Nations Bible

2 Reis 8

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.

Elisa na kpekpeɖeŋu Sunem nyɔnu la

1Elisa gblɔ na nyɔnu si ƒe viŋutsu wògbɔ agbee la be, “Kplɔ wò ƒometɔwo eye miayi aɖanɔ teƒe aɖe si miate ŋu anɔ elabena Yehowa ɖe gbe be dɔwuame nava anyigba la dzi eye wòanɔ anyi ƒe adre.” 2Nyɔnu la wɔ nu si Mawu ƒe ame la gblɔ. Eya kple eƒe ƒometɔwo yi ɖanɔ Filistitɔwo ƒe anyigba dzi ƒe adre.

3Esi dɔwuame la nu tso la, nyɔnu la gatrɔ va Israelnyigba dzi eye wòva kpɔ fia la be wòagbugbɔ yeƒe aƒe kple anyigba na ye. 4Fia la nɔ nu ƒom kple Gehazi, Elisa ƒe subɔla, esime nyɔnu la do ɖe fia la ŋkume. Fia la nɔ gbɔgblɔm na Gehazi be, “Gblɔ nya aɖewo nam tso nu gã siwo Elisa wɔ la ŋu.” 5Gehazi nɔ nu ƒom na fia la tso gbe si gbe Elisa gbɔ agbe ŋutsuvi kuku aɖe la ŋuti. Ɣe ma ɣi tututue ŋutsuvia dada do ɖe fia la ŋkume!

Gehazi gblɔ na fia la be, “Ahã! Nye aƒetɔ fia bubutɔ, nyɔnu lae nye esia, ame si ƒe viŋutsu ku eye Elisa gbɔ agbee lae nye esia!” 6Fia la bia nyɔnu la be, “Nyateƒea?”

Nyɔnu la ɖo eŋu be, “Ɛ̃, nyateƒee!” Ale fia la ɖe gbe na eŋumewo dometɔ ɖeka be wòakpɔ egbɔ be nu sia nu si nye nyɔnu la tɔ kpɔ la naka esi eye be woaxe fe nɛ ɖe nuku siwo woxa le eƒe anyimanɔmanɔ me la nu.

Hazael wu Ben Hadad

7Le esia megbe la, Elisa yi Damasko, Siria ƒe fiadu me esime Siria fia, Ben Hadad nɔ dɔ lém le afi ma. Ame aɖe gblɔ na fia la be nyagblɔɖila la va. 8Egblɔ na Hazael be, “Tsɔ nunana ɖe asi eye nàyi ɖakpɔ Mawu ƒe ame la. Bia gbe Yehowa to Mawu ƒe ame la dzi. Biae be, ‘Ɖe mahaya tso nye dɔléle sia mea?’ ”

9Hazael yi ɖado go Elisa. Edo agba na kposɔ blaene kple adzɔnu nyuitɔwo tso Damasko. Eyi ɖatsi tsitre ɖe eŋkume hegblɔ be, “Viwò Ben Hadad, Siria fia dɔm ɖa be mabia wò be, ‘Ɖe mahaya tso nye dɔléle sia mea?’ ”

10Elisa ɖo eŋu be, “Gblɔ nɛ be ahaya gake Yehowa ɖee fiam be ele kuku ge godoo!” 11Elisa lĩ ŋku ɖe Hazael dzi gãa va se ɖe esime Hazael tɔtɔ eye Elisa de asi avifafa me.

12Hazael biae be, “Nu ka ta nye aƒetɔ le avi fam?”

Elisa ɖo eŋu be, “Menya nu vɔ̃ɖi siwo nèle wɔwɔ ge Israelviwo; àtɔ dzo woƒe mɔwo, àwu woƒe ɖekakpuiwo, àxlã woƒe vidzĩwo ɖe agakpewo eye àdze ƒodo le woƒe funɔwo nu!”

13Hazael gblɔ be, “Avue menyea? Nyemawɔ nu ma tɔgbi gbeɖegbeɖe o!”

Ke Elisa ɖo eŋu be, “Yehowa na menya be wòe ava zu fia le Siria.”

14Esi Hazael trɔ le Elisa gbɔ va yi eƒe aƒetɔ gbɔ la gbɔ la, ebiae be, “Nya kae nyagblɔɖila la gblɔ na wò?” Hazael ɖo eŋu be, “Egblɔ nam be àhaya.” 15Ke esi ŋu ke la, Hazael tsɔ kundru aɖe de tsi me eye wòtsɔe tsyɔ mo na fia Ben Hadad va se ɖe esime gbɔgbɔtsixe tsi eƒo eye wòku. Ale Hazael zu fia ɖe eteƒe.

