Nations Bible

Deuteronômio 5

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.

Mose gate gbe ɖe Se Ewoawo dzi na Israelviwo

1Mose gaƒo nu na Israelviwo gblɔ be,

Miɖo to nyuie miase se siwo katã Yehowa de na mi. Misrɔ̃ wo, eye miakpɔ egbɔ be yewowɔ wo dzi! 2Yehowa mía Mawu la bla nu kpli mi le Horeb to la gbɔ. 3Mebla nu kple mia tɔgbuiwo o, ke boŋ kple mi ame siwo le agbe, le afi sia fifia 4Eƒo nu kpli mi ŋkume kple ŋkume tso dzo bibi la titina le afi ma, le to la gbɔ. 5Menɔ miawo kple Yehowa dome, elabena mienɔ vɔvɔ̃m, eye mieyi egbɔ le to la dzi o. Eƒo nu nam, eye metsɔ eƒe seawo na mi.

Nya siwo wògblɔ la woe nye:

6“Nyee nye Yehowa, wò Mawu, si kplɔ wò tso kluvinyenye me le Egiptenyigba dzi.

7“Mègasubɔ mawu bubu aɖeke kpe ɖe ŋunye o.

8Mègawɔ legba aɖeke na ɖokuiwò o, eɖanye nu siwo le dziƒo alo anyigba dzi afii loo, alo tɔ me la ƒe nɔnɔme o. 9Mègade ta agu na wo o, eye mègasubɔ wo le mɔ aɖeke nu o, elabena nye Yehowa, wò Mawu la, Mawu ʋãŋue menye. Mehea to na ɖevi siwo léa fum la ɖe wo fofowo ƒe vodadawo teƒe va se ɖe dzidzime etɔ̃lia kple enelia dzi. 10Ke meɖea nye lɔlɔ̃ fiaa dzidzime akpe nane siwo lɔ̃am, eye wowɔa nye seawo dzi.

11Mègayɔ Yehowa, wò Mawu la ƒe ŋkɔ dzodzro o, elabena Yehowa magbe tohehe na ame si yɔ eƒe ŋkɔ dzodzro la o.

12Wɔ ɖe Dzudzɔgbe la dzi, eye nàwɔe kɔkɔe abe ale si Yehowa, wò Mawu la de se na wòe ene. 13Wɔ wò dɔwo katã le ŋkeke ade me, 14ke ŋkeke adrelia nye Yehowa, wò Mawu la ƒe Dzudzɔgbe. Mègawɔ dɔ aɖeke le edzi o. Wò aƒemetɔ aɖeke hã mekpɔ mɔ awɔ dɔ aɖeke gbe ma gbe o, eɖanye viwò ŋutsuwo, viwò nyɔnuwo, wò dɔlaŋutsu, wò dɔlanyɔnu, wò nyiwo, wò tedziwo alo wò lãwo katã o. Ele be amedzro siwo le mia dome gɔ̃ hã nawɔ se sia dzi. Ele be ame sia ame nadzudzɔ abe ale si wò ŋutɔ nàwɔ ene. 15Ɖo ŋku edzi be, ènye kluvi le Egipte kpɔ, eye Yehowa, wò Mawu la kplɔ wò do goe tso teƒe ma kple asi sesẽ kple abɔ si wòdo ɖe dzi. Le esia ta Yehowa, wò Mawu la de se na wò be nàɖo ŋku Dzudzɔgbe la dzi.

16Bu fofowò kple dawò. Ɖo ŋku edzi be esiae nye Yehowa, wò Mawu la ƒe se. Ne èwɔ ɖe edzi la, ànɔ agbe didi, eye wòadze edzi na wò le anyigba si Yehowa, wò Mawu la le nawòm la dzi.

17Mègawu ame o.

18Mègawɔ ahasi o.

19Mègafi fi o.

20Mègaɖi aʋatsoɖase le hawòvi ŋuti o.

21Mègabia ŋu hawòvi ɖe srɔ̃a ta alo ɖe eƒe aƒe, anyigba, dɔlaŋutsu, dɔlanyɔnu, nyiwo, tedziwo loo, alo nu sia nu si nye etɔ la ta o.”

