2 Samuel 19
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.
1Du ɖo Yoab gbɔ kaba be fia la nɔ avi fam na Absalom. 2Esi amewo se be fia la nɔ nu xam vevie la, gbe ma gbe ƒe dzidzɔ le woƒe dziɖuɖu wɔnuku la ta trɔ zu nuxaxa gã aɖe. 3Aʋakɔ blibo la te ɖɔɖɔɖɔ va dua me abe ɖe woɖu wo dzi eye wogbɔ kple ŋukpe ene.
4Fia la tsyɔ asi mo, nɔ avi fam henɔ gbɔgblɔm be, “Oo, vinye Absalom, oo, Absalom, vinye, vinye!” 5Yoab yi Fia la gbɔ le eƒe xɔ me eye wògblɔ nɛ be, “Míeɖe wò ŋutɔ, viwò ŋutsuwo, viwò nyɔnuwo, srɔ̃wòwo kple wò ahiãviwo ƒe agbe egbe, ke èle nu wɔm ale eye nèna ŋukpe lé mí abe vo aɖee míeda ene. 6Èle fiafiam be yelɔ̃ ame siwo lé fu ye eye yelé fu ame siwo lɔ̃ ye. Edze abe míexɔ asi le gbɔwò kura o ene. Nenye ɖe Absalom le agbe eye mí katã míeku la, anye ne àkpɔ dzidzɔ. 7Azɔ, do go nàda ŋkɔ ɖe wò aʋawɔlawo dzi elabena metsɔ Yehowa ka atam be ne mèyi ɖakafu wo o la, wo dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã matsi afi sia le zã sia me o. Ekema àxaxa azɔ wu ale si nèxaxa kpɔ le wò agbenɔnɔ blibo la me.”
8Fia la tso eye wòyi ɖanɔ dua ƒe agbonu. Esi amewo se be, “Fia la nɔ anyi ɖe dua ƒe agbonu” la, wo katã va ƒo ƒu ɖe eŋu.
Le ɣeyiɣi sia me la, Israel ƒe aʋawɔlawo katã ka hlẽ: ame sia ame yi eya ŋutɔ ƒe aƒe me.
David trɔ yi Yerusalem
9Wode asi nyahehe me le wo ɖokuiwo dome henɔ gbɔgblɔm be, “Fia David ɖe mí tso míaƒe futɔwo ƒe asi me. Eɖe mí tso Filistitɔwo ƒe asi me, ke azɔ la esi le Absalom nu eye wòdzo le anyigba la dzi. 10Míesi ami na Absalom abe míaƒe fia ene, ke wowui le aʋa me. Ekema nu ka ta ame aɖeke madze agbagba ana Fia David natrɔ agbɔ o?”
11Fia David ɖo du sia ɖe Zadok kple Abiata, ame siwo nye nunɔlawo la be, “Mibia Yuda ƒe ametsitsiwo be, ‘Nu ka ta miawoe anye ame mamlɛtɔ siwo agbugbɔ fia la va eƒe fiasã la me esi nya si gblɔm wole le Israelnyigba blibo la dzi la ɖo fia la gbɔ le eƒe nɔƒe? 12Miawoe nye nɔvinyewo, nye ŋutɔ nye ŋutilã kple ʋu eya ta nu ka ta miawoe anye ame mamlɛtɔ agbugbɔ Fia la vɛ?’ 13Migblɔ na Amasa be, ‘Menye nye ŋutɔ nye lã kple ʋue nènye oa? Mawu nafiam, agafiam ɖe edzi wu, ne tso azɔ dzi yina la, wò Amasa, manye aʋafia na nye aʋakɔ la ɖe Yoab teƒe o fĩi.’ ” 14Amasa ɖe nya me na Yuda ƒe kplɔlawo katã eye wolɔ̃ abe ame ɖeka ene. Woɖo du ɖe fia la be, “Gbugbɔ va mía gbɔ kple ŋuwòmewo katã.”
