Colossenses 2
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.
1Adzɔ dzi nam ŋutɔ nenye be ɖe mianya ale si meʋlina ŋutɔ ɖe miawo kple ame siwo le Laodikea la kple nɔvi vevi bubu siwo menyam kura o la hã ta. 2Nu si mebia Mawu na mi lae nye be dzideƒo nanɔ mia si, eye lɔlɔ̃ ƒe ŋusẽ nabla mi ɖekae, ale be miate ŋu akpɔ mɔnu anya Kristo le kakaɖedzi me kple gɔmesese deto vavãtɔ, elabena Mawu ƒe ɖoɖo ɣaɣla si wòva ɖe fia mlɔeba lae nye Kristo ŋutɔ. 3Eya mee wòɣla nunya kple sidzedze ƒe kesinɔnuwo katã ɖo.
Dedinɔnɔ si vana to agbenɔnɔ le Kristo Yesu me la me
4Mele nya siawo gblɔm na mi elabena mele vɔvɔ̃m be ame aɖe ate ŋu ava ble mi alo ado lã mi to eƒe aɖe ŋanɛ nyawo gbɔgblɔ na mi me. 5Togbɔ be nyemele mia gbɔ le ŋutilã me o hã la, mele mia gbɔ le gbɔgbɔ me. Mekpɔ dzidzɔ, elabena miele agbe nɔm nyuie, eye miaƒe xɔse hã le ŋusẽ kpɔm ɖe edzi le Kristo me. 6Azɔ abe ale si miexɔ Yesu Kristo, Aƒetɔ la dzi se be aɖe mi ene la, mixɔ se nenema ke le miaƒe gbe sia gbe ƒe nuwɔnawo me. 7Mili ke ɖe eya amea me blibo eye miaxɔ nunyiame tso egbɔ. Mikpɔ egbɔ be mietsi ɖe edzi le xɔse me. Mina dzidzɔ kple akpedada nayɔ miaƒe agbe me fũu ɖe nu gã siwo katã wòwɔ na mi la ta.
8Migana ame aɖeke nakplɔ mi ayi aboyo me to xexemenunya kple beble dzodzro me o. Wotu wo ɖe amegbetɔ ƒe nunya kple xexeme ƒe gɔmedzenuwo dzi, ke menye ɖe nu siwo Kristo gblɔ dzi o. 9Elabena Mawu ƒe blibonyenye la katã nɔ Kristo me le ŋutilã ƒe dzedzeme nu, 10eye blibonyenye sia yɔ mi fũu le Kristo si nye ta na ŋusẽwo kple dziɖulanyenyewo katã me. 11Eya amea me hã wotso aʋa na mi, le esime mieɖe miaƒe dzɔdzɔmenu vɔ̃ si nye ŋutilã la ɖa, menye kple aʋatsotso si wotsɔ asi tsoe o, ke esi wowɔ to Kristo me la boŋ. 12To mawutsideta me, mieku kplii, eye mietsi tsitre kplii to miaƒe xɔse si le Mawu ƒe ŋusẽ si fɔe tso ame kukuwo dome la me.
13Esime mienye ame kukuwo le dzidadawo me, eye mienye Yudaviwo o ta, Mawu na be miekpɔ gome le Kristo ƒe agbenɔnɔ me, elabena etsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ke mi, 14eye wòtutu nya si wotsɔ ɖe mia ŋuti la ɖa, vodada siawo nye eƒe se siwo dzi mieda le la. Etsɔ nu vɔ̃ siawo katã klã ɖe atitsoga ŋuti, eye wòɖe wo ɖa. 15To esia me la, eɖe gbɔgbɔwo ƒe dziɖuɖu kple ŋusẽ ɖa, eye wòdo ŋukpe wo le gaglãgbe, eye wòkpɔ dziɖuɖu ɖe wo dzi.
16Eya ta migana ame aɖeke naɖe ɖeklemi kpli mi le nu si mieɖuna alo nona ŋu loo, alo ale si miawo mieɖua Yudatɔwo ƒe azãwo, ŋkekenyuiwo, dzinu yeye ƒe wɔnawo kple Dzudzɔgbe ŋkekewo o la ta o. 17Elabena esiawo nye nu siwo gbɔna la ƒe vɔvɔli; ke nu la ŋutɔ le Kristo me va. 18Migana ame aɖeke nable mi be esi miegbe be yewomasubɔ mawudɔlawo abe ale si wogblɔ na mi ene o ta la, miele tsɔtsrɔ̃ ge o. Wogblɔna be yewokpɔ ŋutega, eye yewonya be ele be miasubɔ mawudɔlawo. Ame siawo nye dadalawo togbɔ be wogblɔna be yewonye ɖokuibɔbɔɖeanyilawo hã. Susu wɔnuku le wo si. 19Ke womeku ɖe Kristo si nye ta si ŋu mi ame siwo katã nye eƒe ŋutilã la ku ɖo la ŋu o, elabena eƒe lãmeka sesẽwo Mawu tsɔ bla mí ɖekae, eye míetea ŋu tsina, elabena míexɔa nunyiame kple ŋusẽ tso eya ɖeka ko gbɔ.
20Le nyateƒe me, esi mieku kple Kristo ta la, mievo tso nu si xexemetɔwo buna tso ɖeɖekpɔkpɔ ŋuti la ƒe asi me. Ne ele alea la, nu ka ta miegale wo wɔwɔ dzi, eye woƒe se mawo gabla mi ɖo? 21“Wobe migaɖu esi o! Migaɖɔ ekemɛ kpɔ o! Eye wobe migaka asi nuɖuɖu aɖewo ya ŋuti kura o!” Nu ka tae? 22Nu siawo katã le gbegblẽ ge to wo ŋuti dɔ wɔwɔ me le amewo ƒe sededewo kple nufiafiawo nu. 23Se siawo anya dze se nyuiwoe, elabena wonye se siwo hiã ameɖokuitsɔtsɔke kple ɖokuibɔbɔ blibo kpakple fuwɔwɔ ame ƒe ŋutilã, eye wo dzi wɔwɔ sesẽ, gake ŋusẽ aɖeke mele wo si be ame natsɔ aɖu eƒe susuwo kple dzodzro vɔ̃wo dzi o. Ɖeko wonana ame dana.

Você sabia?
Plenitude em Cristo, não um ensino vazio
- O autor diz que está lutando pelos leitores, pelos que estão em Laodiceia e por todos os que nunca o encontraram cara a cara. Laodiceia ficava na fronteira entre a Frígia e a Lídia, às margens do Lico, cerca de quarenta milhas a leste de Éfeso, e era uma das cidades mais importantes e prósperas da Ásia Menor.Fontes: o próprio texto bíblico · Laodicea
- Ele os adverte a não se deixarem levar cativos por filosofia e engano vazio, baseados na tradição humana e nas forças espirituais do mundo, e a não se deixarem enganar por uma retórica suave.Fontes: o próprio texto bíblico
- O capítulo também diz que não devem permitir que alguém os julgue pelo que comem ou bebem, nem por uma festa, uma lua nova ou um sábado — coisas que o texto chama de sombra do que havia de vir — e que devem resistir à falsa humildade, ao culto dos anjos e a regras contra manusear, provar e tocar, fundadas em mandamentos humanos.Fontes: o próprio texto bíblico
Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.
Lugares deste capítulo
- Laodicea · Hoje: Laodicea on the Lycus · 37.836, 29.108 · versículo 1
Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org