Nations Bible

Deuteronômio 9

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.

Menye Israelviwo ƒe dzɔdzɔenyenye tae o

1“O! Israel, see. Èle Yɔdan tɔsisi la tso ge egbe, eye nàde asi dukɔ siwo le tɔsisi la godo la nyanya me. Dukɔ mawo tri akɔ, eye wosẽ wu wò! Woɖo gli kɔkɔwo ƒo xlã woƒe duwo. 2Anak ƒe viwo, ame siwo nye ame dzɔatsuwo, eye dukɔ aɖeke mate ŋu anɔ te ɖe wo nu o la le wo dome. 3Ke Yehowa, wò Mawu la anɔ ŋgɔ na wò abe dzo si fiaa nu ene be yeatsrɔ̃ wo ale be nàte ŋu aɖu wo dzi kaba, eye nànya wo ɖa le anyigba la dzi.

4“Ne Yehowa miaƒe Mawu wɔ esia na wò la, mègagblɔ na ɖokuiwò be, ‘Yehowae ve nunye, elabena menye ame dzɔdzɔe o.’ Mele nenema o. Dukɔ kemɛwo ƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi tae Yehowa le esia wɔ ge ɖo. 5Menye esi mienye ame nyui dzɔdzɔewo tae Yehowa anya wo ɖa le mia ŋgɔ ɖo o! Megale egblɔm na mi be, dukɔ kemɛwo ƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi tae hekpe ɖe Yehowa miaƒe Mawu ƒe ŋugbe si wòdo na mia fofowo, Abraham, Isak kple Yakob ŋu ta koe. 6Megale egblɔm ake be, Yehowa, miaƒe Mawu la mele anyigba nyui sia tsɔm na mi le miaƒe nyonyo ta o, elabena mienyo o. Mienye dukɔ vɔ̃ɖi kple kɔlialiatɔwo.”

Sikanyivi la

7Migaŋlɔ be o, ke boŋ miɖo ŋku ale si miedo dɔmedzoe na Yehowa, miaƒe Mawu la enuenu le gbedzi, tso gbe si gbe miedzo le Egipte va se ɖe fifia dzi. Miedze aglã ɖe eŋu le ɣeyiɣi siawo katã me. 8Mieɖo ŋku ale si miedo dɔmedzoe nɛ le Horeb to la gbɔ dzi oa? Enɔ klalo be yeatsrɔ̃ mi. 9Menɔ toa dzi ɣe ma ɣi, eye menɔ nubabla si Yehowa wɔ kpli mi, si nye kpe siwo dzi wòŋlɔ seawo ɖo la xɔm. Menɔ afi ma ŋkeke blaene kple zã blaene. Nyemeɖu naneke le ɣeyiɣi ma katã me o. Nyemeno tsi gɔ̃ hã o. 10Yehowa tsɔ kpe kpakpa eve siwo dzi Mawu tsɔ eƒe asibidɛ ŋlɔ nu ɖo la nam. Se siwo katã Yehowa de na mí le toa dzi to dzo me le miaƒe takpegbe la le wo dzi.

11Le ŋkeke blaeneawo kple zã blaeneawo ƒe nuwuwu la, Yehowa tsɔ kpe kpakpa eveawo, nubabla ƒe kpe kpakpawo nam. 12Egblɔ nam be maɖi yi anyigba kaba, elabena dukɔ si mekplɔ tso Egipte la gblẽ kɔ ɖo na eɖokui; eɖe asi le Mawu ƒe seawo ŋu kaba, eye wòlolõ ga hetsɔ wɔ legbae.

13Tete Yehowa gblɔ nam be, “Mekpɔe be dukɔ sia nye ame kɔlialiatɔwo sɔŋ. 14Ɖe asi le ŋunye matsrɔ̃ wo, matutu woƒe ŋkɔwo ɖa le dziƒoa te, eye mawɔ wò boŋ wò dzidzimeviwo woazu dukɔ si akpɔ ŋusẽ, eye wòalolo wu Israel.”

