Nations Bible

Deuteronômio 3

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.

Woɖu Ɔg, Basan fia dzi

1Azɔ míetrɔ ɖo ta Ɔg, Basan fia ƒe anyigba dzi. Ɔg ƒo eƒe aʋakɔ nu ƒu enumake eye wokpe aʋa kpli mí le Edrei. 2Ke Yehowa gblɔ nam be, “Mègavɔ̃e o, elabena matsɔ eya ŋutɔ kple eƒe aʋakɔ blibo la kpakple eƒe anyigba blibo la ade asi na wò; eye nawɔe abe ale si nèwɔ Fia Sixɔn, Amoritɔwo ƒe fia, le Hesbon ene.”

3Ale Yehowa miaƒe Mawu tsɔ Ɔg, Basan fia hã kple eƒe dukɔ blibo la de asi na mi, eye míewu wo katã, ale be ame aɖeke metsi agbe ahayi sisi ge o. 4Míexɔ eƒe du blaadeawo katã kple Basan ƒe to si woyɔna be Argob. 5Woɖo gli kɔkɔwo ƒo xlã du siawo, eye wode gakpogbowo wo nu. Míexɔ du siwo katã womeɖo gli ƒo xlãe o la hã. 6Míetsrɔ̃ Basan fiaɖuƒe la keŋkeŋ abe ale si míetsrɔ̃ Fia Sixɔn ƒe fiaɖuƒe le Hesbon ene, eye míewu ameawo katã, ŋutsuwo, nyɔnuwo kple ɖeviwo siaa. 7Ke mieha woƒe nyiwo kple afunyinuwo na mía ɖokuiwo.

8Azɔ la, Amoritɔwo ƒe fia eveawo ƒe anyigba si le Yɔdan tɔsisi la ƒe go kemɛ dzi la zu mía tɔ. Anyigba sia tso Arnon ƒe balime yi Hermon to la gbɔ. 9(Sidontɔwo yɔa Hermon to la be Sirion le esime Amoritɔwo yɔe be Senir.) 10Míexɔ du siwo katã le tonyigba la dzi kple esiwo le Gilead kple Basan azɔ va se ɖe keke Saleka kple Edrei. 11(Ɔg, Basan fiae nye ame dzɔtsu, Refaimtɔwo ƒe mamlɛtɔ. Wotsɔ eƒe gabati dzra ɖo ɖe nuwo dzraɖoƒe le Raba, si nye Amonitɔwo ƒe duwo dometɔ ɖeka me. Gabati sia didi afɔ wuietɔ̃ kple afã, eye wòkeke afɔ ade.)

Anyigba la mama

12Míetsɔ anyigba si míexɔ la na Ruben ƒe viwo kple Gad ƒe viwo kple Manase ƒe to afã la ƒe viwo. Metsɔ anyiehenyigba si tso Areor le Arnon tɔsisi la gbɔ kple Gilead to la ƒe afã kple eƒe duwo na Ruben ƒe viwo kple Gad ƒe viwo. 13Manase ƒe viwo xɔ Gilead ƒe akpa mamlɛtɔ kple teƒe si Fia Ɔg ƒe fiaɖuƒe nɔ le Argob nuto me. Woyɔa Basan ɣe aɖewo ɣi be, “Refaim ƒe Anyigba.” 14Manase ƒe hlɔ̃ si woyɔna be Yair la xɔ Argob nuto me blibo la, si nye Basan va se ɖe Gesuritɔwo kple Makatitɔwo ƒe liƒowo dzi. Wotsɔ woawo ŋutɔwo ƒe ŋkɔ na anyigba la be Havɔt Yair si gɔmee nye “Yair ƒe Kɔƒewo” abe ale si wogayɔa wo egbegbe ene. 15Metsɔ Gilead na Makir ƒe hlɔ̃. 16Ruben kple Gad ƒe towo xɔ anyigba tso Yabok tɔsisi la ŋu le Gilead, afi si Amonitɔwo ƒe anyigba dze egɔme tso va se ɖe Arnon tɔsisi la ƒe balime ƒe titina. 17Woxɔ Araba gbegbe si Yɔdan tɔsisi la do liƒo na le ɣetoɖoƒe, tso Kineret va se ɖe Pisga kple Dzeƒu la, si wogayɔna be Araba ƒu la ŋu.

18Mede se na mi be, “Yehowa, miaƒe Mawu, tsɔ anyigba sia na mi, ne woanye mia tɔ. Mi kalẽtɔwo katã mibla akpa dze mia nɔvi Israelviwo ŋgɔ. 19Ke mia srɔ̃wo kple mia viwo ya ate ŋu anɔ afi sia le du siwo metsɔ na mi la me; woanɔ miaƒe nyiwo dzi kpɔm 20va se ɖe esime miatrɔ agbɔ, eye mana to bubuawo hã naɖu woƒe futɔwo dzi. Ne woxɔ anyigba si Yehowa, míaƒe Mawu la tsɔ na wo le Yɔdan tɔsisi la godo la, ekema miate ŋu atrɔ va afi sia, si nye miawo ŋutɔ ƒe anyigba la dzi.”

