Nations Bible

Atos 14

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.

Paulo va ɖo Ikonio

1Abe ale si wowɔnɛ le afi sia afi si woyi ene la, Paulo kple Barnabas gayi Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe le Ikonio hã, eye wogblɔ nya kple ŋusẽ tɔxɛ aɖe, ale be ame geɖe siwo nye Yudatɔwo kple Helatɔwo siaa trɔ zu xɔsetɔwo.

2Ke Yudatɔ siwo medina be yewoaxɔ Mawu ƒe ɖeɖenya sia dzi ase o la, gblɔ nya baɖa ƒomevi geɖewo ɖe wo nɔviawo ŋu. Wowɔ esia be ame siwo menye Yudatɔwo o la nagaxɔ woƒe nyawo dzi ase o. 3Esia hã meɖe dzi le Paulo kple Barnabas ƒo kura o, ke boŋ wonɔ dua me hegblɔ amenuvevenya kple dzideƒo ɣeyiɣi didi aɖe. Aƒetɔ la na ŋusẽ wo wowɔ nukunu kple dzesi geɖewo be yewoafia kɔtɛe be eƒe nya la kakam yewole vavã. 4Dua me tɔwo ma ɖe akpa eve, ɖewo nɔ Yudatɔwo ƒe dumegãwo yome eye ɖewo hã nɔ apostoloawo yome.

5Ke ame siwo menye Yudatɔwo o, kpakple Yudatɔwo kple woƒe dumegãwo wɔ ɖoɖo be yewoadze Paulo kple Barnabas dzi aƒu kpe wo, awɔ nu vevi wo. 6Esi Apostoloawo se nya sia la, wosi dzo le dua me heyi Likaonia ƒe duwo, Listra kple Derbe nutowo me, 7eye wogblɔ nyanyui la le teƒe mawo hã.

Paulo va ɖo Listra kple Derbe

8Le Listra la, ŋutsu aɖe le anyinɔƒe, ame si metea ŋu tsia tsitre o, eye wònye tekunɔ tso dadaa ƒe dɔ me ke; mezɔ azɔli kpɔ o. 9Ame sia ɖo to Paulo esi wònɔ nu ƒom na ameawo. Paulo li ŋku ɖe edzi gãa, eye wòkpɔ be xɔse le esi na dɔyɔyɔ, 10eya ta Paulo yɔe gblɔ be, “Tsi tsitre!” Le gbeɖeɖe sia nu la, ŋutsu la ti kpo, eye wòde asi azɔlizɔzɔ me.

11Esi ameha la kpɔ nukunu si Paulo wɔ la, wodo ɣli le Likaoniagbe me be “Mawuawo ɖi va mía gbɔ le amegbetɔ ƒe nɔnɔme me!” 12Le woƒe nuwɔnawo ta la, wona ŋkɔ Barnabas be Zeus, eye woyɔ Paulo be Hermes, elabena eyae nye ame si nɔ nu ƒom geɖe wu. 13Enumake Zeus ƒe trɔ̃nua si ƒe nɔƒe le dua godo la tsɔ seƒoƒowo kple nunanawo fũu vɛ, eye wòwɔ dzadzraɖo be yeawu nyitsu gã aɖe atsɔ asa vɔe na wo le dua ƒe agbowo nu le ameha la ŋkume.

14Ke esi apostoloawo, Barnabas kple Paulo see la, wodze woƒe awuwo, eye woƒu du ge ɖe ameawo dome eye wodo ɣli gblɔ na wo be, 15“Mía tɔwo, nu kae nye busunu sia wɔm miele? Míawo hã amegbetɔwo ko míenye abe miawo ke ene. Ɖe míeva be míagblɔ nyanyui sia na mi be miadzudzɔ nu maɖinu siawo tɔgbi subɔsubɔ, eye miado gbe ɖa na Mawu gbagbe si wɔ dziƒo kple anyigba kple atsiaƒu kple nu siwo katã le eme la boŋ. 16Tsã la, Mawu ɖe asi le dukɔ ɖe sia ɖe ŋu wòwɔ nu si dze eŋu. 17Ke hã la, medzudzɔ ɖaseɖiɖi tso eɖokui ŋuti o, elabena ewɔa nu nyuiwo na mí; enaa tsidzadza mí tso dziƒo kple nuƒãɣiwo kpakple nuŋeɣiwo, eye wòna nuɖuɖu geɖe mí hetsɔ dzidzɔ yɔ míaƒe dziwo me fũu.”

18Togbɔ be woɖe nya me na ameawo alea hã la, esesẽ hafi wozi wo dzi be womete ŋu sa vɔ la na wo o.

