Deuteronômio 24
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.
Srɔ̃ɖeɖe kple srɔ̃gbegbe ƒe sewo
1“Ne ŋutsu aɖe srɔ̃ ƒe nu meganyo eŋu o la, ŋutsu la aŋlɔ srɔ̃gbegbalẽ atsɔ na srɔ̃a, eye wòanyae. 2Ne nyɔnu la gaɖe srɔ̃, 3eye srɔ̃a evelia hã gagbee alo ku la, 4srɔ̃ŋutsu gbãtɔ mekpɔ mɔ agaɖee o, elabena ŋutsu la do ŋunyɔ nyɔnu la kpɔ. Nu sia ahe vɔ̃ va anyigba si Yehowa, wò Mawu la le nawòm la dzi.
5“Ne ŋutsu aɖe ɖe srɔ̃ eteƒe medidi o la, mègaɖoe ɖe aʋa loo alo nàde dɔ tɔxɛ aɖeke asi nɛ o. Na wòakpɔ vovo ƒe blibo ɖeka, anɔ aƒe me, eye wòakpɔ dzidzɔ kple srɔ̃a.”
Sewo le beléle na ame dahewo ŋu
6“Se meɖe mɔ be woaxɔ wɔtute abe awɔbanu ene o, elabena eyae nye dɔwɔnu si naa nuɖuɖu ame si tɔ wònye. 7Ne ame aɖe fi nɔvia Israelvi, eye wòwɔe eƒe kluvi alo dzrae la, ele be amefila la naku ale be nu vɔ̃ naɖe ɖa le mia dome.
8“Ele be nàkpɔ egbɔ be wowɔ nunɔlawo ƒe sewo dzi pɛpɛpɛ le anyidzedɔ, dɔdzĩ kple kpodɔ gome, elabena mede se siwo dzi miawɔ ɖo nyaɖenyanui la na nunɔlawo. 9Ɖo ŋku nu si Yehowa, wò Mawu la wɔ Miriam esi miegbɔna tso Egipte la dzi.
10“Ne èɣe nane na ame aɖe la, mèkpɔ mɔ nàyi eƒe aƒe me be yeaxɔ awɔbanu aɖeke o. 11Nɔ aƒea godo! Na ame si nèɣe nu la na la ŋutɔ natsɔ awɔbanu la vɛ na wò. 12Ne amea da ahe, eye wòtsɔ eƒe avɔ na wò abe awɔbanu ene la, mele be nàtsyɔ avɔ la amlɔ anyie o. 13Trɔe yi nɛ ne ɣe ɖo to, ale be wòate ŋu awɔ eŋu dɔ le zã me, ekema woayra wò. Yehowa, wò Mawu la abui dzɔdzɔenyenyee na wò.
14“Mègate agbatedɔwɔla aɖeke ɖe to gbeɖe o, eɖanye nɔviwò Israelvi loo alo amedzro si le wò du me o. 15Xe eƒe fetu nɛ gbe sia gbe hafi ɣe naɖo to, elabena esi wòda ahe ta la, ehiã fetu la enumake. Ne mèxee nɛ enumake o la, afa konyi tso ŋuwò, eye Yehowa abui nu vɔ̃e na wò.”
Sewo le tsyɔ̃eviwo kple amedzrowo ŋuti
16“Womawu fofowo ɖe wo viwo ƒe nu vɔ̃wo ta o, eye nenema ke womawu viwo ɖe wo fofowo ƒe nu vɔ̃wo ta o. Woawu ame sia ame ɖe eya ŋutɔ ko ƒe nu vɔ̃ ta.
17“Mègate amedzrowo kple tsyɔ̃eviwo ƒe nya dzɔdzɔe ɖe to o, eye mègaxɔ ahosi aɖeke ƒe avɔ abe awɔbanu ene o. 18Ɖo ŋku edzi ɣe sia ɣi be mienye kluviwo le Egipte kpɔ, eye Yehowa, miaƒe Mawu la ɖe mi, eya tae mede se sia na mi. 19Ne èle wò nukuwo xam le wò agble me, eye nèŋlɔ nuku babla aɖe be ɖe agblea me la, mègatrɔ yi ɖatsɔe o. Gblẽe ɖi na amedzrowo, tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo. Ekema Yehowa, wò Mawu la ayra wò asinudɔwo katã woadze edzi na wò. 20Ne ègbe kutsetsewo le amiti dzi la, mègatsa atilɔawo dzi zi evelia o. Gblẽ kutsetse siwo atsi atilɔawo dzi la ɖi na amedzrowo, tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo. 21Se sia kee le wò wain tsetsewo gbegbe hã ŋu. Ne ègbe wò wain tsetsewo la, mègatsa le alɔawo dzi zi evelia o, ke boŋ gblẽ kutsetse siwo tsi atia dzi la ɖi na hiãtɔwo. 22Ɖo ŋku edzi be mienye kluviwo le Egipte kpɔ, eya tae mele se sia dem na mi.”

Você sabia?
Leis de Compaixão, Justiça e Proteção Social
- As leis de colheita israelitas exigiam que os proprietários deixassem feixes esquecidos de cereais, azeitonas restantes e respigos de uvas para os grupos vulneráveis: o estrangeiro residente, o órfão e a viúva. Esse sistema de assistência apoiava-se na memória coletiva de que os israelitas haviam sido escravos no Egito.Fontes: o próprio texto bíblico · Egypt
- Devedores e trabalhadores assalariados contavam com limites legais explícitos. Os credores eram proibidos de entrar na casa de um devedor para tomar penhores, de reter mós indispensáveis ao sustento diário ou de guardar a capa de dormir de uma pessoa pobre após o pôr do sol, além de deverem pagar os diaristas antes do anoitecer.Fontes: o próprio texto bíblico
- Ao dar instruções sobre doenças infecciosas da pele e as orientações dos sacerdotes levíticos, o texto relembra a aflição que atingiu Miriã, irmã de Moisés e Arão, durante a caminhada pelo deserto após a saída do Egito.Fontes: o próprio texto bíblico · Miriam · Egypt
Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.
Lugares deste capítulo
Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org