Nations Bible

Ezequiel 10

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.

Ŋutikɔkɔe la dzo le gbedoxɔ la me

1Meda ŋku ɖi, eye mekpɔ nu si ɖi fiazikpui si wowɔ kple kpe xɔasi la wònɔ teƒe keke si nɔ kerubiawo tame. 2Yehowa gblɔ na ame si do aklala biɖibiɖi ƒe awu la be, “Yi tasiaɖamfɔti siwo dzi kerubiawo le la dome. Lɔ dzoka xɔxɔ si le kerubiawo dome la ɖe wò asi me, eye nàwui ɖe du la dzi.” Menɔ ekpɔm wòge ɖe eme.

3Azɔ la, kerubiawo nɔ tsitre ɖe gbedoxɔ la ƒe dziehe lɔƒo esi ame la ge ɖe eme, eye lilikpo yɔ xɔxɔnu emetɔ fũu. 4Tete Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ho tso kerubiawo tame, eye wòyi gbedoxɔ la ƒe kpui nu. Lilikpo la yɔ gbedoxɔ la fũu, eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ƒe keklẽ yɔ xɔxɔnu la. 5Woate ŋu ase kerubiawo ƒe aʋalaƒoƒo ƒe ɖiɖi le keke xɔxɔnu egodotɔ ke abe Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe gbe, ne eƒo nu ene.

6Yehowa ɖe gbe na ame si do aklala biɖibiɖi ƒe awu la be, “Ɖe dzo tso tasiaɖamfɔtiawo dome, le kerubiawo dome.” Ŋutsu la yi ɖatsi tsitre ɖe tasiaɖamfɔtiawo dometɔ ɖeka gbɔ. 7Tete kerubiawo dometɔ ɖeka do eƒe asi ɖa te ɖe dzo si le wo dome la ŋu. Eɖe dzo la ƒe ɖe ɖe asi na ame si do aklala biɖibiɖi ƒe awu la. Exɔe eye wodo go. 8Woate ŋu akpɔ nane si ɖi amegbetɔ ƒe asi la le kerubiawo ƒe aʋala te.

9Meda ŋku ɖi, eye mekpɔ tasiaɖamfɔti ene le kerubiawo gbɔ, ɖeka le kerubi ɖe sia ɖe gbɔ, eye tasiaɖamfɔtiawo nɔ dzo dam abe kpe xɔasi ene. 10Wo ame eneawo katã woɖi wo nɔewo; wo dometɔ ɖe sia ɖe nɔ abe tasiaɖamfɔti ɖeka ko wonye ge ɖe nɔvia me ene. 11Ne wole zɔzɔm la, woyia teƒe eneawo dometɔ ɖeka, afi si kerubi la atrɔ mo ɖo. Tasiaɖamfɔtiawo metrɔna to eme hafi dzea kerubi la yome o. Kerubi la yia afi sia afi si wòtrɔ mo ɖo, eye wometrɔna le zɔzɔme o. 12Ŋkuwo nɔ woƒe ŋutilã ƒe akpa sia akpa, woƒe dzime, woƒe asiwo kple woƒe aʋalawo ŋu abe ale si wonɔ tasiaɖamfɔti eneawo hã ŋu ene. 13Mese wonɔ tasiaɖamfɔtiawo yɔm be “yalifɔtiwo.” 14Mo ene nɔ kerubiawo dometɔ ɖe sia ɖe si. Moawo dometɔ ɖeka nye kerubi tɔ, evelia nye ame tɔ, etɔ̃lia nye dzata tɔ eye enelia nye hɔ̃ tɔ.

15Kerubiawo kɔ wo ɖokui dzi. Esiawoe nye nu gbagbe siwo mekpɔ le Kebar Tɔsisi la to. 16Ne kerubiawo ɖe zɔ la, tasiaɖamfɔtiawo nɔa wo xa, eye woawo hã zɔna. Ne kerubiawo keke woƒe aʋala be yewoadzo la tasiaɖamfɔtiawo meɖena ɖa le wo xa o. 17Ne kerubiawo tɔ la, woawo hã wotɔna, eye ne kerubiawo dzo la, woawo hã wodzona kpli wo, elabena nu gbagbeawo ƒe gbɔgbɔ nɔ wo me.

18Tete Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe dzo le gbedoxɔ la ƒe kpui la tame, eye wòtɔ ɖe kerubiawo tame. 19Esi meda ŋku ɖi la, kerubiawo keke woƒe aʋalawo, dzo tso anyigba, eye esi woyina la, tasiaɖamfɔtiawo hã yi kpli wo. Wotɔ ɖe Yehowa ƒe aƒe la ƒe ɣedzeƒegbo la tame, eye Israel ƒe Mawu la ƒe ŋutikɔkɔe nɔ wo tame.

20Esiawoe nye nu gbagbe siwo mekpɔ le Israel ƒe Mawu la te le Kebar tɔsisi la to eye medze sii be, kerubiwo wonye. 21Mo ene kple aʋala ene nɔ ɖe sia ɖe si, eye nu si ɖi ame ƒe asiwo la nɔ woƒe aʋalawo te. 22Woƒe mowo nɔ abe esiwo mekpɔ le Kebar tɔsisi la to ene. Wo dometɔ ɖe sia ɖe yi ŋgɔ tẽe.

Ilustração artística — interpretação, não registro histórico.

Você sabia?

A Glória do Senhor e os Querubins

  • Ezequiel identifica explicitamente os seres alados e as rodas complexas nesta visão do templo com as criaturas vivas que ele havia visto anteriormente junto ao rio Quebar, na Babilônia, onde vivia uma comunidade de exilados judeus.Fontes: o próprio texto bíblico · Chebar
  • Na visão, um homem vestido de linho recebe brasas acesas de dentro do mecanismo das rodas sob os querubins para espalhar sobre a cidade, enquanto a glória do SENHOR se afasta do limiar do templo e se posiciona sobre os querubins junto à porta oriental.Fontes: o próprio texto bíblico

Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.

Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Fale com a gente

Conte de onde você lê, como a Bíblia tem te ajudado ou o que podemos melhorar. Lemos todas as mensagens.