Nations Bible

Atos 25

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.

Paulo tsɔ eƒe nya de asi na Kaisaro

1Esi Festus dze eƒe dɔ gɔme le Kaesarea ƒe ŋkeke etɔ̃a gbe tututu la, eɖi tsa yi Yerusalem. 2Nunɔlagãwo kple Yudatɔwo ƒe dumegãwo wɔ mɔnukpɔkpɔ sia ŋuti dɔ heka Paulo ƒe nya la ta nɛ. 3Wodze agbagba bia amenuveve tso Festus gbɔ be wòaɖo Paulo ɖe Yerusalem enumake kple susu be, yewoabe ɖe mɔa dzi awui. 4Festus ɖo eŋu be, “Esi Paulo le gaxɔ me le Kaesarea, eye nye hã mele afi ma yi ge kpuie la, 5mina miaƒe kplɔla aɖewo nadze yonyeme aɖatsɔ nya ɖe ŋutsu la ŋu le afi ma nenye be eda vo aɖe.”

6Le ŋkeke enyi alo ewo megbe la, Festus trɔ yi Kaesarea, eye le ŋkeke evea gbe tututu la, eyɔ Paulo ƒe nya la le ʋɔnu.

7Esi Paulo va ɖo ʋɔnua ko la, Yudatɔ siwo tso Yerusalem va la le tsitre ƒo xlãe, eye wotsɔ nutsotso vevi geɖewo vɛ ɖe Paul ŋu, esiwo ŋu womete ŋu fia kpɔɖeŋu aɖeke le o. 8Ke Paulo ɖo eŋu na wo be, “Nyemedze agɔ le ame aɖeke dzi o. Nyemeda Yudatɔwo ƒe se aɖeke dzi o, eye nyemedo vlo gbedoxɔ la hã o. Gawu la, nyemetsi tsitre ɖe Roma dziɖuɖu alo Kaisaro ŋu o.”

9Ke Festus di vevie be yeave Yudatɔwo nu, eya ta ebia Paulo be, “Èlɔ̃ be yeayi Yerusalem be madrɔ̃ ʋɔnu ye le afi ma?”

10Paulo ɖo eŋu nɛ be, “Kaisaro ƒe ʋɔnudrɔ̃zikpui la ŋgɔe nye esi mele tsitre ɖo, afi si wòle be wòadrɔ̃ ʋɔnum le sea nu le. Nyemewɔ vɔ̃ aɖeke Yudatɔwo o, abe ale si wò ŋutɔ nènya nyuie ene. 11Ne mewɔ nane si dze na ku la, nyemele ku vɔ̃m o. Ke ne vodada aɖeke mele ŋunye o la, medze be wò alo ame bubu aɖeke nakɔm ade asi na ame siawo be woawum o. Metsɔ nye nya de asi na Fia Kaisaro ŋutɔ!”

12Nya sia na be Festus trɔ ɖe eŋumewo ŋu eye wodo dalĩ vie. Emegbe la, etrɔ ɖe Paulo gbɔ, gblɔ nɛ be, “Enyo; Paulo, esi nètsɔ wò nya de asi na Kaisaro ta la, míaɖo wo ɖe Kaisaro gbɔ.”

Paulo do ɖe Fia Agripa ŋkume

13Le ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la, Fia Agripa kple nɔvia nyɔnu, Benis ɖi tsa va Festus gbɔ le Kaesarea be yewoakpɔe ɖa. 14Le woƒe afi ma nɔnɔ me la, Festus gblɔ Paulo ƒe nya na fia la be, “Felix gblẽ ame aɖe ɖe gaxɔ me le afi sia hafi meva xɔ eteƒe. 15Eye esi meɖi tsa de Yerusalem la, nunɔlagãwo kple Yudatɔwo ƒe tatɔwo va gbɔnye hewɔ nutsotso geɖe ɖe ame sia ŋu, eye wobia tso asinye be matso kufia nɛ. 16Ke abe ale si wò ŋutɔ nènyae ene la, megblɔ na wo be míaƒe Roma se la meɖe mɔ be woabu fɔ ame ʋɔnumadrɔmadrɔ̃e o, ke boŋ ele be woana mɔe be wòaɖe eɖokui nu le ame siwo tsɔ nya ɖe eŋu la ŋkume.

