Nations Bible

Deuteronômio 7

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.

Yehowa nya anyigba la dzi nɔlawo ɖa

1Ne Yehowa miaƒe Mawu kplɔ wò yi Ŋugbedodonyigba la dzi, abe ale si wòle wɔwɔ ge kpuie ene la, atsrɔ̃ dukɔ adre siwo dometɔ ɖe sia ɖe lolo, eye wòsẽ wu wò. Dukɔ siawoe nye: Hititɔwo, Girgasitɔwo, Amoritɔwo, Kanaantɔwo, Perizitɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo. 2Ne Yehowa, wò Mawu la tsɔ wo de asi na wò be nàtsrɔ̃ wo la, ele be nàtsrɔ̃ wo keŋkeŋ. Mègawɔ nubabla kpli wo alo nàkpɔ nublanui na wo o. Tsrɔ̃ wo keŋkeŋ. 3Mègaɖe srɔ̃ tso wo dome o, eye mègaɖe mɔ viwò ŋutsuwo kple viwò nyɔnuwo naɖe wo vinyɔnuwo kple wo viŋutsuwo o. 4Ne viwòwo ɖe wo viwo la, viwòwo asubɔ woƒe mawuwo godoo. Ekema Yehowa ƒe dɔmedzoe abi ɖe ŋuwò, eye Yehowa atsrɔ̃ wò kokoko. 5Ele be nàmu woƒe vɔsamlekpuiwo, agbã woƒe legbawo, aho woƒe aƒeliwo aƒu anyi, eye nàtɔ dzo woƒe aklamakpakpɛwo, 6elabena wò la, dukɔ kɔkɔe nènye, eye wotsɔ wò na Yehowa, wò Mawu la. Etia wò tso xexemedukɔwo katã dome be nànye yeƒe dukɔ tiatia.

7Etia wò, eye wòkɔ eƒe lɔlɔ̃ ɖe dziwò duu, menye esi nènye dukɔ si lolo wu bubuawo ta o, elabena wòe nye suetɔ kekeake le dukɔwo dome! 8Esi wòlɔ̃ wò kple ale si wòwɔ atam si wòka na tɔgbuiwòwo dzi ta koe. Eya ta wòɖe wò tso kluvinyenye me le Egiptenyigba dzi to eƒe ŋusẽ gã ɖeɖe fia kple nukunu triakɔwo wɔwɔ me. 9Eya ta nyae bena Yehowa, wò Mawu la nye Mawu nuteƒewɔla. Ewɔa eƒe ŋugbedodowo dzi na dzidzime akpewo, eye wòtsɔa lɔlɔ̃ mavɔ lɔ̃a ame siwo lɔ̃nɛ, eye wowɔa eƒe seawo dzi.

10Ke ame siwo léa fui la, woahe to na wo le dukɔwo ŋkume,

eye woatsrɔ̃ wo. Eya ŋutɔ ahe to na wo.

11Eya ta wɔ ɖe se siwo katã mele tsɔtsɔm na wò egbea la dzi.

12Le wò seawo dzi wɔwɔ ta la, Yehowa, wò Mawu la awɔ ɖe eƒe nubabla si wòtsɔ lɔ̃ wò kple fofowòwo la dzi. 13Kpe ɖe esia ŋu la, alɔ̃ wò, ayra wò, eye wòawɔ wò nàzu dukɔ gã aɖe. Ana nàdzi asɔ gbɔ, wò anyigba nanyo nukuwo, eye wò lãwo hã nadzi asɔ gbɔ, ale be wò bli, wain, ami, nyiwo, alẽwo kple gbɔ̃wo asɔ gbɔ ne mieva ɖo anyigba si ŋugbe wòdo na fofowòwo be yeatsɔ na wo la dzi. 14Yehowa ayra wò wu dukɔ bubu ɖe sia ɖe le xexea me. Wò ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa dometɔ aɖeke matsi ko o. Woƒe lãwo gɔ̃ hã matsi ko o. 15Gawu la, Yehowa aɖe miaƒe dɔlélewo katã ɖa, eye mana Egiptetɔwo ƒe dɔléle siwo dzi nèɖo ŋkui nyuie la dometɔ aɖeke naɖe fu na wò o. Atsɔ dɔléle siawo katã ada ɖe wò futɔwo dzi! 16Ele be nàtsrɔ̃ dukɔ siwo katã Yehowa, wò Mawu la tsɔ de asi na wò. Mègakpɔ nublanui na wo o, eye mègasubɔ woƒe mawuwo o. Ne ègbe toɖoɖo, eye nèwɔ nu siawo la, dzɔgbevɔ̃e ava dziwò.

