Nations Bible

Ester 8

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.

Fia ƒe sedede tso Yudatɔwo ŋu

1Gbe ma gbe ke la, Fia Ahasuerus tsɔ Haman, Yudatɔwo ƒe futɔ la ƒe nunɔamesiwo katã na Fianyɔnu Ester. Woyɔ Mordekai va fia la ŋkume, elabena Ester gblɔ ale si eya kple Mordekai wodo ƒomee la nɛ. 2Fia la ɖe eƒe ŋkɔsigɛ si wògbugbɔ xɔ le Haman si la, eye wòtsɔe na Mordekai. Fianyɔnu Ester tsɔe ɖo Haman ƒe kesinɔnuwo katã nu.

3Ester gava fia la ŋkume, dze klo ɖe eƒe afɔ nu, eye wòɖe kuku nɛ kple avi be wòatsi nugbe si Haman, Agagitɔ la ɖo ɖe Yudatɔwo ŋu la nu. 4Fia la galé sikafiatikplɔ la do ɖe Ester gbɔ, ale Ester tsi tsitre ɖe fia la ŋkume. 5Egblɔ be, “Ne edze fia la ŋu, eye wòve nunye hebui be enye nu nyui yeawɔ, eye ne nye nu nyo fia la ŋu la, na be woaŋlɔ agbalẽ bubu atsɔ ate fli ɖe ɖoɖo si Hamedata ƒe vi, Haman, Agagitɔ la wɔ heŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe amewo le fiaɖuƒe la katã me be woatsrɔ̃ Yudatɔwo la me, 6elabena nyemate ŋu atsɔ gbegblẽ si ava nye amewo dzi alo atsɔ nye ƒometɔwo ƒe tsɔtsrɔ̃ o.”

7Fia Ahasuerus ɖo eŋu na Fiasrɔ̃ Ester kple Mordekai, Yudatɔ la be, “Esi Haman tso ɖe Yudatɔwo ŋuti ta la, mexɔ eƒe nunɔamesiwo katã tsɔ na Ester, eye mena wode ka ve na eya ŋutɔ. 8Azɔ la, ŋlɔ agbalẽ ɖe fia la ƒe ŋkɔ me ɖe Yudatɔwo katã nu; ŋlɔ nya sia nya si nàdi be yeagblɔ la le fia la ƒe ŋkɔ me, eye nàtre agbalẽ la nu kple nye ŋkɔsigɛ ale be womagate ŋu atrɔe o, elabena nu sia nu si woŋlɔ ɖe fia la ƒe ŋkɔ me, eye wotre enu kple eƒe ŋkɔsigɛ la, womate ŋu atrɔe gbeɖe o.”

9Enumake woyɔ agbalẽŋlɔla siwo le fia la ƒe dɔ me la vɛ le ɣleti etɔ̃lia si woyɔna be, Sivan la ƒe ŋkeke blaeve-vɔ-etɔ̃a gbe. Azɔ woŋlɔ Mordekai ƒe gbedeasi siwo ɖom wòle ɖe Yudatɔwo, dumegãwo, mɔmefiawo kple bubume siwo le nuto alafa ɖeka kple blaeve-vɔ-adre (127) si keke tso India yi ɖase ɖe Kus ƒe liƒowo dzi ke la me. Woŋlɔ gbedeasi siawo ɖe nuto ɖe sia ɖe ƒe gbegbɔgblɔ me, eye woŋlɔe na Yudatɔwo hã ɖe woƒe degbe me. 10Mordekai ŋlɔ agbalẽ la ɖe Fia Ahasuerus ƒe ŋkɔ me, eye wòtsɔ eƒe ŋkɔsigɛ ɖo ete hetsɔe de asi na fia la ƒe dɔla siwo doa sɔ siwo ɖea abla, vevietɔ sɔ siwo womla koŋ hena fia la ƒe ŋu dɔ wɔwɔ. 11Fia la ƒe sedede ɖe mɔ na Yudatɔwo le du ɖe sia ɖe me be wokpɔ mɔ aƒo ƒu, eye woaʋli wo ɖokuiwo ta. Wokpɔ mɔ hã be woagblẽ nu, awu alo atsrɔ̃ asrafoha ɖe sia ɖe tso dukɔ alo to ɖe sia ɖe me, esiwo ke aho aʋa ɖe woawo ŋutɔ kple wo srɔ̃wo kple wo viwo ŋu, eye woaha woƒe futɔwo ƒe nunɔamesiwo. 12Ŋkeke si woɖo hena Yudatɔwo ƒe nu sia wɔwɔ le Fia Ahasuerus ƒe fiaɖuƒe blibo la mee nye ɣleti wuievelia, Ada, ƒe ŋkeke wuietɔ̃a gbe. 13Wona be woawɔ fia la ƒe gbedeasi wòazu se le nuto ɖe sia ɖe me, eye woakakae na gbegbɔgblɔ ɖe sia ɖe ale be Yudatɔwo anɔ klalo le ŋkeke ma dzi ne woabia hlɔ̃ woƒe futɔwo. 14Ale fia la ƒe dɔtsɔlawo do fia la ƒe sɔ ɖeablawo kple du le fia la ƒe gbeɖeɖe nu. Woɖe gbeƒã sea le Susa mɔ gã la hã me.

