Atos 17
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.
Paulo gblɔ nya le Tesalonika
1Azɔ ame eveawo zɔ mɔ to Amfipolis kple Apolonia nutowo me va ɖo Tesalonika, afi si Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe aɖe le. 2Paulo yi ƒuƒoƒe sia abe ale si wòwɔna ɖaa ene, eye Dzudzɔgbe etɔ̃ katã wòyi ɖaɖe mawunya me na ameawo. 3Paolo ɖe eme, eye wòɖo kpe edzi na wo be ele na Kristo la be wòakpe fu, eye wòatsi tsitre tso ame kukuwo dome. Eyi edzi be, “Yesu si ƒe nya gblɔm mele na mi lae nye Kristo la.” 4Yudatɔ geɖewo xɔ se, eye wowɔ ɖeka kple Paulo kple Silas, hekpe ɖe Helatɔ siwo vɔ̃a Mawu la ƒe ha gã aɖe kpakple nyɔnu ŋkuta aɖewo ŋu.
5Yudatɔwo ƒe amegã siwo nɔ dua me la ʋã ŋu Paulo kple Silas, eya ta woƒo gbevu aɖewo nu ƒu tso ablɔwo dzi siwo wɔ ameha gã aɖe, eye wowɔ ʋunyaʋunya le dua me. Wosi du yi Yason ƒe aƒe me le Paulo kple Silas dim ne woakplɔ wo va ameha la ŋkumee.
6Ke womekpɔ Paulo kple Silas le aƒea me o, eya ta wolé Yason kple xɔsetɔ aɖewo, kplɔ wo yi dumegãwo gbɔe, eye wonɔ ɣli dom be, “Ame siwo de zi amewo me le xexea me katã la va afi sia hã azɔ, 7woawoe Yason na sitsoƒee ɖe eƒe aƒe me. Wo katã da le Kaisaro ƒe se dzi le gbɔgblɔm be fia bubu aɖe li si ŋkɔe nye Yesu.”
8Esi wose esia la, ameawo kple dumegãwo de asi hoowɔwɔ me. 9Ke esi woxɔ asiƒuakɔnu le Yason kple etɔwo si la woɖe asi le wo ŋu be woadzo.
Paulo gblɔ nya le Berea
10Le zã ma me la, xɔsetɔ siwo le dua me la kplɔ Paulo kple Silas do goe le dua me alɔtsɔtsɔe, eye woyi Berea. Paulo kple Silas gayi woƒe dɔ dzi le afi sia hã hegblɔ mawunya le Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe si le dua me la me. 11Bereatɔwo ɖɔ ʋu wu Tesalonikatɔwo, elabena woɖo to Paulo ƒe nyagbɔgblɔ kple dzidzɔ. Woawo ŋutɔwo hã nɔa mawunya la me dzrom ɣe sia ɣi be yewoakpɔe ɖa be nyateƒenya gblɔm Paulo nɔ mahã. 12To esia me la, wo dometɔ geɖewo zu xɔsetɔwo eye Helatɔ ŋkuta siwo nye nyɔnuwo kple ŋutsuwo siaa xɔ nya la dzi se.
13Esi Yudatɔ siwo tso Tesalonika la gase be Paulo nɔ mawunya gblɔm le Berea la, wogati wo yome yi afi ma hã, eye wògade zi ameawo me ɖe wo ŋu. 14Ke xɔsetɔwo wɔ kaba ɖo Paulo ɖe ƒuta gome lɔƒo, gake Silas kple Timoteo ya tsi anyi. 15Ame siwo kplɔ Paulo yii la ɖoe ɖa va se ɖe Atene hafi trɔ yi Berea. Paulo de gbe asi na wo be woagblɔ na Silas kple Timoteo be woawɔ kaba ava tu ye le Atene.
Paulo le Atene
16Esi Paulo nɔ Sila kple Timoteo lalam le Atene la, eɖi tsa le dua me, eye wòɖe fu na eƒe susu ŋutɔ be dua me yɔ fũu kple legbawo. 17Eyi Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe be yeadzro nya me kple Yudatɔwo kple Helatɔ mawuvɔ̃lawo. Eƒo nu na ameha si le dua ƒe takpeƒe la hã gbe sia gbe.
18Paulo dzro nya me kple xexemenunyala gã aɖewo siwo woyɔna be Epikurea kple Stoiktɔwo hã. Wo dometɔ aɖewo bia be, “Nu kae nukpoloeƒola sia le didim be yeagblɔ?” Ɖewo gblɔ be, “Ewɔ abe dutamawuwo ŋue wòle nu ƒom le ene.” Wogblɔ esia, elabena Paulo nɔ nyanyui la gblɔm ku ɖe Yesu ƒe ku kple tsitretsitsi ŋuti.
19Ale wolée hekplɔe yi takpeƒe si woyɔna be Areopago la, afi ma wogblɔ nɛ be, “Na míase nya tso nufiafia yeye si nèhe vɛ la ŋu. 20Èle nya masekpɔ aɖewo gblɔm ɖe míaƒe towo me, míedi be míase nya siawo gɔme kple nu si wonye.” 21(Atenetɔwo katã kple amedzroawo hã lɔ̃a anyinɔnɔ ɖe takpeƒe hewɔa woƒe ɣeyiɣiwo ŋuti dɔ to nyamedzodzro kple susu yeyewo xɔxɔ me.)
