2 Samuel 23
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.
David ƒe nya mamlɛtɔwo
1David ƒe nya mamlɛtɔwoe nye esiawo:
“David, Yese ƒe vi le nu ƒom,
David, ame si Yehowa, do ɖe dzi,
David, Yakob ƒe Mawu ƒe amesiamina,
David, Israel ƒe Psalmo viviwo kpala.
2“Yehowa ƒe Gbɔgbɔ ƒo nu to dzinye
eye eƒe nya le nye aɖe dzi.
3Israel ƒe Agakpe la gblɔ nam be,
‘Ame si ɖua dzi kple dzɔdzɔenyenye
le mawuvɔvɔ̃ me la,
4anɔ abe ŋdikekeli ene,
ɣe keklẽ si ŋgɔ lilikpo mexe o
si naa gbe mumu dona tso anyigba me
le ɣe keklẽ kple tsidzadza megbe ene.’
5“Ɖe nye aƒe mele dzɔdzɔe le Mawu ŋkume oa?
Ɖe mebla nu mavɔ si le dedie la kplim oa?
Ɛ̃, ebla nu si meʋãna o la kplim.
Ɖe mana nye ɖeɖekpɔkpɔ nava eme
eye wòana nu sia nu si nye dzi di la,
nasu asinye oa?
6Ke woaɖe ame vɔ̃ɖiwo katã ɖe aga abe ŋutiwo wonye ene.
Ŋuti si womefɔna kple asi o.
7Ame si di be yeafɔ ŋuti la tsɔa nu lénɛ,
ƒoa ƒui, tɔa dzoe le afi si wòƒo ƒui ɖo.”
David ƒe kalẽtɔwo
8Kalẽtɔ xɔŋkɔ etɔ̃ siwo nɔ David ƒe aʋakɔ la me woe nye esiawo:
Gbãtɔe nye Yoseb Basebet, tso Tahkemɔn, si wogayɔna be Adino, Eznitɔ la, ame si nye ame etɔ̃awo ƒe tatɔ. Ewu ame alafa enyi kpɔ le aʋakpekpe ɖeka me.
9Ame Sesẽ Etɔ̃awo dometɔ eveliae nye Eleazar, Dodai ƒe vi, ame si nye Ahohitɔ. Enɔ ame etɔ̃ siwo kpe ɖe David ŋu wotɔ te Filistitɔwo le Pas Damim esime Israel ƒe aʋawɔla bubuawo katã si la dome. 10Ewu Filistitɔwo va se ɖe esime ɖeɖi te eƒe asi ŋu eye magate ŋu alé yi o; Yehowa na dziɖuɖu gã aɖee. Aʋawɔla mamlɛawo megatrɔ gbɔ o va se ɖe esime ɣeyiɣi ɖo hena afunyinuwo haha!
11Ame si kplɔe ɖo lae nye Sama, Agee ƒe vi, tso Harar. Gbe ɖeka le aʋakpekpe aɖe kple Filistitɔwo me le teƒe aɖe si bli le fũu eye Israel ƒe aʋawɔlawo katã si la, 12Sama ɖeka tɔ ɖe bligble la titina eye wòxɔe hewu Filistitɔwo. Yehowa na wòɖu dzi gã aɖe.
13Gbe ɖeka, esime David nɔ agado me le Adulam eye Filistitɔwo ƒe aʋawɔlawo nɔ Refaim balime la, ame etɔ̃ tso Israelviwo ƒe aʋafia xɔŋkɔtɔ blaetɔ̃ me yi ɖakpɔe ɖa le nuŋeɣi. 1416 David nɔ mɔ la me eye Filistitɔwo ƒe aʋakɔ ɖo Betlehem le ɣe ma ɣi. 15David gblɔ kple didi be, “Tsikɔ le wunyem vevie. Oo, ne ame aɖe aku tsi tso vudo si le Betlehem ƒe agbo nu la me vɛ nam la, anyo ŋutɔ.” 16Ale aʋafia etɔ̃ siawo to Filistitɔwo dome, ku tsi tso vudo si te ɖe Betlehem ƒe agbo ŋu me yi na David. Ke David gbe meno tsi la o, ke boŋ etrɔe kɔ ɖi le Yehowa ƒe ŋkume, 17hegblɔ be, “Yehowa, nyemate ŋu awɔ esia gbeɖe o!”
“Esiae nye ame etɔ̃ siwo tsɔ woƒe agbe ke la ƒe ʋu.”
18Abisai, Yoab nɔvi, Zeruya vi nye amegã na ame etɔ̃awo. Etsɔ eƒe akplɔ wu futɔ alafa etɔ̃ kpɔ ale wòxɔ ŋkɔ abe ame etɔ̃awo ene. 19Ɖe womede bubu eŋu wu ame xɔŋkɔ etɔ̃awo oa? Ezu woƒe kplɔla togbɔ be womebui ɖe wo dome o hã.