15Ale fia la dze mɔ ɖo ta Yerusalem. Esi wòva ɖo Yɔdan tɔsisi la to la, edze abe ame siwo katã le Yuda la, ɖe wova Gilgal be yewoakpee, akplɔe atso tɔsisi lae ene! 16Simei, Benyamintɔ, Gera ƒe vi, ame si tso Bahurim la ɖe abla tso tɔsisi la kple ame siwo tso Yuda be yewoado dzaa na Fia la. 17Ame akpe ɖeka tso Benyamin ƒe viwo dome nɔ eŋu. Ziba, Saul ƒe subɔla kple Ziba ƒe viŋutsu wuiatɔ̃ kple subɔla blaeve hã nɔ ame siawo dome. Woyi Yɔdan tɔsisi la to be yewoatre afi ma ɖoɖo na fia la. 18Wo katã wona kpekpeɖeŋu fia la kple eƒe aƒemetɔwo kple aʋawɔlawo eye wokpe ɖe wo ŋu ale si woate ŋui. Esi fia la va yina la, Simei, Gera ƒe vi mlɔ anyigba le eŋkume 19eye wòɖe kuku nɛ be, “Nye aƒetɔ kple fia, meɖe kuku na wò, tsɔ nu vɔ̃ɖi siwo mewɔ esi nèdzo le Yerusalem la kem eye nàŋlɔ wo be 20elabena medze si nye nu vɔ̃ eya ta meva afi sia egbe. Nyee nye ame gbãtɔ tso Yosef ƒe to la me be mado dzaa na wò nye aƒetɔ la egbea.”
21Abisai, Zeruya ƒe vi, bia be, “Ɖe womawu Simei esi wòƒo fi de Yehowa ƒe amesiamina la oa?”
22David blu ɖe eta gblɔ be, “Nya kae le nye kple mi Zeruya ƒe viwo dome? Egbe miezu nye futɔwo. Ɖe wòle be woawu ame aɖe le Israel egbea? Ɖe mènya be egbea menye fia le Israel oa?”
23Fia la trɔ ɖe Simei ŋu eye wògblɔ be, “Mana nànɔ agbe.” Ale fia la ka atam ɖe nya sia dzi nɛ.
24Mefiboset, Saul ƒe tɔgbuiyɔvi hã yi be yeakpe fia la. Tso gbe si gbe fia la dzo va se ɖe esime wòtrɔ gbɔ dedie la, Mefiboset meklɔ eƒe afɔwo alo fɔ eƒe nuge dzi loo alo nya eƒe awuwo o. 25Esi wòtso Yerusalem va be yeakpe fia la la, fia la biae be, “Nu ka ta mèyi kplim o, Mefiboset?”
26Eɖo eŋu be, “Nye aƒetɔ kple nye fia, nye subɔla Zibae blem. Megblɔ nɛ be, bla akpa na nye tedzi nam ale be mate ŋu ayi kple fia la! Wò ŋutɔ ènya be tekunɔe menye. 27Ke Ziba gblẽ nye ŋkɔ gblɔ be, ɖe megbe koŋ be nyemava o. Ke menya be èle abe mawudɔla ene eya ta wɔ nu si nyo na wò. 28Ku koe nye kple nye ƒometɔwo katã míakpɔ mɔ na tso gbɔwò hafi, ke le esia teƒe la, ède bubu ŋunye le ame siwo katã ɖua nu kpli wò le kplɔ̃ ŋu la dome! Ekema, nu ka ta malĩ liʋĩliʋĩ?”
29David gblɔ be, “Enyo, nye ɖoɖoe nye be wò kple Ziba miama anyigba la sɔsɔe ɖe mi ame evea dome.”
30Ke Mefiboset gblɔ na fia la be, “Tsɔ anyigba la katã nɛ: nye aƒetɔ ƒe tɔtrɔgbɔ ɖeɖe sɔ gbɔ nam!”
31Barzilai, Gileadtɔ la hã tso Rogelim va be yeatso Yɔdan tɔsisi la kple fia la eye wòayi eƒe mɔ dzi tso afi sia. 32Azɔ la, Barzilai nye amegãɖeɖi aɖe: exɔ ƒe blaenyi. Ekpɔ fia la dzi le esime wònɔ Mahanaim elabena enye hotsuitɔ gã aɖe ŋutɔ.
