Nations Bible

Ezequiel 12

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.

Yuda ƒe aboyomeyiyi ƒe kpɔɖeŋu ɖeɖe fia

1Yehowa ƒe gbe va nam be, 2“Ame vi, èle dukɔ dzeaglã aɖe me. Ŋku li na ameawo be woakpɔ nu, gake womekpɔa nu o, to li na wo be woase nu, gake womesea nu o, elabena wonye aglãdzelawo.

3“Eya ta ame vi, ƒo ƒu wò nuwo hena aboyomeyiyi. Le ŋkeke me, esi ameawo le kpɔwòm la, dze mɔ tso afi si nèle, nàyi teƒe bubu. Ɖewohĩ woase egɔme togbɔ be wonye aglãdzelawo hã. 4Le ŋkeke me la, esime wole kpɔwòm la, ɖe wò nu siwo nètsɔ do agbae na aboyomeyiyi la ɖe go. Ekema le fiẽ me la, esi wole kpɔwòm la, dze mɔ abe ame siwo yina aboyo me ene. 5Esi wole kpɔwòm la, ŋɔ gli la, eye nàtsɔ wò nuwo to gli ŋɔŋɔ la me. 6Tsɔ wo ɖe wò abɔta le woƒe ŋkume, eye nàtsɔ wo adzoe ne blukɔ do. Tsyɔ nu mo ale be màkpɔ anyigba la o, elabena metsɔ wò wɔ dzesii na Israel ƒe aƒe la.”

7Ale mewɔ nu si wòɖo nam. Le ŋkeke me la, metsɔ nye nuwo do agbae na aboyomeyiyi. Le fiẽ me la, meŋɔ gli la kple nye asiwo. Esi blukɔ do la, metsɔ nye nuwo ɖe abɔta, do goe le ameawo ŋkume.

8Le ŋdi me la, Yehowa ƒe nya va nam be, 9“Ame vi, ɖe Israel ƒe aƒe dzeaglã ma me tɔwo mebia wò be, ‘Nu ka wɔm nèle?’ o mahã.

10“Gblɔ na wo be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: gbedeasi sia ku ɖe fiavi si le Yerusalem kple Israel ƒe aƒe blibo la me tɔ siwo le afi ma la ŋu.’ 11Gblɔ na wo be, ‘Dzesie menye na mi.’

“Nu si mewɔ la, nu ma woawɔ na wo. Woalé wo ayi aboyo mee.

12“Fiavi si le wo dome la, atsɔ eƒe nuwo ɖe abɔta adzo ne blukɔ do, eye woaɖe do ɖe gli la me nɛ be wòado to eme. Atsɔ nu atsyɔ eƒe mo ale be mate ŋu akpɔ anyigba la o. 13Maɖo nye ɖɔ nɛ, eye nye mɔ aɖee. Makplɔe ayi Babilonia, le Kaldeatɔwo ƒe anyigba dzi, gake makpɔ anyigba la o, eye wòaku ɖe afi ma. 14Makaka ame siwo katã ƒo xlãe, eŋumewo kple eƒe aʋawɔlawo katã ɖe yawo nu, eye mati wo yome kple yi.

15“Woanya be, nyee nye Yehowa, ne mekaka wo ɖe dukɔwo me kple anyigbawo dzi. 16Ke maɖe wo dometɔ ʋɛ aɖewo tso yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ ƒe asi me, ale be woaɖe gbeƒã woƒe ŋunyɔnuwɔnawo le dukɔ siwo me woayi. Ekema woanya be, nyee nye Yehowa.”

17Yehowa ƒe nya va nam be, 18“Ame vi, nɔ ƒoƒom kpakpakpa ne èle wò abolo ɖum, eye nànɔ dzodzom nyanyanya kple vɔvɔ̃ ne èle wò tsi nom. 19Gblɔ na anyigba la dzi tɔwo be, ‘Esiae nye nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔ tso ame siwo le Yerusalem dua me kple Israel ƒe anyigba dzi la ŋu. Woaɖu woƒe nu le dzimaɖeɖi me, eye woano woƒe tsi le dziɖeleameƒo me, elabena woaɖe nu siwo katã le anyigba la dzi ɖa le ame siwo katã le afi ma la ƒe ŋutasẽnuwo wɔwɔ ta. 20Du siwo me ameawo le la azu aƒedo, eye anyigba la azu gbegbe. Ekema mianya be nyee nye Yehowa.’ ”

21Yehowa ƒe nya va nam be, 22“Ame vi, nu kae nye lododo sia si le mia si le Israel ƒe anyigba dzi be, ‘Ŋkekeawo le yiyim, eye ŋutega ɖe sia ɖe nye dzodzro.’ 23Gblɔ na wo be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Matsi lododo sia nu, eye womagadoe azɔ le Israel o.’ Gblɔ na wo be, ‘Ŋkeke siwo me ŋutega ɖe sia ɖe nava eme la gogo. 24Elabena aʋatsoŋutegawo alo alakpanukaka la, maganɔ anyi le Israelviwo dome o. 25Ke nye Yehowa magblɔ nya si magblɔ, eye wòava eme enumake. Elabena le miaƒe ŋkekewo me la, mana nya sia nya si megblɔ ɖe mi aglãdzelawo ŋu la nava eme; nenemae Aƒetɔ Yehowa gblɔ.’ ”

26Yehowa ƒe nya va nam be, 27“Ame vi, Israel ƒe aƒe la le gbɔgblɔm be, ‘Ŋutega si wòkpɔna la ava eme le ƒe geɖewo megbe, eye wògblɔa nya ɖi tso ɣeyiɣi didi aɖe si gbɔna la ŋu.’

28“Eya ta gblɔ na wo be, Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye, ‘Nye nyawo dometɔ aɖeke magahe ɖe megbe azɔ o. Nya sia nya si megblɔ la ava eme.’ Aƒetɔ Yehowa Ŋusẽkatãtɔ lae gblɔe.”

Ilustração artística — interpretação, não registro histórico.

Você sabia?

Sinais do Exílio e a Certeza do Juízo

  • Ezequiel recebeu a ordem de encenar o exílio iminente como um sinal vivo para a sua comunidade. À vista do povo, ele preparou uma bagagem de exilado, abriu uma passagem na parede com as mãos ao anoitecer e carregou sua carga com o rosto coberto.Fontes: o próprio texto bíblico
  • A encenação representava o destino do príncipe em Jerusalém. A profecia anunciava que ele tentaria fugir por uma brecha no muro, seria apanhado em um laço e levado cativo para a Babilônia, onde morreria sem chegar a ver a terra.Fontes: o próprio texto bíblico · Babylon · Jerusalem
  • O capítulo confronta um provérbio popular entre os israelitas que afirmava que as visões falhavam e que as profecias se referiam apenas a um futuro distante. Em resposta, Ezequiel declarou que o cumprimento desses juízos era iminente e ocorreria na própria geração deles.Fontes: o próprio texto bíblico

Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.

Lugares deste capítulo

  • Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículos 10, 12, 19
  • Babylon · 32.543, 44.422 · versículo 13
  • Chaldea · 30.962, 46.104 · versículo 13

Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Fale com a gente

Conte de onde você lê, como a Bíblia tem te ajudado ou o que podemos melhorar. Lemos todas as mensagens.