dzi,

womagaɖo ŋku dziwò o,

elabena nye Yehowae gblɔe.’ ”

Você sabia?

A Espada Desembainhada e a Adivinhação na Encruzilhada

  • Ezequiel descreve o rei da Babilônia em uma encruzilhada decidindo se atacaria Rabá, a principal cidade dos amonitas a leste do Jordão, ou Jerusalém. Para tomar sua decisão, o rei recorre a três práticas divinatórias antigas: lançar sortes sacudindo flechas, consultar ídolos e examinar o fígado de um animal.Fontes: o próprio texto bíblico · Rabbah
  • O capítulo emprega a imagem poética de uma espada afiada e polida que brilha como um relâmpago para retratar o julgamento iminente. Ezequiel acompanha essa mensagem com ações físicas dramáticas, sendo instruído a gemer amargamente, bater na coxa e bater as palmas das mãos.Fontes: o próprio texto bíblico

Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.

Lugares deste capítulo

  • Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículos 2, 20, 21, 22, 23
  • Babylon · 32.543, 44.422 · versículos 19, 21, 23
  • Ammon · 31.955, 35.934 · versículos 20, 28
  • Rabbah · Hoje: Amman · 31.955, 35.934 · versículos 20, 21

Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Fale com a gente

Conte de onde você lê, como a Bíblia tem te ajudado ou o que podemos melhorar. Lemos todas as mensagens.