Nations Bible

2 Samuel 15

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.

Absalom ƒe nugbeɖoɖo

1Emegbe la, Absalom ƒle tasiaɖam nyui aɖe kple sɔwo eye wòdi ame blaatɔ̃ siwo anɔ du ƒum le eŋgɔ. 2Efɔna kaba ŋdi sia ŋdi, yia dua ƒe agbonu eye ne ame aɖe tsɔ nya aɖe gbɔna be fia nadrɔ̃ na ye la, Absalom yɔnɛ eye wòbianɛ be, “Du ka me nètso?” Ne ame la ɖo eŋu be “Wò dɔla tso Israel toawo dometɔ ɖeka me la,”

3Absalom gblɔna be, “Mekpɔ be wò nya dzɔ; evem ŋutɔ be ame aɖeke mele Fia la ŋu si akpe ɖe eŋu le nya siawo dɔdrɔ̃ me o.” 4Absalom gagblɔna be, “Nyee anye ʋɔnudrɔ̃la la hafi, ekema ame sia ame ate ŋu atsɔ eƒe ʋɔnunya vɛ nam eye madrɔ̃ nya dzɔdzɔe nɛ!”

5Ne ame aɖe va be yeade ta agu nɛ la, melɔ̃na o, ke boŋ enaa asii eye wòkplaa asi kɔ nɛ boŋ. 6Absalom to mɔ sia dzi eye wòna Israelviwo katã tsɔ lɔlɔ̃ tɔxɛ nɛ.

7Le ƒe enelia ƒe nuwuwu la, Absalom gblɔ na Fia la be, “Na mayi Hebron eye maxe adzɔgbe aɖe si meɖe na Yehowa. 8Esi wò subɔla nɔ Gesur le Aram la, meɖe adzɔgbe be, ‘Ne Yehowa akplɔm maɖo Yerusalem la, masubɔ Yehowa le Hebron.’ ”

9Fia la gblɔ nɛ be, “Enyo; yi nàsa vɔ la le adzɔgbe si nèɖe la nu.”

Ale Absalom yi Hebron. 10Ke esi wònɔ afi ma la, eɖo ŋkutsalawo ɖe Israel ƒe to ɖe sia ɖe me be woagblɔ na amewo be; “Ne miese kpẽwo ƒe ɖiɖi ko la, mianya be wotsɔ Absalom ɖo fiae le Hebron.” 11Absalom kplɔ ame alafa eve ɖe asi tso Yerusalem abe eƒe amedzrowo ene ke womenya naneke tso eƒe tameɖoɖowo ŋu o. 12Esi wònɔ vɔ sam la, eɖo du ɖe Ahitofel, ame si nye David ƒe aɖaŋuɖolawo dometɔ ɖeka si nɔ Giloh. Ahitofel va de Absalom dzi abe ale si ame geɖewo wɔ ene, ale Absalom ƒe babla ɖe David ŋu nu sẽ ŋutɔ.

David si dzo le Yerusalem

13Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, ame aɖe va ɖo Yerusalem eye wògblɔ na Fia David be, “Israelviwo katã de Absalom dzi eye wobla ɖe ŋuwò!”

14David gblɔ na eƒe amewo enumake be, “Ekema mina míasi enumake hafi sisi magava nɔ mía ŋu o. Ne míesi dzo le dua me hafi Absalom va ɖo la, ekema míawo kple Yerusalem du la siaa míakpɔ ɖeɖe.”

15Eŋumewo ka ɖe edzi nɛ be, “Míeli kpli wò; wɔ nu si nyo na wò, míaƒe aƒetɔ fia.”

16Ale David kple eƒe aƒemetɔwo dze mɔ enumake; eƒe ahiãvi ewo ko wògble ɖi be woanɔ fiasã la dzi kpɔm. 17Ale fia la dze mɔ, eƒe amewo katã dze eyome eye wotɔ ɖe dua godo. 18Eƒe amewo kple Keretitɔwo kple Peletitɔwo kple Gititɔ alafa adeawo, ame siwo dze eyome tso Gat la va to eŋu eye wozɔ le fia la ŋgɔ.

19Fia la gblɔ na Itai, Gititɔ la be, “Nu ka ta nànɔ mía dome? Trɔ nàyi aɖanɔ Absalom ŋu. Amedzroe nènye, ame si si dzo le mia de. 20Etsɔ ko nèva! Egbe la, ɖe mana nàtsa tsaglalã kpli mí, le esime nyemenya afi si yim nye ŋutɔ mele oa? Trɔ kple wò amewo. Amenuveve kple nuteƒewɔwɔ nanɔ kpli mi.”

21Ke Itai ɖo eŋu be, “Metsɔ Yehowa kple wò ŋutɔ wò agbe ka atam be afi sia afi si nàyi la, nye hã mayi; nya sia nya nedzɔ, nenye agbee hã, kue hã!”

22David ɖo eŋu be, “Enyo, miva míyi.” Ale Itai kple eƒe ame alafa adeawo kple woƒe aƒemetɔwo yi kpli wo.

