2 Samuel 10
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.
David ɖu Amonitɔwo dzi
1Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Amonitɔwo ƒe fia ku eye via Hanun ɖu fia ɖe eteƒe. 2David gblɔ be, “Manyo dɔ me na Hanun, Nahas ƒe vi abe ale si fofoa nyo dɔ me nam ene.” Ale David dɔ amewo be woado babaa na Hanun le fofoa ƒe ku ta.
Esi David ƒe amewo va ɖo Amonitɔwo ƒe anyigba dzi la, 3Amonitɔwo ƒe amegãwo gblɔ na woƒe kplɔla Hanun be, “Ɖe nèbu be David le bubu dem ye fofo ŋu to ame siawo dɔdɔ ɖe gbɔwò be woado babaa na wò mea? Menye ɖe David dɔ ame siawo be woava tsa ŋku le anyigba la dzi eye yewoaho aʋa ɖe eŋu oa?” 4Ale Hanun lé David ƒe amewo, ƒlɔ ge afãafã na wo eye wòlã woƒe awuwo ɖe woƒe gɔnu. Ale Hanun do mɔ ameawo.
5Esi David se nya sia la, edɔ amewo woɖakpe ŋutsuawo kple gbedeasi be woatsi Yeriko va se ɖe esime woƒe ge nato elabena wodo ŋukpe wo ŋutɔ.
6Esi Amonitɔwo kpɔ be yewozu David ƒe ketɔwo la, wobia aʋawɔla akpe blaeve Aramtɔwo tso Bet Rehobnyigba kple Zobahnyigba dzi kpe ɖe ame akpe ɖeka tso Maaka fia gbɔ kple ame akpe wuieve (12,000) tso Tobnyigba dzi.
7Esi David se nya sia la, eɖo Yoab kple aʋakɔ blibo la ɖa. 8Amonitɔwo va nɔ woƒe dua ƒe agbo nu hena aʋawɔwɔ le esime Aramtɔwo tso Zoba kple Rehob kple ame siwo tso Tob kple Maaka nɔ wo ɖokui si le gbedzi. 9Yoab kpɔ be wodze aʋa ɖe ye ŋgɔ kple ye megbe siaa, eya ta etia Israel ƒe asrafo siwo bi ɖe aʋawɔwɔ me, eye wòna woɖakpe aʋa kple Aramtɔwo. 10Ena akpa evelia si nɔ nɔvia Abisai ƒe kpɔkplɔ te la kpe aʋa kple Amonitɔwo.
11Yoab gblɔ na nɔvia be, “Ne Aramtɔwo sẽ nam akpa la, nàva kpe ɖe ŋunye, ke ne Amonitɔwo sẽ na wò akpa la, mava kpe ɖe ŋuwò. 12Lé dzi ɖe ƒo, eye na míawɔ aʋa la kalẽtɔe na míaƒe dukɔ kple míaƒe Mawu la ƒe duwo. Yehowa awɔ nu si nyo le eŋkume.”
13Ale Yoab kple eƒe aʋakɔwo lũ ɖe Aramtɔwo dzi be woakpe aʋa kpli wo eye Aramtɔwo si le wo nu. 14Esi Amonitɔwo kpɔ be Aramtɔwo nɔ sisim la, woawo hã lé du tsɔ le Abisai ŋgɔ eye woɖage ɖe du la me eya ta Yoab trɔ dzo yi Yerusalem.
15Esime Aramtɔwo kpɔ be Israelviwo ɖu yewo dzi la, wogbugbɔ ƒo ƒu wo ɖokuiwo. 16Hadadezer na Aramtɔwo tso tɔsisi la godo yi Helam eye wonɔ Sobak, Hadadezer ƒe aʋafia ƒe kpɔkplɔ te.
17Esi wogblɔ nya sia na David la, eya ŋutɔ kplɔ Israel ƒe aʋakɔ la yi Helam. Aramtɔwo ho aʋa ɖe David ŋu eye wowɔ aʋa kplii. 18Ke Aramtɔwo gasi le Israelviwo nu. David wu Aramtɔwo ƒe sɔdola alafa adre (700) kple afɔzɔla akpe blaene (40,000). Ede abi woƒe aʋafia, Sobak hã ŋu wòku le afi ma. 19Esi Hadadezer ƒe kpeɖeŋutɔwo kpɔ be woɖu Aramtɔwo dzi la wona ta eye wozu David tenɔlawo. Tso ɣe ma ɣi la, Aramtɔwo vɔ̃na be yewoagakpe ɖe Amonitɔwo ŋu.

Você sabia?
A Guerra contra Amonitas e Arameus
- Quando o rei Hanom de Amom suspeitou que os emissários de Davi fossem espiões, ele os humilhou raspando metade da barba de cada um e cortando suas vestes na altura das nádegas. Diante de tamanha vergonha, Davi ordenou que permanecessem em Jericó até que a barba crescesse novamente.Fontes: o próprio texto bíblico · Hanun · Jericho
- Percebendo que haviam provocado a ira de Davi, os amonitas contrataram milhares de mercenários arameus de reinos como Bete-Reobe, Zobá e Maaca para combater Israel.Fontes: o próprio texto bíblico · Zobah · Maacah
- Diante de duas frentes de batalha—os amonitas junto à porta da cidade e os arameus em campo aberto—, Joabe dividiu o exército de Israel, liderando as tropas de elite contra os arameus e confiando o restante a seu irmão Abisai.Fontes: o próprio texto bíblico · Joab · Abishai
Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.
Lugares deste capítulo
- Ammon · 31.955, 35.934 · versículos 1, 2, 3, 6, 8, 10, 11, 14, 19
- Jericho · Hoje: Tell es Sultan · 31.872, 35.445 · versículo 5
- Maacah · 33.258, 35.581 · versículos 6, 8
- Zobah · 33.935, 36.151 · versículos 6, 8
- Syria · Hoje: Aram · 33.511, 36.306 · versículos 9, 11, 13, 14, 17, 18, 19
- Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículo 14
- Euphrates · Hoje: Euphrates River · 31.004, 47.442 · versículo 16
- Jordan · Hoje: Jordan River · 31.761, 35.558 · versículo 17
Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org