15Metrɔ gbɔ tso to bibi la dzi le esime melé kpe eve siwo dzi Mawu ŋlɔ eƒe seawo ɖo la ɖe asi. 16Le toa te la, mekpɔ nyivi si miewɔ le miaƒe nu vɔ̃ si miewɔ ɖe Yehowa miaƒe Mawu ŋu me. Miegbugbɔ le Yehowa yome kaba ŋutɔ! 17Esia ta metsɔ kpe eveawo do ɖe dzi, eye mexlã wo ɖe anyi sesĩe! Megbã wo le mia ŋkume! 18Le esia megbe la, meganɔ Yehowa ŋkume ŋkeke blaene kple zã blaene numaɖumaɖu, tsimanomano, elabena miewɔ nu si Yehowa lé fui wu nu sia nu, eye miena wòdo dɔmedzoe vevie ŋutɔ. 19Mevɔ̃ ɖe mia nu ŋutɔŋutɔ, elabena Yehowa ɖo vevie be yeatsrɔ̃ mi. Ke egaɖo tom ɣe ma ɣi hã. 20Aron ɖo xaxa gã aɖe me, elabena Yehowa do dɔmedzoe ɖe eŋu ŋutɔ. Ke medo gbe ɖa, eye Yehowa kpɔ nublanui nɛ. 21Metsɔ miaƒe nu vɔ̃ si nye nyivi si miewɔ la, medee dzo me, tui memie wòzu ʋuʋudedi, eye metsɔ ʋuʋudedi la kɔ ɖe tɔʋu si dzɔ tso toa dzi la me.

22Miegado dɔmedzoe na Yehowa le Tabera, emegbe le Masa, eyome le Kibrot Hatava.

23Le Kades Barnea la, esi Yehowa gblɔ na mi be miage ɖe anyigba si wòtsɔ na mi dzi la, miedze aglã ɖe eŋuti, eye miexɔe se be akpe ɖe mia ŋu o. Miegbe toɖoɖoe. 24Ɛ̃, mienɔ aglã dzem ɖe Yehowa ŋu tso gbe si gbe ke menya mi, 25eya ta metsyɔ mo anyi ɖe Yehowa ŋkume ŋkeke blaene kple zã blaene mawo me esime Yehowa di be yeatsrɔ̃ mi.

26“Medo gbe ɖa na Yehowa be, Aƒetɔ Yehowa, mègatsrɔ̃ wò ŋutɔ wò amewo o. Wò ŋutɔ wò domenyinu si nèɖe kple wò ŋusẽ triakɔ, eye nèɖe wo tso Egipte kple asi sesẽ. 27Ɖo ŋku wò dɔlawo, Abraham, Isak kple Yakob dzi. Mègaɖo ŋku ame siawo ƒe kɔlialia kple woƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi kple woƒe nu vɔ̃wo dzi o. 28Ne menye nenema o la, dukɔ si me nèkplɔ mí do go tso la agblɔ be, ‘Esi Yehowa mete ŋu kplɔ wo yi anyigba si ƒe ŋugbe wòdo na wo dzi o, eye esi wòlé fu wo ta la, ekplɔ wo do goe be yeawu wo le gbedzi.’ 29Wò amewo kple wò domenyilawo wonye, ame siwo nètsɔ wò ŋusẽ triakɔ kple abɔ sesẽ la kplɔ tso Egipte.”

Ilustração artística — interpretação, não registro histórico.

Você sabia?

Não pela justiça de Israel

  • Moisés adverte Israel de que a posse de Canaã não foi conquistada por sua própria retidão moral, chamando o povo expressamente de obstinado ou de dura cerviz. Em vez disso, a conquista é atribuída à corrupção das nações locais e à fidelidade divina à aliança jurada a Abraão, Isaque e Jacó.Fontes: o próprio texto bíblico · Abraham · Isaac · Jacob (Israel)
  • O texto menciona os anaquins, descendentes de Anaque famosos por sua alta estatura e força, que habitavam cidades fortemente fortificadas em Canaã. Sua reputação anteriormente havia intimidado os israelitas a tentar entrar na terra.Fontes: o próprio texto bíblico · Anak
  • Para enfatizar o histórico de rebeldia de Israel, Moisés relembra o bezerro de ouro em Horebe, onde despedaçou as duas tábuas de pedra e intercedeu pelo povo e por Arão. Ele também destaca crises repetidas durante a marcha pelo deserto, incluindo incidentes em Taberá, Massá e Quibrote-Hataavá.Fontes: o próprio texto bíblico · Horeb · Aaron · Taberah

Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.

Lugares deste capítulo

  • Jordan · Hoje: Jordan River · 31.761, 35.558 · versículo 1
  • Egypt · 30.129, 31.308 · versículos 7, 12, 26, 29
  • Mount Horeb · Hoje: Jebel Musa · 28.540, 33.973 · versículo 8

Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Fale com a gente

Conte de onde você lê, como a Bíblia tem te ajudado ou o que podemos melhorar. Lemos todas as mensagens.