17“Esi Yudatɔwo tso Yerusalem va afi sia la, meyɔ ʋɔnua, eye mena wokplɔ Paulo va ʋɔnuae. 18Esi enutsolawo tsi tsitre be woaƒo nu la, wometsɔ nya sesẽ aɖeke ɖe eŋu, abe ale si mebui ene o, 19ke boŋ nyaʋiʋli aɖewo tso woƒe subɔsubɔ kple ame aɖe si woyɔna be Yesu, ame si ku, gake Paulo ya gale gbɔgblɔm be ele agbe kokoko la ŋu. 20Esi mese woƒe nyawo la, metɔtɔ ŋutɔ, elabena nyemenya ale si madrɔ̃ nya sia ƒomevie o. Mebia Paulo be alɔ̃ be woadrɔ̃ nya sia le Yerusalem hã? 21Gake Paulo gbe gblɔ be yedi be Kaisaro gã la ŋutɔ nadrɔ̃ ʋɔnu ye. Le esia ta la, megana be woagbugbɔe ayi gaxɔ me va se ɖe esime mate ŋu aɖoe ɖe Kaisaro gbɔ.”

22Agripa gblɔ na Festus be, “Nye ŋutɔ medi be mabia gbe Paulo ase eƒe numegbe.”

Festus do ŋugbe nɛ be, “Etsɔ àse eƒe numegbe.”

23Le ŋkeke evea gbe tututu la, Agripa kple Benis va do ɖe ʋɔnudrɔ̃ƒe la le bubu kple atsyɔ̃ɖoɖo gã me. Asrafowo kple dumegãwo hã nɔ wo ŋu. Esi woɖi anyi vɔ la, Festus na wokplɔ Paulo va wo ŋkumee.

24Festus ƒo nu na ƒuƒoƒe la be, “Fia Agripa kple ame siwo katã ƒo ƒu ɖe afi sia, ame si le mia dome lae nye ame si Yudatɔ siwo le du sia me kple Yerusalem siaa la di be woatso kufia na. 25Ke le nye nukpɔkpɔ nu la, mewɔ naneke si dze na ku o. Ke esi eya ŋutɔ bia be Kaisaro ŋutɔ nadrɔ̃ ʋɔnu ye ta la, wɔna aɖeke megale ŋunye wu be maɖoe ɖe Kaisaro gbɔ le Roma o. 26Gake hã la, nyemenya nya ka tututu maŋlɔ ɖo ɖe Fiagã la abe nutsotso le eŋu ene o, elabena wometsɔ nya gobii aɖeke ɖe eŋu o. Eya ta mekplɔe vɛ na mi katã, vevietɔ wò Fia Agripa, be nàbia gbee, eye to esia me makpɔ nane aŋlɔ tso eŋu. 27Elabena susu mele eme be woaɖo gamenɔla aɖe ɖe Kaisaro be wòadrɔ̃ ʋɔnue le esime wometɔ asi nutsotso aɖeke dzi tso eŋu o.”

Ilustração artística — interpretação, não registro histórico.

Você sabia?

O apelo de Paulo a César

  • Cesareia, no Mediterrâneo, cerca de setenta milhas a noroeste de Jerusalém, era a capital da província romana da Judeia e a sede dos procuradores. Herodes, o Grande, a construiu e lhe deu o nome em honra de César Augusto, e foi ali que Festo se sentou no tribunal; subir a Jerusalém e descer a Cesareia segue o caminho entre essa capital costeira e a cidade montanhosa.Fontes: Caesarea · Jerusalem · o próprio texto bíblico
  • O Easton's Bible Dictionary (1897) identifica Festo como o procurador da Judeia que sucedeu a Félix; poucas semanas depois de Festo assumir o cargo, foi-lhe apresentado o caso de Paulo, a quem Félix deixara preso em Cesareia. O mesmo dicionário diz que ele não encontrou nada digno de morte ou de prisão e teria libertado Paulo se este não tivesse apelado a César; após o apelo, Festo consultou o conselho e respondeu que Paulo iria a César.Fontes: Portius Festus · Felix · o próprio texto bíblico
  • Agripa II, nascido em Roma e irmão de Berenice, foi nomeado pelo imperador Cláudio superintendente do templo de Jerusalém e, mais tarde, rei sobre a tetrarquia de Filipe e Lisânias. Ele e Berenice desceram a Cesareia para apresentar cumprimentos a Festo, que, sem saber como investigar contendas sobre a própria religião dos judeus e sobre um Jesus que Paulo afirmava estar vivo, levou Paulo perante o rei para ter acusações definidas a escrever ao imperador.Fontes: Agrippa · Bernice · o próprio texto bíblico

Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.

Lugares deste capítulo

  • Caesarea · Hoje: Caesarea Maritima · 32.500, 34.892 · versículos 1, 4, 6, 13, 24
  • Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículos 1, 3, 7, 9, 15, 20, 24
  • Rome · 41.892, 12.485 · versículos 25, 27

Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Fale com a gente

Conte de onde você lê, como a Bíblia tem te ajudado ou o que podemos melhorar. Lemos todas as mensagens.