Mawu na be Mose metso Yɔdan tɔsisi la o

21Megblɔ na Yosua be, “Wò ŋutɔ èkpɔ nu si Yehowa miaƒe Mawu wɔ fia eve mawo. Miwɔ nu ma tɔgbi ke fiaɖuƒe siwo le Yɔdan tɔsisi la godo. 22Mègavɔ̃ dukɔ siwo le afi ma la o, elabena Yehowa, wò Mawu la awɔ aʋa na wò.”

23Meƒo koko sia na Yehowa le ɣe ma ɣi be, 24“Aƒetɔ Yehowa, wò ŋutɔ ède asi wò gãnyenye kple wò abɔ sesẽ la ɖeɖe fia wò subɔla me xoxo, elabena Mawu kae le dziƒo alo anyigba dzi si ate ŋu awɔ wò nuwɔna siawo tɔgbi? 25Meɖe kuku na wò, na made anyigba nyui si le Yɔdan tɔsisi la godo la dzi dzro, be makpɔ to nyui ma kple Lebanon.”

26Ke Yehowa do dɔmedzoe ɖe ŋunye le miawo ta, eye meɖe mɔ nam be matso tɔsisi la o. Eɖe gbe nam be, “Esɔ gbɔ, mègaƒo nu tso nya sia ŋu azɔ o, 27ke boŋ yi Pisga to la tame, afi si nàte ŋu ɣetoɖoƒe kple anyiehe, dziehe kple ɣedzeƒe gome ɖa; àkpɔ anyigba la le didiƒe tso afi ma. Ke màtso Yɔdan tɔsisi la o. 28Na Yosua naxɔ ɖe tewòƒe. De dzi ƒo nɛ, elabena eyae akplɔ ameawo atso tɔsisi la be woaxɔ anyigba si nàkpɔ tso to la tame.” 29Míetsi bali la me le Bet Peor kasa.

Ilustração artística — interpretação, não registro histórico.

Você sabia?

Vitória em Basã e a sucessão de Josué

  • Ogue, o rei de Basã derrotado pelos israelitas em Edrei, é descrito como o último remanescente dos refains. Deuteronômio relata que seu leito de ferro ou sarcófago, medindo nove côvados de comprimento por quatro de largura, foi preservado em Rabá dos amonitas.Fontes: Og · o próprio texto bíblico
  • A região de Argobe, em Basã, era notável por suas sessenta cidades fortificadas com muros altos e portas com ferrolhos. Após a vitória de Israel, esse território rochoso foi entregue à meia tribo de Manassés e conquistado por Jair, um de seus descendentes.Fontes: Argob · o próprio texto bíblico
  • Embora Moisés tenha recebido permissão para contemplar a Terra Prometida em todas as direções do cume do Pisga, ele foi proibido de atravessar o Jordão. Moisés foi instruído a comissionar e encorajar Josué, que conduziria o povo para herdar a terra.Fontes: Joshua · o próprio texto bíblico

Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.

Lugares deste capítulo

  • Bashan · 32.781, 35.935 · versículos 1, 3, 4, 6, 10, 11, 13, 14
  • Argob · 32.969, 36.455 · versículos 4, 13, 14
  • Jordan · Hoje: Jordan River · 31.761, 35.558 · versículos 8, 17, 18, 20, 21, 25, 27, 28
  • Mount Hermon · 33.400, 35.850 · versículos 8, 9
  • Valley of the Arnon · Hoje: Wadi Mujib · 31.466, 35.573 · versículos 8, 12, 16
  • Senir · Hoje: Mount Hermon · 33.400, 35.850 · versículo 9
  • Gilead · Hoje: Gilead 1 · 32.187, 35.692 · versículos 10, 12, 13, 15, 16
  • Ammon · 31.955, 35.934 · versículos 11, 16
  • Rabbah · Hoje: Amman · 31.955, 35.934 · versículo 11
  • Havvoth-jair · 32.588, 35.726 · versículo 14
  • Jabbok · Hoje: Zarqa River · 32.115, 35.543 · versículo 16
  • Arabah · 30.417, 35.151 · versículo 17
  • Salt Sea · Hoje: Dead Sea · 31.500, 35.500 · versículo 17
  • Lebanon · 33.540, 35.584 · versículo 25

Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Fale com a gente

Conte de onde você lê, como a Bíblia tem te ajudado ou o que podemos melhorar. Lemos todas as mensagens.