22Esi ŋkekea ɖo la, Paulo tsi tsitre ɖe ameha la titina le Areopago la dzi heƒo nu gblɔ na wo be, “Nɔvinye Atenetɔwo, edze nam ƒãa be mienye ame siwo kpɔa dzidzɔ le mawuvɔvɔ̃ ŋu ŋutɔ, 23elabena esi menɔ tsa ɖim le miaƒe dua me la, mekpɔ miaƒe nu subɔsubɔwo. Ke mekpɔ vɔsamlekpui aɖe si ŋuti woŋlɔ ɖo be,
mawu si mienya o la tɔe.
Mawu si miesubɔna le manyamanya me la ƒe nyae metsɔ vɛ na mi.
24“Mawu siae wɔ xexea me kple nu siwo katã le eme, eye wònye dziƒo kple anyigba ƒe aƒetɔ na nu sia nu. Esia ta menɔa gbedoxɔ si amewo tsɔ asi tui la me o, 25eye le esime naneke mehiãnɛ o ta la, amegbetɔ mate ŋu awɔ naneke nɛ o. Ke eya boŋ naa agbe kple gbɔgbɔ amegbetɔ, eye wònaa nu ame sia ame ɖe eƒe hiahiã nu. 26Mawu siae wɔ amegbetɔ siwo katã tso dzɔtsoƒe ɖeka, eye wokaka ɖe xexea me ƒe akpa ɖe sia ɖe. Eɖo liƒo kple ɣeyiɣi na dukɔwo da ɖi xoxo. 27Mawu ƒe didie nye be amegbetɔwo nadii, ake ɖe eŋu togbɔ be egbɔ medidi tso ame aɖeke gbɔ o hã. 28‘Eya mee míele agbe le, eye míeʋãna le, eye míele.’ Abe ale si miaƒe hɛnɔ aɖe gblɔe ene be, ‘Míawoe nye Mawu viwo.’
29“Ne míenye Mawu viwo la, ekema menyo be míabu be Mawu nye legba si amegbetɔ awɔ kple sika alo klosalo alo kpe le ame ƒe aɖaŋuwɔwɔ kple tamesusu nu la o. 30Tsã la, Mawu mia ŋku ɖe amegbetɔ ƒe numanyamanya dzi. Ke azɔ la, eɖe gbe be ame sia ame natrɔ dzi me asubɔ ye ɖeka ko, 31elabena eɖo ŋkeke tɔxɛ aɖe da ɖi be yeava drɔ̃ ʋɔnu xexea me, eya ŋutɔ tia ame si le ʋɔnu la drɔ̃ ge la da ɖi, eye eyae nye ame si wòfɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome.”
32Esi wosee wògblɔ nya tso fɔfɔ tso ame kukuwo dome ŋu la, nyasela aɖewo koe ŋutɔ, ke ame bubuwo gblɔ be, “Míedi be míagase nya sia ɣe bubu ɣi” 33Ale Paulo dzo le takpeƒe la. 34Ame ʋɛ aɖewo ya dze eyome trɔ zu xɔsetɔwo. Ame siawo dometɔ aɖewoe nye Dionisio si nye dumegã ɖeka kple nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Damaris.

Você sabia?
Da sinagoga ao Areópago
- Tessalônica era uma cidade grande e populosa à beira do golfo Termaico, capital de um dos quatro distritos romanos da Macedônia, governada por um pretor. Jasom hospedou Paulo e Silas ali; uma multidão invadiu sua casa e, como os dois não foram encontrados, Jasom e alguns outros irmãos foram arrastados perante as autoridades da cidade. Foram acusados de acolher homens que desrespeitavam os decretos de César e falavam de outro rei, Jesus, e as autoridades só os soltaram depois de receber fiança.Fontes: Thessalonica · Jason · o próprio texto bíblico
- Atenas, capital da Ática, era celebrada como sede da literatura e da arte gregas, e seus habitantes gostavam de novidades e se destacavam pelo zelo no culto aos deuses. Um satírico romano dizia que era mais fácil encontrar um deus em Atenas do que um homem. O Areópago, colina rochosa a noroeste da Acrópole, era o lugar onde funcionavam o tribunal supremo ateniense e o tribunal dos costumes, e Paulo proferiu o discurso deste capítulo de algum ponto dessa colina.Fontes: Athens · Areopagus · o próprio texto bíblico
- Paulo e Silas chegaram a Tessalônica só depois de passar por Anfípolis, cidade macedônia e grande estação militar romana, a trinta e três milhas romanas de Filipos, e por Apolônia, a cerca de trinta e seis milhas de Tessalônica. Quando a agitação os seguiu até Bereia, outra cidade da Macedônia, os irmãos enviaram Paulo ao litoral, e os que o escoltaram o levaram até Atenas. Silas e Timóteo ficaram em Bereia, com a instrução de se juntar a Paulo assim que pudessem.Fontes: Amphipolis · Apollonia · Berea · o próprio texto bíblico
Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.
Lugares deste capítulo
- Amphipolis · 40.820, 23.847 · versículo 1
- Apollonia · 40.624, 23.470 · versículo 1
- Thessalonica · Hoje: Thessaloniki · 40.638, 22.946 · versículos 1, 11, 13
- Berea · Hoje: Veria · 40.518, 22.200 · versículos 10, 11, 13, 14, 15
- Athens · 37.972, 23.727 · versículos 15, 16, 21, 22
- Areopagus · 37.972, 23.724 · versículos 19, 22, 33
Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org