Nations Bible

Deuteronômio 27

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.

Vɔsamlekpui si wotu ɖe Ebal to la dzi

1Tete Mose kple Israel ƒe ametsitsiwo de se bubu na ameawo be woalé se siwo katã yede na wo egbe la me ɖe asi.

2“Ne ètso Yɔdan tɔsisi la, eye nèɖo Ŋugbedodonyigba la dzi la, ɖe kpe gãwo tso tɔsisi la me, eye nàtsɔ wo awɔ ŋkuɖodzikpe enumake ɖe tɔsisi la ƒe akpa kemɛ le Ebal to la gbɔ. Si akalo na kpeawo, 3eye nàŋlɔ Mawu ƒe seawo katã ɖe kpeawo dzi, gbe si gbe nèɖo tɔ la godo be nàyi anyigba si Yehowa, wò Mawu la le na wò ge la dzi, anyigba si dzi ‘notsi kple anyitsi bɔ ɖo,’ abe ale si Yehowa, fofowòwo ƒe Mawu la do ŋugbee ene.

4“Ne ètso Yɔdan tɔsisi la la, ɖo kpe siawo ɖe Ebal to la dzi, abe ale si megblɔ na wò ene, eye nàsi akalo na wo. 5Tu vɔsamlekpui ɖe afi ma na Yehowa, wò Mawu la kple kpe siwo womefu kple gakpo o. 6Tu vɔsamlekpui la kple kpe siwo womekpa o, eye nàsa numevɔ na Yehowa, wò Mawu la ɖe vɔsamlekpui la dzi.

7“Sa ŋutifafavɔ hã ɖe edzi, eye nàɖu nu kple dzidzɔ le afi ma le Yehowa wò Mawu ƒe ŋkume. 8Ŋlɔ se siawo katã, ɖe sia ɖe me nakɔ nyuie ɖe ŋkuɖodzikpe sia dzi.”

Fiƒodewo tso Ebal to la dzi

9Mose kple nunɔla siwo nye Levitɔwo gblɔ nya siawo na Israelviwo katã be, “O! Israel, ɖo to! Egbe la, èzu Yehowa, wò Mawu la ƒe dukɔ, 10eya ta ele be nàdze se siwo katã mede na wò la dzi wɔwɔ gɔme egbea.”

11Mose de se siawo na Israelviwo gbe ma gbe ke.

12“Ne mietso Yɔdan tɔsisi la, eye mieɖo ŋugbedodonyigba la dzi la, ame siwo atsi tsitre ɖe Gerizim to la dzi, ayra dukɔ la woe nye Simeon, Levi, Yuda, Isaka, Yosef kple Benyamin ƒe dzidzimeviwo, 13eye Ruben, Gad, Aser, Zebulon, Dan, Naftali ƒe dzidzimeviwo atsi tsitre ɖe Ebal to la dzi aƒo fi ade ameawo. 14Ekema Levitɔwo atsi tsitre ɖe akpa eveawo dome ado ɣli agblɔ na Israel dukɔ blibo la be,

15“Ame sia ame si awɔ legba, eye wòasubɔe nenye le ɣaɣlaƒe hã, nenye aklamakpakpɛ loo alo nu si wololõ ga tsɔ wɔe, esi mawu siwo katã wowɔ kple asi nye nu si Yehowa lé fui ta la, Mawu ƒe fiƒode nava nu siawo wɔlawo dzi.” Eye ameawo katã ado ɣli be, “Amen!”

16“Mawu ƒe fiƒode nava ame sia ame si ado vlo fofoa alo dadaa la dzi.” Eye ameawo katã ado ɣli be, “Amen!”

17“Mawu ƒe fiƒode nava ame sia ame si aɖɔli teƒe na liƒoti le eya ŋutɔ ƒe anyigba kple nɔvia tɔ dome la dzi.” Eye ameawo katã ado ɣli be, “Amen; neva eme nenema!”

18“Mawu ƒe fiƒode nava ame sia ame si awɔ ŋkuagbãtɔ aɖe ƒe numakpɔmakpɔ ŋu dɔ wòazu viɖe na eya ŋutɔ la dzi.” Eye ameawo katã ado ɣli be, “Amen; neva eme nenema!”

19“Mawu ƒe fiƒode nava ame sia ame si aba amedzro, tsyɔ̃evi kple ahosi aɖe la dzi.” Eye ameawo katã ado ɣli be, “Amen; neva eme nenema!”

20“Mawu ƒe fiƒode nava ame sia ame si awɔ ahasi kple fofoa srɔ̃wo dometɔ ɖeka la dzi, elabena fofoa tɔe.” Eye ameawo katã ado ɣli be, “Amen; neva eme nenema!”

21“Mawu ƒe fiƒode nava ame sia ame si adɔ lã aɖe gbɔ la dzi.” Eye ameawo katã ado ɣli be, “Amen; neva eme nenema!”

22“Mawu ƒe fiƒode nava ŋutsu si adɔ eya ŋutɔ nɔvinyɔnu, eɖanye fofovia alo dadavia gbɔ la dzi.” Eye ameawo katã ado ɣli be, “Amen; neva eme nenema!”

23“Mawu ƒe fiƒode nava ame sia ame si ade asi lɔ̃xoa ŋu la dzi.” Eye ameawo katã ado ɣli be, “Amen; neva eme nenema!”

24“Mawu ƒe fiƒode nava ame sia ame si awu nɔvia le adzame la dzi.” Eye ameawo katã ado ɣli be, “Amen: neva eme nenema!”

25“Mawu ƒe fiƒode nava ame sia ame si axɔ zãnu be yeawu ame maɖifɔ la dzi.” Eye ameawo katã ado ɣli be, “Amen; neva eme nenema!”

26“Mawu ƒe fiƒode nava ame sia ame si mawɔ se siawo katã dzi o la dzi.” Eye ameawo katã agblɔ be, “Amen!”

Ilustração artística — interpretação, não registro histórico.

Você sabia?

As Pedras no Monte Ebal e as Maldições da Aliança

  • Ao cruzar o Jordão, os israelitas receberam a ordem de erguer grandes pedras rebocadas com cal no monte Ebal e escrever nelas com clareza todas as palavras da lei. Também foram instruídos a construir ali um altar feito apenas de pedras brutas, não trabalhadas por ferramentas de ferro.Fontes: o próprio texto bíblico · Mount Ebal
  • As doze tribos foram divididas igualmente entre dois montes vizinhos perto de Siquém: seis tribos ficaram no monte Gerizim para pronunciar bênçãos, enquanto as outras seis ficaram no monte Ebal para a proclamação das maldições.Fontes: o próprio texto bíblico · Mount Ebal · Mount Gerizim
  • Os levitas recitavam uma série de maldições direcionadas principalmente a pecados cometidos em segredo, como idolatria oculta, mudança de marcos de terras, maus-tratos aos vulneráveis e agressões escondidas, aos quais todo o povo respondia confirmando 'Amém.'Fontes: o próprio texto bíblico

Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.

Lugares deste capítulo

  • Jordan · Hoje: Jordan River · 31.761, 35.558 · versículos 2, 4, 12
  • Mount Ebal · 32.234, 35.273 · versículos 4, 13
  • Mount Gerizim · 32.199, 35.273 · versículo 12

Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Fale com a gente

Conte de onde você lê, como a Bíblia tem te ajudado ou o que podemos melhorar. Lemos todas as mensagens.