15Mordekai do fiawu ɣitɔ kple blɔtɔ kple awu ʋlaya si wowɔ kple aklala kple aɖabɛ dzĩtɔ, eye wòɖɔ sikafiakuku gã la. Edzo le fia la gbɔ, eye wòyi ablɔwo dzi. Amewo nɔ ablɔawo dzi fũu, eye wonɔ dzidzɔɣli dom. 16Le Yudatɔwo gome ya la, enye dzidzɔ, aseyetsotso, aglotutu kple bubu ƒe ɣeyiɣi na wo. 17Esi fia la ƒe sedede la va ɖo du sia du kple nuto ɖe sia ɖe me la, Yudatɔwo katã kpɔ dzidzɔ, woɖu ŋkekenyui, eye womewɔ dɔ aɖeke gbe ma gbe o. Ame geɖewo wɔ wo ɖokuiwo Yudatɔwoe, elabena Yudatɔwo ƒe ŋɔdzi lé wo.

Ilustração artística — interpretação, não registro histórico.

Você sabia?

Um contra-decreto real e a elevação de Mardoqueu

  • Pelo costume persa, um decreto oficial redigido em nome do rei e selado com o anel de sinete real não podia ser revogado. Como o decreto anterior de Hamã não podia ser cancelado, o rei Assuero permitiu que Ester e Mardoqueu redigissem uma nova ordem autorizando os judeus de todo o império a se reunirem e se defenderem.Fontes: o próprio texto bíblico · Ahasuerus
  • O Império Persa abrangia 127 províncias, estendendo-se desde a Índia — a região ao redor do rio Indo — até Cuxe ou Etiópia, ao sul do Egito. Os escribas reais traduziram o decreto de Mardoqueu para a escrita e língua próprias de cada província, e mensageiros o transportaram em cavalos velozes das cavalariças reais.Fontes: o próprio texto bíblico · India · Ethiopia
  • Mardoqueu recebeu o anel de sinete do rei, antes usado por Hamã, e foi encarregado da administração dos bens de Hamã. Ao ser publicado o decreto, ele saiu da presença do rei vestido com vestes reais de azul e branco, uma grande coroa de ouro e um manto de púrpura, provocando grande júbilo em Susã.Fontes: o próprio texto bíblico · Mordecai · Susa

Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.

Lugares deste capítulo

  • Ethiopia · 16.935, 33.751 · versículo 9
  • India · 23.994, 67.431 · versículo 9
  • Susa · Hoje: Shush · 32.189, 48.258 · versículos 14, 15

Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Fale com a gente

Conte de onde você lê, como a Bíblia tem te ajudado ou o que podemos melhorar. Lemos todas as mensagens.