Deuteronômio 14
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.
Nu siwo ŋu kɔ kple nu siwo ŋu mekɔ na ɖuɖu o
1“Esi wònye Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe amewo mienye ta la, migasi ŋuti na mia ɖokuiwo gbeɖegbeɖe abe ale si trɔ̃subɔlawo wɔna ne wole woƒe legbawo subɔm la ene o. Gawu la, ne ame ku la, mele be mialũ miaƒe ŋgonu kple dzodome o. 2Yehowa, miaƒe Mawu la ɖeɖe ko tɔe mienye. Eyae tia mi be mianye ye tɔ wu dukɔ bubu ɖe sia ɖe le xexea me.
3“Migaɖu nu siwo ŋuti mekɔ o la dometɔ aɖeke o. 4Lã siwo miate ŋu aɖu la woe nye: nyi, alẽ, gbɔ̃, 5zi, sẽ, afiã, gbɔ̃ si le gbe me, avugbɔ̃e kple alẽ si nɔa towo dzi. 6Miate ŋu aɖu lã siwo katã ƒe afɔkli me fe, eye wodzɔa nu gaɖuna. 7Ke lã siwo ƒe afɔkli me fe alo woɖua nu gadzɔna la, migaɖu esiawo ya o, woawoe nye kposɔ, fɔmizi kple xɔfie, elabena togbɔ be wodzɔa nu gaɖuna hã la, woƒe afɔkli me mefe ɖe eve o, eya ta wonye lã makɔmakɔwo. 8Nenema ke, migaɖu ha hã o, elabena togbɔ be eƒe afɔkli me fe hã la, medzɔa nu gaɖuna o. Mele be miaka asi lã siawo ƒe kukuawo gɔ̃ hã ŋu o.
9“Tɔmelã siwo ko miekpɔ mɔ aɖu la woe nye esiwo ŋu adza kple tsro le. 10Ke tɔmelã bubuawo katã siwo ŋu tsro kple adza mele o la nye nu makɔmakɔwo; migaɖu wo o. 11Miekpɔ mɔ aɖu xe ɖe sia ɖe si ŋuti kɔ 12negbe hɔ̃, akaga, akpɔ̃, 13doɖi, aʋako dzĩtɔ kple yibɔtɔwo, akpaviã ƒomevi vovowo, ayisu ƒomevi ɖe sia ɖe, 14akpaviã ƒomevi ɖe sia ɖe, 15golo, sagbadre, tsalɛ̃ kple aʋako ƒomevi ɖe sia ɖe, 16ʋlukuku, favieʋuto kple aŋɔɣi, 17aluge, akaga kple tsimese, 18damixe kple ako ƒomevi ɖe sia ɖe, agudzixe kple dro.
19“Nudzodzoewo katã kloe nye nu makɔmakɔwo, eya ta miekpɔ mɔ aɖu wo o. 20Ke miekpɔ mɔ aɖu xe siwo katã ŋu kɔ.
21“Migaɖu naneke si ku le eɖokui si o, Ke amedzro si le mia dome la ate ŋu aɖui. Miate ŋu atsɔe nɛ alo adzrae nɛ, gake miawo ŋutɔ ya migaɖui o, elabena mienye dukɔ kɔkɔe na Yehowa, miaƒe Mawu la.
“Migaɖa gbɔ̃vi le dadaa ƒe notsi me o.”
Nuwo ƒe akpa ewolia nana
22“Ele be miana miaƒe agblemenukuwo ƒe ewolia ƒe sia ƒe pɛpɛpɛ. 23Mitsɔ agblemenukuwo ƒe ewolia sia va ɖu le Yehowa, mia Mawu la ŋkume le teƒe si wòatia abe eƒe kɔkɔeƒe ene. Nu siawoe nye miaƒe bli, wain yeye, ami kple miaƒe alẽwo kple nyiwo ƒe ŋgɔgbeviwo. Nu ewolia nana ƒe taɖodzinue nye be, miatsɔ teƒe gbãtɔ na Yehowa, miaƒe Mawu la le miaƒe agbenɔnɔ me. 24Ne teƒe si Yehowa miaƒe Mawu tia abe eƒe kɔkɔeƒe ene didi ale gbegbe be manɔ bɔbɔe be miatsɔ miaƒe nuwo ƒe ewolia ayi afi ma ke o la, 25ekema miate ŋu adzra miaƒe agblemenukuwo kple lãwo ƒe ewolia, eye miatsɔ ga la ayi Yehowa miaƒe Mawu ƒe kɔkɔeƒe la. 26Ne mieɖo afi ma la, ekema mitsɔ ga la ƒle nyitsu ɖeka kple alẽ ɖeka, eye miadze wain alo aha sesẽ aɖe, miaɖu nu le afi ma le Yehowa, miaƒe Mawu la ŋkume, eye miatso aseye kple miaƒe aƒemetɔwo.
27“Migaŋlɔ be, eye miagbe miaƒe ga la ƒe akpa aɖe nana Levitɔ siwo le mia dome o, elabena domenyinu alo agblemenuku aɖeke mele woawo si abe miawo ene o.
28“Le ƒe etɔ̃lia ɖe sia ɖe me la, ele be miawɔ miaƒe nuwo ƒe ewolia katã ŋu dɔ hena dɔwɔwɔ le miaƒe nutowo me. 29Mitsɔe na Levitɔwo, ame siwo si domenyinu aɖeke mele le mia dome o alo miatsɔ wo ana amedzro, ahosi alo tsyɔ̃evi siwo le miaƒe du me ale be woaɖu nu aɖi ƒo. Ekema Yehowa, miaƒe Mawu la ayra mi kple miaƒe dɔwɔwɔwo.”

Você sabia?
Leis Alimentares e Disposições sobre o Dízimo
- As leis alimentares de Deuteronômio 14 distinguem os animais terrestres puros dos impuros com base em dois critérios físicos: ter o casco fendido e ruminar. As criaturas aquáticas só eram consideradas próprias para o consumo se tivessem tanto barbatanas quanto escamas.Fontes: o próprio texto bíblico
- Para atender às famílias que moravam longe do santuário escolhido, a lei permitia converter os dízimos agrícolas em prata para a viagem. Ao chegar ao local central, os adoradores podiam usar o dinheiro para comprar alimentos festivos e celebrar com sua família.Fontes: o próprio texto bíblico
- A cada três anos, o dízimo da colheita era recolhido e armazenado nas cidades locais em vez de ser levado ao santuário central. Esse suprimento era reservado para sustentar os membros da comunidade que não possuíam herança de terras, como levitas, estrangeiros residentes, órfãos e viúvas.Fontes: o próprio texto bíblico
Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.
Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org