Atos 23
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.
Paulo le ʋɔnudrɔ̃lawo ŋkume
1Paulo li ŋku ɖe takpekpea dzi gãa, eye wòƒo nu gblɔ be, “Nɔviwo, nye dzitsinya ka ɖe edzi nam be nye agbenɔnɔ dzea Mawu ŋu ɣe sia ɣi.”
2Esi wòɖe nu le nya sia me teti ko la, nunɔlagã Anania ɖe gbe be ame siwo le Paulo gbɔ lɔƒo la naƒo nugbɔ nɛ. Ale woƒoe nɛ.
3Paulo gblɔ nɛ be, “Mawu aƒo wò hã, wò ame si le abe gli si wosi akalo na ene. Ènɔ zi dzi be nadrɔ̃ ʋɔnum ɖe se la nu, ke wò ŋutɔ nèda sea dzi, ɖe gbe be woaƒo alɔgbɔ nam!”
4Ame siwo nɔ tsitre ɖe Paulo gbɔ la do ɣli ɖe eta be, “Mɔ kae nèkpɔ be nànɔ Mawu ƒe nunɔlagã la dzum alea?”
5Paulo ɖo eŋu be, “Tɔnye medzɔ o, nɔviwo, nyemenya be eyae nye nunɔlagã la o, elabena mawunya gblɔ be, ‘Mègagblɔ nya vɔ̃ aɖeke ɖe wò dukɔ ƒe kplɔlawo ŋu o.’ ”
Ʋiʋli ɖo Zadukitɔwo kple Farisitɔwo dome
6Azɔ, esi Paulo kpɔe dze sii be takpekpea me valawo ƒe akpa aɖewo nye Zadukitɔwo, eye ɖewo hã nye Farisitɔwo ŋuti la, edo ɣli gblɔ be, “Nɔvinyewo, Farisitɔ menye abe tɔgbuinyewo ke ene, eye nu si ta wohem va ʋɔnue egbe lae nye be nye hã meka ɖe edzi abe miawo ke ene be ame siwo ku la agafɔ tso ku me.” 7Esi wògblɔ esia ko la, ʋiʋli ge ɖe Farisitɔwo kple Zadukitɔwo dome, eye takpekpe la ma ɖe akpa eve. 8(Elabena Zadukitɔwo gblɔna be tsitretsitsi tso ame kukuwo dome meli o, eye mawudɔlawo kple gbɔgbɔwo meli o, ke Farisitɔwo xɔ nu siawo dzi se be woli.)
9Nu sia he tɔtɔ gã aɖe vɛ, eye Yudatɔwo ƒe agbalẽfiala aɖewo siwo nye Farisitɔwo tsi tsitre hedo ɣli be yewomekpɔ be naneke gblẽ le Paulo ŋu o, ke boŋ ɖewohĩ mawudɔla alo gbɔgbɔ aɖee ƒo nu nɛ le Damasko mɔ dzi.
10Hoowɔwɔ la va de dzi blibo, eye asrafoawo ƒe amegã vɔ̃ be woava vuvu Paulo. Mlɔeba la, eɖe gbe na eƒe asrafowo be woakplɔ Paulo adzoe sesẽtɔe le wo gbɔ, ale wokplɔe gayi ɖe gaxɔa mee le asrafowo ƒe nɔƒe.
11Le zã me la, Aƒetɔ la va Paulo gbɔ gblɔ nɛ be, “Paulo, dzi megaɖe le ƒowò o, elabena abe ale si nèɖi ɖase le ŋunye le Yerusalem ene la, nenema kee nèle ɖase ɖi ge le ŋunye le Roma hã.”
Woɖo nugbe ɖe Paulo ŋu be yewoawui
12Esi ŋu ke la, Yudatɔ aɖewo ƒo ƒu, eye woka atam na wo ɖokuiwo be ne yewomewu Paulo o kpaa, yewomaɖu nu alo ano tsi o. 13Ŋutsu siwo ɖo vɔ̃ sia la sɔ gbɔ wu ame blaene. 14Woyi nunɔlagãwo kple dumegãwo gbɔ hegblɔ na wo be, “Míeka atam ƒo ɖe mía ɖokui dzi be míele naneke ɖu ge va se ɖe esime míawu Paulo o. 15Miawo kple ʋɔnudrɔ̃lawo, miwɔ abe ɖe miedi be yewoagabia gbe Paulo ene, ale be miabia asrafowo ƒe amegã ne wòakplɔe va takpekpe gã la me. Míawo la, míade xa ɖe mɔa dzi, eye ne wokplɔ Paulo gbɔnae la, míadzo adze edzi, awui.”
16Ke Paulo ƒe srɔ̃nyi aɖe se woƒe ɖoɖo sia ale wòɖe abla ɖagblɔe na Paulo le mɔ la me.
17Paulo yɔ asrafowo dometɔ ɖeka, eye wòbia tso esi be wòakplɔ ɖekakpui la yi asrafoawo ƒe amegã gbɔe, elabena nya aɖe le esi wòdi be yeagblɔ nɛ. 18Asrafoa kplɔ ɖekakpui la yii abe ale si Paulo gblɔ nɛ ene, eye wògblɔ na asrafoawo ƒe amegã be, “Paulo, gamenɔla la, yɔm va eɖokui gbɔ, eye wòɖe kuku nam be makplɔ ɖekakpui sia va gbɔwò, elabena nya aɖe le esi be wòagblɔ na wò.”
19Asrafomegã la kplɔ ɖekakpui la ɖe kpɔe hebia gbee be, “Nya ka nèdi be yeagblɔ nam?”