19Ke le ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la, Yudatɔ aɖewo gatso Antioxia kple Ikonio va do ɖe Listra, eye wogade ʋunyaʋunya dua me tɔwo me ɖe Paulo ŋu. Amehawo ho ɖe Paulo ŋu, ƒu kpee va se ɖe esime wòku ƒenyi, eye wohee do goe le dua me, elabena wobu be eku. 20Xɔsetɔwo kple nɔvinɔviwo va ƒo ƒu ɖe eŋu kasia, Paulo fɔ, wo katã wotrɔ yi Listra dua me, eye le ŋkeke evea gbe la, wo kple Barnabas wodzo yi Derbe.

Paulo Kple Barnabas trɔ va Antioxia le Siria

21Wonɔ Derbe hegblɔ nyanyui la le afi ma ŋkeke ʋɛ aɖewo, eye ame geɖewo trɔ zu woƒe nusrɔ̃lawo. Emegbe la, wogatrɔ yi Listra, Ikonio kple Antioxia, 22eye wodo ŋusẽ xɔsetɔwo be woalé xɔse me ɖe asi. Wode dzi ƒo na xɔsetɔawo be, “Ele na mí be míato fukpekpe geɖewo me hafi age ɖe mawufiaɖuƒe la me.” 23Paulo kple Barnabas ɖo hamemegãwo ɖe hame sia hame nu, eye wowɔ nutsitsidɔ kple gbedodoɖa hetsɔ ameawo de asi na Aƒetɔ si dzi woxɔ se. 24Azɔ woyi woƒe mɔzɔzɔ dzi to Pisidia nuto me va ɖo Pamfilia alo Terki. 25Wogagblɔ nya le Perga hã hafi tso eme yi Atalia.

26Mlɔeba la, woɖo tɔdziʋu tso Atalia hetrɔ va ɖo Antioxia, afi si wodze woƒe mɔzɔzɔ gɔme le. Afi siae wobia Mawu ƒe amenuveve na wo, ku ɖe dɔ si nu wowu fifia la ŋu.

27Esi wogbɔ va ɖo Antioxia la, woyɔ xɔsetɔawo katã ƒo ƒu hegblɔ nu gã siwo Mawu wɔ kpli wo la na wo. Wogblɔ ale si Mawu ʋu xɔse ƒe mɔ na ame siwo menye Yudatɔwo o la hã na ameawo. 28Paulo kple Barnabas tsi Antioxia henɔ xɔsetɔawo gbɔ ɣeyiɣi didi aɖe.

Ilustração artística — interpretação, não registro histórico.

Você sabia?

Paulo e Barnabé na Licaônia

  • Icônio era a capital da Licaônia, província romana no interior da Ásia Menor, cujas principais cidades eram Icônio, Listra e Derbe. O Dicionário Bíblico de Easton (1897) situa Icônio, a atual Konieh, no sopé do monte Tauro, a cerca de 120 milhas terra adentro; Listra ficava numa região agreste, e Derbe era uma pequena cidade a cerca de vinte milhas de Listra, na parte oriental do planalto.Fontes: Iconium · Lycaonia · Lystra · Derbe
  • Quando um homem coxo desde o nascimento começou a andar, a multidão em Listra gritou na língua licaônia que os deuses tinham descido em forma humana, chamando Barnabé de Zeus e Paulo de Hermes, porque Paulo era o principal orador. O Dicionário Bíblico de Easton (1897) usa os nomes romanos Júpiter e Mercúrio e diz que Barnabé provavelmente foi tomado por Júpiter por causa de uma aparência solene e venerável; sobre a fala local, afirma que a língua era provavelmente o antigo assírio, embora outros a tenham considerado um grego corrompido misturado com palavras siríacas.Fontes: o próprio texto bíblico · Lystra · Lycaonia
  • Essa passagem pela Licaônia pertence à primeira viagem missionária de Paulo, que uma cronologia data de 45 d.C. e de cerca de um ano. O Dicionário Bíblico de Easton (1897) observa que Paulo não sofreu perseguição em Derbe; de lá, ele e Barnabé voltaram a Listra, Icônio e Antioquia da Pisídia para fortalecer os discípulos e designar anciãos, e depois seguiram pela Pisídia.Fontes: First Missionary Journey · Derbe · Antioch (Pisidia) · o próprio texto bíblico

Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.

Lugares deste capítulo

  • Iconium · Hoje: Konya · 37.872, 32.492 · versículos 1, 19, 21
  • Lycaonia · 38.000, 33.000 · versículos 6, 11
  • Lystra · Hoje: Tel Lystra · 37.602, 32.338 · versículos 6, 8, 21
  • Antioch · Hoje: Antioch in Pisidia · 38.306, 31.189 · versículos 19, 21
  • Pamphylia · 37.000, 31.000 · versículo 24
  • Pisidia · 38.306, 31.189 · versículo 24
  • Attalia · Hoje: Antalya · 36.881, 30.704 · versículos 25, 26
  • Perga · 36.960, 30.854 · versículo 25
  • Antioch · Hoje: Antioch on the Orontes · 36.227, 36.172 · versículos 26, 27

Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Fale com a gente

Conte de onde você lê, como a Bíblia tem te ajudado ou o que podemos melhorar. Lemos todas as mensagens.