20Benaya Yehoiada ƒe vi, ame si fofo nye aʋawɔla kalẽtɔ aɖe tso Kabzeel la wu ame dzɔtsu xɔŋkɔ eve siwo nɔ Moab nyigba dzi. Emegbe la, egawu dzata le do aɖe me gbe si gbe sno dza. 21Le ɣeyiɣi bubu hã la, ewu Egiptetɔ aɖe. Togbɔ be Egiptetɔ la lé akplɔ ɖe asi hã la, Benaya lũ ɖe edzi kple kpo, dui le esi eye wòtsɔ Egiptetɔ la ŋutɔ ƒe akplɔ wui. 22Nu siawoe Benaya, Yehoiada ƒe vi wɔ. Eya hã xɔ ŋkɔ abe ame sesẽ etɔ̃awo ene. 23Wobunɛ wu ame xɔŋkɔ Blaetɔ̃awo dometɔ ɖe sia ɖe gake womedee ame Etɔ̃awo dome o. Ke David tsɔe ɖo eŋudzɔlawo nu.
24Ame siwo nɔ ame blaetɔ̃awo dome:
Asahel, Yoab nɔvi, hã nɔ ame blaetɔ̃awo dome.
Bubuawoe nye: Elhanan, Dodo ƒe vi, tso Betlehem;
25Sama tso Harod;
Elika tso Harod;
26Helez tso Palti;
Ira, Ikes ƒe vi tso Tekoa;
27Abiezer tso Anatɔt;
Sibekai tso Husat;
28Zalmɔn si nye Ahohitɔ,
Maharai tso Netofat;
29Heleb, Boana ƒe vi, tso Netofat;
Itai, Ribai ƒe vi, tso Gibea, le Benyamin ƒe to la me;
30Benaya tso Piratɔn;
Hidai tso afi si Gaas tɔʋuwo le;
31Abi Albon tso Arbat;
Azmavet tso Bahurim;
32Eliahba tso Saalbɔn;
Yasen ƒe viwo;
Yonatan;
33Sama tso Hara,
Ahiam, Sarar ƒe vi, tso Harar;
34Elifelet, Ahasbai ƒe vi, tso Maka;
Eliam, Ahitofel ƒe vi, tso Giloh;
35Hezro tso Karmel;
Parai tso Arba;
36Igal, Natan ƒe vi tso Zoba;
Bani tso Gad;
37Zelek tso Amon;
Naharai tso Beerot;
Yoab, Zeruya ƒe vi ƒe akpoxɔnutsɔla;
38Ira tso Yatir;
Gareb tso Yatir;
39kple Uria, Hititɔ la.
Você sabia?
As últimas palavras e os valentes de Davi
- O oráculo poético de Davi retrata o governante ideal como alguém que lidera com justiça e temor a Deus, comparando tal reinado à luz radiante de uma manhã sem nuvens e ao frescor da chuva que faz brotar a relva.Fontes: o próprio texto bíblico
- Enquanto Davi se abrigava na caverna de Adulão e as forças filisteias ocupavam o vale de Refaim e Belém, três guerreiros de elite romperam as linhas inimigas para buscar água do poço junto à porta de Belém. Comovido pelo perigo que enfrentaram, Davi recusou-se a bebê-la e a derramou como oferta ao Senhor, considerando-a como o sangue de homens que arriscaram a vida.Fontes: o próprio texto bíblico · Adullam · Bethlehem · Valley of Rephaim
- Entre os guerreiros de destaque da lista estava Benaías, filho de Joiada, de Cabzeel, célebre por abater dois valorosos guerreiros de Moabe, descer a uma cova em dia de neve para matar um leão e desarmar um gigante egípcio para feri-lo com a própria lança.Fontes: o próprio texto bíblico · Benaiah · Kabzeel
Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.
Lugares deste capítulo
- Valley of Rephaim · 31.763, 35.219 · versículo 13
- Bethlehem · 31.704, 35.208 · versículos 14, 15, 16, 24
- Moab · Hoje: Moab 1 · 31.181, 35.701 · versículo 20
- Tekoa · Hoje: Khirbet Teku’a · 31.632, 35.210 · versículo 26
- Arabah · 30.417, 35.151 · versículo 31
- Maacah · 33.258, 35.581 · versículo 34
- Zobah · 33.935, 36.151 · versículo 36
- Ammon · 31.955, 35.934 · versículo 37
- Jattir · Hoje: Khirbet Attir · 31.352, 35.016 · versículo 38
Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org