Nations Bible

Ester 3

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.

Haman wɔ ɖoɖo be yeatsrɔ̃ Yudatɔwo

1Le nu siawo megbe la, Fia Ahasuerus do Haman, ame si nye Hamedata, Agagitɔ ƒe vi la, ɖe ŋgɔ wòzu dukɔkplɔlawo dometɔ gãtɔ. Eyae nye ame si kplɔ fia la ɖo le ŋusẽkpɔkpɔ me le fiaɖuƒe blibo la me. 2Azɔ la, ame sia ame si le fiasã la ƒe agbo nu la bɔbɔna, dea ta agu na Haman ne eva yina, le Fia Ahasuerus ƒe sedede nu. Mordekai ya gbe, mebɔbɔna dea ta agu na Haman o.

3Esia ta, dɔnunɔla siwo nɔ fia la ƒe agbo nu la bia Mordekai be, “Nu ka ta nèle fia la ƒe se dzi dam ɖo?” 4Azɔ gbe sia gbe woƒonɛ ɖe enu, gake egbe be yemawɔe o. Ale wogblɔ nya la na Haman ne woakpɔe ɖa be, Mordekai ƒe wɔnawo ado dzidzɔ nɛ hã, elabena Mordekai na wonya be Yudatɔe yenye.

5Esi Haman kpɔ be Mordekai mele klalo be yeade ta agu na ye alo ade bubu ye ŋu o la, dzi kui vevie ŋutɔ. 6Ke esi wònya Mordekai kple eƒe amewo ta la, susu be woawu eya ɖeka la nye nu sue aɖe ko nɛ, eya ta Haman di mɔ nyuitɔ si dzi wòato atsrɔ̃ Yudatɔwo katã, ame siwo nye Mordekai ƒe amewo le Fia Ahasuerus ƒe fiaɖuƒe la katã me.

7Le Fia Ahasuerus ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuievelia me le ɣleti gbãtɔ, Nisan me la, woda akɔ si woyɔna be, pur la le Haman ŋkume be woatia ɣleti aɖe kple eƒe ŋkeke aɖe. Wotia ɣleti wuievelia si nye Adar.

8Tete Haman te ɖe Fia Ahasuerus ŋu, eye wògblɔ nɛ be, “Dukɔ tɔxɛ aɖe me tɔwo kaka ɖe wò fiaɖuƒe la ƒe nutowo katã me. Woƒe sewo to vovo tso dukɔ ɖe sia ɖe tɔ gbɔ. Gawu la, womewɔa fia la ƒe sewo dzi o, eya ta mede fia la dzi ne wòaɖe asi le wo ŋu be woanɔ agbe o. 9Ne edze fia ŋu la, ekema nàɖe gbe be woatsrɔ̃ wo katã. Mada klosalo tɔn alafa etɔ̃ kple blaene-vɔ-atɔ̃ (345) atsɔ ade fia la ƒe gakotoku me ne woatsɔ axe fee na ŋutsu gadzraɖoƒe la dzikpɔla be woatsɔ axe fe na ame siwo awɔ dɔ sia.”

10Fia la lɔ̃ ɖe susu sia dzi. Eɖe eƒe ŋkɔsigɛ le eƒe asibidɛ ŋu hetsɔ na Haman, Hamedata, Agagitɔ la ƒe vi, Yudatɔwo ƒe futɔ la, abe kpeɖoɖo nya sia dzi ƒe dzesi ene. 11Fia la gblɔ na Haman be, “Wò ga la nenɔ anyi ko, gake wɔ nu si dze ŋuwò, eye wònyo na wò kple ame siawo la.”

12Le ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke wuietɔ̃lia dzi la, woyɔ agbalẽŋlɔla siwo katã le fiasã me la ƒo ƒu, woŋlɔ agbalẽ ɖe nuto ɖe sia ɖe ƒe gbegbɔgblɔ me kple gbegbɔgblɔ ɖe sia ɖe si wogblɔna le fiaɖuƒe la me la me. Wowɔe ɖe Haman ƒe sedede nu na fia la ƒe dɔnunɔlawo, mɔmefia siwo le nutowo me dzi kpɔm kple gbegbɔgblɔ vovovowo ƒe ame ŋkutawo. Woŋlɔ lɛta la ɖe Fia Ahasuerus ƒe ŋkɔ me, eye wotsɔ eƒe ŋkɔsigɛ de ete. 13Wotsɔ agbalẽa na dɔtsɔlawo be woatsɔ ayi nuto ɖe sia ɖe me le fiaɖuƒe blibo la me, ale be woaɖe gbe be woawu Yudatɔwo katã, ɖeviwo kple ame tsitsiwo, nyɔnuwo kple vidzĩwo siaa le ɣleti wuievelia, Ada ƒe ŋkeke wuietɔ̃lia dzi, eye woaha woƒe nuwo abe afunyinuwo ene. 14Wogblɔ kpe ɖe ɖoɖo sia ŋu be, “Miɖe gbeƒã se sia le miaƒe nuto ɖe sia ɖe me, eye miana ame sia ame nanya nu tso eŋu, ale be wòawɔ eƒe dɔdeasi le ŋkeke ɖoɖo la dzi.”

15Woɖo agbalẽwo ɖa to fia la ƒe dɔtsɔla zazɛ̃tɔwo dzi le gbeƒãɖeɖe le Susa du la me megbe. Fia Ahasuerus kple Haman wonɔ anyi nɔ aha nom esime vɔvɔ̃ lé amewo, eye ʋunyaʋunya dzɔ le du blibo la me.

Você sabia?

A conspiração de Hamã contra os judeus

  • Hamã é designado como agagita, uma descrição associada ao título real dos amalequitas, inimigos tradicionais do povo judeu. Como o primeiro-ministro recém-promovido pelo rei Assuero, ele exigia uma homenagem que Mardoqueu se recusava a prestar.Fontes: Haman · o próprio texto bíblico
  • No primeiro mês, Nisã, Hamã lançou o Pur (a sorte) para determinar a data mais favorável para executar seu plano de destruição. A sorte caiu no décimo terceiro dia do décimo segundo mês, Adar, situando a execução do decreto quase um ano depois.Fontes: o próprio texto bíblico
  • A administração imperial persa permitia que decretos reais emitidos na cidadela de Susã fossem traduzidos para a escrita e o idioma de cada província e rapidamente distribuídos por todo o reino por meio de mensageiros.Fontes: o próprio texto bíblico · Susa

Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.

Lugares deste capítulo

  • Susa · Hoje: Shush · 32.189, 48.258 · versículo 15

Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Fale com a gente

Conte de onde você lê, como a Bíblia tem te ajudado ou o que podemos melhorar. Lemos todas as mensagens.