20Paulo ƒe nyruiyɔvi la gblɔ nɛ be, “Etsɔ la, Yudatɔwo aɖo ame ɖe gbɔwò be nàkplɔ Paulo va yewoƒe takpekpe gã la ŋkumee be yewoagabia gbee. 21Gake mègawɔe o, elabena Yudatɔ blaene aɣla wo ɖokuiwo ɖe mɔa dzi be ne Paulo va yina la, yewoalée awu. Woka atam na wo ɖokuiwo be, ne Paulo meku o la, yewomaɖu nu alo ano tsi hã o, eya ta wode xa ɖe mɔa dzi fifi laa hã xoxo.”
22Asrafowo ƒe amegã la gblɔ na ɖekakpui la be, “Mègana ame aɖeke nanya be èva gblɔ nya sia nam o.” Emegbe la edzo.
Woɖo Paulo ɖe Kaesarea
23Enumake Asrafomegã la yɔ etevi eve, eye wògblɔ na wo be, “Midzra ɖo miadze Kaesarea mɔ dzi egbe zã ga asiekɛ me. 24Midi sɔ na Paulo wòado ale be miakplɔe aɖade asi na mɔmefia Felix dedie.”
25Eŋlɔ agbalẽ kpe ɖe eŋu ale:
26Klaudio Lisia,
Na Bubutɔ, mɔ̃mefia Felix,
Xɔ gbedoname nyui sia.
27Gbe ɖeka la, Yudatɔwo lé ŋutsu sia, eye wonɔ eƒom be yewoawui, ke esi mese be Romatɔ wònye la, meɖo asrafowo ɖa woɖaxɔe le wo si. 28Emegbe la, mekplɔe yi Yudatɔwo ƒe takpekpe gã la me be mase nu si tututu wòwɔ tae wolée ɖo. 29Le woƒe nyamedzodzrowo me la, mekpɔ be menye nya gobii aɖeke wotsɔ ɖe eŋu o, ke boŋ nya siwo ku ɖe Yudatɔwo ƒe xɔse kple kɔnuwo ŋu la koe, eye medze be woawui alo adee gaxɔ me kura gɔ̃ hã ɖe nya siawo ƒomevi ta o. 30Ke le esime mese be Yudatɔwo ganɔ ɖoɖo wɔm le bebeme be yewoawui ta la, meɖoe be makplɔe ɖo ɖe wò, eye magblɔ na eƒe futɔwo hã be woava gbɔwò ne nàdrɔ̃ nya la na wo.
31Ale, le zã ma me la, asrafoawo kplɔ Paulo yi va ɖo Antipatre. 32Esi ŋu ke la, wotsɔe de asi na sɔdzisrafoawo be woakplɔe ayi Kaesarea, ke afɔzɔlawo ya gatrɔ va woƒe nɔƒe le mɔ la me. 33Esi wova ɖo Kaesarea la, wotsɔ Paulo de asi na mɔmefia la, eye wotsɔ agbalẽ si Lisia ŋlɔ de wo si la hã nɛ. 34Esi mɔmefiagã la xlẽ agbalẽ la vɔ la, ebia du si me tɔ Paulo nye lae eye Paulo ɖo eŋu be, “Metso Kilikia.”
35Azɔ mɔmefia la gblɔ nɛ be, “Maɖo to wò nyawo katã nenye be nuwòtsolawo va ɖo.” Ale wòɖe gbe be woaɖatui ɖe gaxɔ me le Fia Herod ƒe fiasã me.

Você sabia?
Paulo diante do Sinédrio e a caminho de Cesareia
- Ananias era o sumo sacerdote perante quem Paulo foi levado enquanto Félix era procurador. Depois que Paulo disse que se havia conduzido diante de Deus com toda a boa consciência, Ananias ordenou aos que estavam por perto que o ferissem na boca; Paulo chamou-o de parede branqueada e, quando protestaram que ele havia insultado o sumo sacerdote de Deus, respondeu que não sabia que Ananias ocupava esse cargo. O Easton's Bible Dictionary (1897) observa que essa resposta tem ocasionado certa dificuldade.Fontes: Ananias (High Priest) · o próprio texto bíblico
- Mais de quarenta homens se comprometeram sob juramento a não comer nem beber até que matassem Paulo, e soldados o levaram de noite de Jerusalém até Antipátride. Antipátride, construída por Herodes, o Grande, e nomeada em honra de seu pai Antipater, ficava na grande estrada romana de Cesareia a Jerusalém, a cerca de vinte e oito milhas de Cesareia. Cesareia, na costa do Mediterrâneo, a cerca de setenta milhas a noroeste de Jerusalém, era a capital da província romana da Judeia e a sede dos procuradores.Fontes: o próprio texto bíblico · Antipatris · Caesarea
- Cláudio Lísias, descrito pelo Easton's Bible Dictionary como um grego que havia comprado a cidadania romana e tomado o nome de Cláudio, escreveu ao governador Félix que as acusações envolviam questões da lei judaica e que não havia acusação digna de morte ou prisão. Félix, o procurador romano da Judeia, perguntou de que província Paulo era; ao saber que era da Cilícia, onde Tarso, cidade natal de Paulo, era uma das principais cidades, ordenou que Paulo fosse mantido sob guarda no Pretório de Herodes até que os acusadores chegassem.Fontes: Claudius Lysias · Felix · Cilicia · o próprio texto bíblico
Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.
Lugares deste capítulo
- Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículo 11
- Rome · 41.892, 12.485 · versículo 11
- Caesarea · Hoje: Caesarea Maritima · 32.500, 34.892 · versículos 23, 32, 33
- Aphek · Hoje: Tell Ras el Ain · 32.105, 34.930 · versículo 31
- Cilicia · 36.913, 34.892 · versículo 34
Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org