23Ame sia ame lé blanui le dua me esime fia la kple eƒe amewo va yina. Wotso Kidron tɔʋu la eye woɖo ta gbegbe la.

24Abiata kple Zadok kple Levitɔwo kɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la eye wodae ɖe mɔto va se ɖe esime ame sia ame va yi vɔ.

25Fia la gblɔ na Zadok be, “Gbugbɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la yi dua me. Ne mekpɔ amenuveve le Yehowa ŋkume la, Yehowa ana magagbɔ ava kpɔe kple eƒe nɔƒe. 26Ke ne egblɔ be, ‘Nyemekpɔ ŋudzedze le ŋuwò o’ la, ekema mele klalo; newɔ nu sia nu si dze eŋu lam.”

27Fia la gblɔ na Zadok be, “Kpɔ ɖa, medi be nàtrɔ le ŋutifafa me ayi dua me kple viwò Ahimaaz kple Abiata ƒe vi, Yonatan. 28Matɔ ɖe Yɔdan tɔsisi la ƒe tɔtsoƒe va se ɖe esime mese nya aɖe tso gbɔwò. Na manya nu si le dzɔdzɔm le Yerusalem hafi mabu ɖe gbegbe la.”

29Ale Zadok kple Abiata gbugbɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la yi dua me eye wotsi afi ma.

30David zɔ mɔ si ɖo ta Amito la dzi henɔ avi fam. Etsyɔ nu ta eye wòɖe afɔ ƒuƒlu abe konyifafa ƒe dzesi ene. Eŋumewo hã tsyɔ nu ta henɔ avi fam le esime wonɔ to la liam. 31Esime ame aɖe gblɔ na David be eƒe aɖaŋuɖola Ahitofel dze Absalom yome la, David do gbe ɖa be, “Oo, Yehowa, meɖe kuku, na Ahitofel naɖo aɖaŋu gbegblẽ na Absalom!”

32Esi woɖo teƒe si le toa tame, afi si amewo subɔa Mawu le la, David kpɔ Husai, Arkitɔ la, wònɔ elalam; eƒe awuwo vuvu le eŋu eye ke nɔ tame nɛ. 33David gblɔ nɛ be, “Ne èdze yonyeme la, agba ko nànye nam. 34Ke ne ètrɔ yi dua me eye nègblɔ na Absalom be, ‘O fia, menye fofowò ƒe subɔla tsã, ke azɔ la, manye wò subɔla’ la, ekema àte ŋu akpe ɖe ŋunye to Ahitofel ƒe aɖaŋuɖoɖo me gbegblẽ me. 35Nunɔla Zadok kple nunɔla Abiata manɔ afi ma kpli wò oa? Gblɔ nu sia nu si nàse le fiasã la me na wo. 36Wo viŋutsu eveawo, Ahimaaz, Zadok ƒe vi kple Yonatan, Abiata ƒe vi, le afi ma kpli wo. Gblɔ nu si nàse la na wo be woava gblɔ nam.” 37Ale David xɔlɔ̃ Husai trɔ yi dua me eye esi wòɖo teti ko la, Absalom hã va ɖo.

Ilustração artística — interpretação, não registro histórico.

Você sabia?

A rebelião de Absalão e a fuga de Davi

  • Absalão minou a autoridade de Davi ao interceptar os cidadãos que buscavam justiça real junto à porta da cidade, prometendo equidade e conquistando a afeição popular. Ele então iniciou sua rebelião a partir de Hebrom, a antiga cidade onde Davi havia sido originalmente coroado rei de Judá.Fontes: o próprio texto bíblico · Absalom · Hebron
  • Apesar de ser estrangeiro da cidade filisteia de Gate, Itai, o geteu, permaneceu profundamente leal a Davi, recusando-se a abandonar o monarca em fuga juntamente com seiscentos de seus guerreiros e suas famílias.Fontes: o próprio texto bíblico · Ittai · Gath
  • Para neutralizar o formidável conselho estratégico de seu antigo conselheiro Aitofel, Davi enviou a arca da aliança e seu amigo de confiança Husai de volta a Jerusalém. Husai coordenou uma rede de espionagem dentro do palácio ao lado dos sumos sacerdotes Zadoque e Abiatar e seus filhos.Fontes: o próprio texto bíblico · Ahithophel · Hushai · Zadok

Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.

Lugares deste capítulo

  • Hebron · Hoje: Tel Rumeida · 31.525, 35.102 · versículos 7, 8, 9, 10
  • Aram · 33.511, 36.306 · versículo 8
  • Geshur · 32.767, 35.700 · versículo 8
  • Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículos 8, 11, 13, 14, 29, 34, 37
  • Kidron · Hoje: Kidron River · 31.780, 35.240 · versículos 22, 23
  • Jordan · Hoje: Jordan River · 31.761, 35.558 · versículo 28
  • Mount of Olives · 31.778, 35.246 · versículos 30, 32

Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Fale com a gente

Conte de onde você lê, como a Bíblia tem te ajudado ou o que podemos melhorar. Lemos todas as mensagens.