22Yehowa de se siawo na mia dometɔ ɖe sia ɖe tso dzo bibi la titina esime lilikpo la kple viviti tsiɖitsiɖi ƒo xlã Sinai to la, se mawo ko wòde na mi ɣe ma ɣi, eye megatsɔ bubu aɖeke kpee o. Eŋlɔ wo ɖe kpe kpakpa eve dzi hetsɔ nam.

23Ke esi miese gbe sesẽ la tso viviti la me, eye miekpɔ dzo bibi dziŋɔ la le to la tame la, miaƒe toawo ƒe kplɔlawo katã va gbɔnye, 24eye woɖe kuku be, “Egbe la, Yehowa, míaƒe Mawu la ɖe eƒe ŋutikɔkɔe kple gãnyenye fia mí. Míese eƒe gbe gɔ̃ hã tso dzo bibi la titina. Azɔ la, míenya be ame ate ŋu aƒo nu kple Mawu, eye maku o. 25Ke míeka ɖe edzi be míaku ne Yehowa míaƒe Mawu gaƒo nu na mí azɔ. Dzo bibi dziŋɔ sia atsrɔ̃ mí. 26Ame kae ate ŋu ase Mawu gbagbe la ƒe gbe tso dzo bibi la titina abe ale si míawo míesee ene, eye wòatsi agbe? 27Yi nàɖo to nya siwo katã Yehowa, míaƒe Mawu la le gbɔgblɔm, eye nàva gblɔe na mí, ekema míaɖo to, eye miawɔ ɖe wo dzi.”

28Yehowa lɔ̃ ɖe miaƒe biabia la dzi, eye wògblɔ nam be, “Mese nya si wò ameawo gblɔ na wò; melɔ̃ ɖe edzi. 29O! Ne dzi sia tɔgbi anɔ wo me ɣe sia ɣi, eye woadi be yewoawɔ nye seawo dzi la, ekema nu sia nu anyo na wo le ŋgɔgbea, eye wòanyo na wo viwo to dzidzimeawo katã me!

30“Yi, nàgblɔ na wo be, woatrɔ ayi woƒe agbadɔwo me. 31Emegbe la, wò ŋutɔ nàtrɔ va, atsi tsitre ɖe axanye le afi sia, matsɔ nye seawo katã na wò, nàfia seawo ameawo ne woawɔ wo dzi le anyigba si mele wo na ge la dzi.”

32Ale Mose gblɔ na ameawo be, “Ele be miawɔ ɖe Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe seawo dzi, miazɔ ɖe eƒe ɖoɖo ɖe sia ɖe nu tututu, eye miazɔ le mɔ si wòta na mi la dzi pɛpɛpɛ. 33Ne miewɔ esia la, eya ko hafi mianɔ agbe didi, eye wòadze edzi na mi le anyigba si xɔ ge miala la dzi.”

Ilustração artística — interpretação, não registro histórico.

Você sabia?

A Aliança e os Dez Mandamentos

  • Em Deuteronômio, a montanha onde a aliança e os mandamentos foram entregues é chamada de Horebe. Horebe refere-se à cadeia montanhosa mais ampla da qual o Sinai era um cume, situada junto a uma vasta planície onde os israelitas podiam acampar.Fontes: Horeb · o próprio texto bíblico
  • No relato do mandamento do sábado em Deuteronômio, a exigência de descanso está explicitamente ligada à história da escravidão de Israel no Egito. Como os israelitas haviam sido libertos dos trabalhos forçados, seus servos, estrangeiros e animais de trabalho também deveriam desfrutar de pleno descanso no sétimo dia.Fontes: o próprio texto bíblico
  • Moisés atuou como intermediário entre Deus e o povo porque os chefes das tribos e os anciãos temiam morrer se continuassem a ouvir a voz divina vinda do fogo e da densa escuridão. Eles pediram a Moisés que se aproximasse, recebesse os demais preceitos e os transmitisse à assembleia.Fontes: o próprio texto bíblico

Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.

Lugares deste capítulo

  • Mount Horeb · Hoje: Jebel Musa · 28.540, 33.973 · versículo 2
  • Egypt · 30.129, 31.308 · versículos 6, 15

Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Fale com a gente

Conte de onde você lê, como a Bíblia tem te ajudado ou o que podemos melhorar. Lemos todas as mensagens.