17Ɖewohĩ miabia mia ɖokuiwo be, “Dukɔ siawo sesẽ wu mí, aleke míate ŋu awɔ anya wo ɖa?” 18Ke migavɔ̃ wo o! Miɖo ŋku nu si Yehowa, miaƒe Mawu la wɔ Farao kple Egiptenyigba blibo la 19miekpɔ kple miawo ŋutɔ miaƒe ŋkuwo, xaxa sesẽwo, nukunuwo kple dzesi gãwo, asi sesẽ kple abɔ si wòdo ɖe dzi si Yehowa, wò Mawu la tsɔ kplɔ wò do goe la dzi la dzi nyuie. Yehowa, wò Mawu la awɔ nenema ke na ame siwo vɔ̃m nèle fifia. 20Gawu la, Yehowa wò Mawu la aɖo nudzodzoe teamewo ɖe wo dome va se ɖe esime ame siwo tsi agbe, eye woɣla wo ɖokuiwo la hã nàtsrɔ̃.

21“Mègavɔ̃ dukɔ mawo o, elabena Yehowa, wò Mawu la le mia dome; Mawu ŋusẽtɔ kple ŋɔdzitɔ wònye. 22Yehowa, wò Mawu la maɖe mɔ be miaɖe wo katã ɖa zi ɖeka o, ne menye nenema o la, lã wɔadãwo adzi asɔ gbɔ aɖe to ɖe wò. 23Ke Yehowa, wò Mawu la atsɔ wo ade asi na wò, ana woatɔtɔ va se ɖe esime woatsrɔ̃. 24Mawu atsɔ woƒe fiawo ade asi na wò, eye nàtutu woƒe ŋkɔwo ɖa le anyigba la ŋkume. Wo dometɔ aɖeke mate ŋu atsi tsitre ɖe ŋuwò o. Ke boŋ àtsrɔ̃ wo. 25Tɔ dzo woƒe legbawo, eye wo ŋu klosalo alo sika megabiã ŋu na wò o, eye mègatsɔ wo na ɖokuiwò o, elabena ŋunyɔnue wonye na Yehowa, wò Mawu la. 26Mègatsɔ ŋunyɔnu aɖeke va aƒewò me o, ne menye nenema o la, wò hã àzu busunu si woɖo anyi na tsɔtsrɔ̃. Tsri wo vevie, eye woanyɔ ŋu na wò elabena busunuwoe wonye.

Ilustração artística — interpretação, não registro histórico.

Você sabia?

Um Povo Escolhido e a Conquista de Canaã

  • Deuteronômio lista sete nações em Canaã maiores e mais fortes que Israel: heteus, girgaseus, amorreus, cananeus, perizeus, heveus e jebuseus. Israel foi ordenado a não fazer alianças nem casar com eles para evitar cair na idolatria.Fontes: o próprio texto bíblico
  • A escolha de Israel não se baseou em tamanho ou força, pois eram considerados o menor de todos os povos. Sua libertação do faraó, rei do Egito, fundamentou-se no amor de Deus e no juramento feito a seus antepassados.Fontes: o próprio texto bíblico · Pharaoh (of the Exodus) · Egypt
  • A conquista deveria ocorrer gradualmente e não de uma só vez. O despovoamento imediato da terra faria com que os animais selvagens se multiplicassem e ameaçassem os israelitas.Fontes: o próprio texto bíblico

Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.

Lugares deste capítulo

  • Egypt · 30.129, 31.308 · versículos 8, 15, 18, 19

Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Fale com a gente

Conte de onde você lê, como a Bíblia tem te ajudado ou o que podemos melhorar. Lemos todas as mensagens.