33Fia la gblɔ na Barzilai be, “Tso tɔsisi la kplim eye nàva nɔ Yerusalem; makpɔ dziwò le afi ma.” 34Ke Barzilai ɖo eŋu na fia la be, “Ƒe nenie gasusɔ nam be manɔ agbe hafi magakplɔ wò ɖo ayi Yerusalem? 35Egbe mexɔ ƒe blaenyi; ɖe magate ŋu ade vovototo nu si nyo kple nu si menyo o la domea? Ɖe nuɖuɖu kple nunono agasɔ aɖe dzi na wò dɔla abe tsã enea? Alo ɖe ŋutsu kple nyɔnu hadzihawo ƒe ha agasɔ to me nam abe tsã enea? Nu ka wɔ nye aƒetɔ, fia la aɖe mɔ be nye, wò dɔla, mazu agba na wò? 36Ke wò dɔla atso Yɔdan tɔsisi la kpli wò, ade afɔ mɔ me na wò ʋɛe. Ke nu ka ta fia la natsɔ fetu geɖe sia nam ɖo? 37Meɖe kuku, na wò dɔla natrɔ adzo, ale be maku ɖe mía dedu me be mate ɖe fofonye kple danye ƒe yɔdowo ŋu. Ke wò dɔla, Kimham, nye esi; na wòakplɔ nye aƒetɔ fia la ɖo, be wòawɔ nu sia nu si nyo eye wòdze la na wò.”
38Fia la gblɔ be, “Kimham atso tɔ la kplim eye mawɔ nu sia nu si nèdzro la nɛ eye mawɔ nu sia nu si nèdzro la na wò.”
39Ale ameawo katã tso Yɔdan tɔsisi la kple fia la. Fia la kpla asi kɔ na Barzilai, yrae eye Barzilai trɔ yi aƒe.
40Fia la kplɔ Kimham ɖe asi eye woyi Gilgal. Ame geɖewo tso Yuda kple Israelviwo ƒe afã nɔ afi ma be yewoaxɔe.
41Ke Israelviwo fa konyi na fia la be ame siwo tso Yuda koe kpe ɖe eya ŋutɔ kple eƒe aƒemetɔwo ŋu le Yɔdan tɔsisi la tsotso me.
42Yuda ƒe viwo ɖo eŋu be, “Nu kae gblẽ le nu sia ŋu? Míaƒe to la mee fia la tso, nu ka ta nu sia ado dɔmedzoe na mi? Míexɔ ga aɖeke le esi o. Mena nuɖuɖu alo nunana aɖeke mí o!”
43Israelviwo ɖo eŋu be, “To ewoe le Israel eya ta míawo tɔe nye teƒe ewo le fia la ƒe nyawo me. Nu ka ta miekpe míaƒe ame mamlɛawo o? Miɖo ŋku edzi be míawoe nye ame gbãtɔ siwo do susua ɖa be míana wòatrɔ agbɔ agava nye míaƒe fia.”
Wohe nya sia ɣeyiɣi didi aɖe, ke Yuda ŋutsuwo ƒe nyawo ɖu Israel ŋutsuwo tɔwo dzi.

Você sabia?
Davi Retorna a Jerusalém
- Joabe confrontou Davi por chorar tão abertamente por seu filho rebelde Absalão, humilhando os soldados que haviam arriscado a vida para salvá-lo. O comandante advertiu o rei de que, se ele não se assentasse à porta da cidade para encorajar suas tropas leais, perderia todos os seus seguidores naquela mesma noite.Fontes: o próprio texto bíblico · Joab · Absalom
- Quando Davi se preparava para cruzar o rio Jordão de volta a Jerusalém, antigos opositores e aliados correram para encontrá-lo. Simei de Baurim, que havia amaldiçoado e apedrejado o rei durante a fuga, levou mil benjamitas para suplicar perdão, o qual Davi concedeu apesar da insistência de Abisai em executá-lo.Fontes: o próprio texto bíblico · Shimei · Bahurim · Jordan
- O idoso gileadita Barzilai de Rogelim, de oitenta anos, que havia sustentado a casa de Davi durante o exílio em Maanaim, acompanhou o rei até o Jordão, mas recusou o convite para morar na corte, enviando Quimã em seu lugar para que pudesse morrer em sua terra natal.Fontes: o próprio texto bíblico · Barzillai · Rogelim · Mahanaim
Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.
Lugares deste capítulo
- Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículos 15, 19, 24, 25, 33, 34
- Jordan · Hoje: Jordan River · 31.761, 35.558 · versículos 15, 17, 18, 31, 36, 39, 41
- Gilead · Hoje: Gilead 1 · 32.187, 35.692 · versículo 31
Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org