Yehoram, Yuda fia

16Fia Yoram, Yuda fia Yehosafat ƒe vi dze eƒe fiaɖuɖu gɔme le Israel fia, Yehoram, Fia Ahab ƒe vi ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe atɔ̃lia me. 17Yoram xɔ ƒe blaetɔ̃-vɔ-eve esi wòzu fia. Eɖu fia le Yerusalem ƒe enyi. 18Enye fia vɔ̃ɖi aɖe abe Ahab kple Israel fia bubuawo ene. Eɖe Ahab ƒe vinyɔnu eye wòwɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume. 19Ke esi Yehowa do ŋugbe na eƒe dɔla, Fia David, be yeakpɔ eƒe dzidzimeviwo dzi eye yeakplɔ wo ta la, metsrɔ̃ Yuda o.

20Le Yoram ƒe fiaɖuɣi la, Edomtɔwo dze aglã, ɖe wo ɖokui ɖa tso Yuda te eye woɖo fia na wo ɖokui. 21Ke Yehoram kple eƒe tasiaɖamwo katã ho yi Zair. Le zã me la, Edomʋakɔ va ɖe to ɖe wo kpe ɖe eƒe tasiaɖam megãwo ŋu. Ke Yoram kple eƒe tasiaɖam megãwo kpe aʋa kple Edomtɔwo hekpe wo dzi hesi to wo dome dzo. Ke eƒe amewo si yi aƒe. 22Ale Edom do le Yuda ƒe kɔkuti te va se ɖe egbe. Libna hã dze aglã ɣe ma ɣi tututu.

23Woŋlɔ Fia Yoram ƒe ŋutinya mamlɛa ɖe, Yuda fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. 24Eku eye woɖii ɖe tɔgbuiawo dome le David ƒe du la me. Ke Ahazia si nye Via ŋutsuvi ɖu fia ɖe eteƒe.

Ahazia, Yuda fia

25Yoram ƒe vi, Ahazia zu fia yeye la le Israel fia Yehoram, Ahab ƒe vi ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuievelia me. 26Ahazia xɔ ƒe blaeve-vɔ-eve esi wòzu fia. Eɖu fia ƒe ɖeka ko le Yerusalem. Dadae nye Atalia, Israel fia, Omri ƒe tɔgbuiyɔvi. 27Enye fia vɔ̃ɖi aɖe abe ale si Fia Ahab ƒe dzidzimeviwo katã nɔ ene elabena edo ƒome kple Fia Ahab to srɔ̃ɖeɖe me.

28Ahazia kple Ahab ƒe vi Yoram woho aʋa ɖe Aram fia Hazael ŋu le Ramot Gilead. Aramtɔwo de abi Yoram ŋu le aʋa sia me 29eya ta Fia Yoram gbɔ va Yezreel be yeagbɔ ɖe eme, eye yeakpɔ egbɔ be woda gbe le abi siwo Aramtɔwo de eŋu le Ramot, esime wòwɔ aʋa kple Aram fia Hazael la ŋu.

Ke Ahazia si nye Yuda fia Yehoram ƒe vi la yi Yezerel be yeakpɔ Ahab vi Yoram ɖa ɖe eƒe abixɔxɔ ta.

Você sabia?

Sucessão Profética e Alianças Reais

  • Quando o rei Ben-Hadade de Damasco adoeceu, enviou seu oficial Hazael com presentes em quarenta camelos para consultar Eliseu. Eliseu chorou ao prever a imensa crueldade que Hazael cometeria contra Israel, e no dia seguinte Hazael sufocou o rei com um pano molhado para usurpar o trono da Síria.Fontes: o próprio texto bíblico · Hazael · Ben-hadad · Damascus
  • Jeorão de Judá casou-se com Atalia, filha de Acabe e Jezabel, alinhando o reino do sul com as práticas e políticas da monarquia do norte. Essa aliança continuou com seu filho Acazias, que se uniu ao rei de Israel no conflito militar contra Hazael em Ramote-Gileade.Fontes: o próprio texto bíblico · Jehoram · Ahaziah · Ahab
  • Após sobreviver a sete anos de fome entre os filisteus, a mulher sunamita suplicou ao rei pela devolução de suas propriedades abandonadas. O testemunho direto de Geazi sobre a ressurreição de seu filho levou o rei a restituir não apenas suas terras, mas também todos os rendimentos das colheitas perdidas.Fontes: o próprio texto bíblico · Gehazi

Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.

Lugares deste capítulo

  • Damascus · 33.511, 36.306 · versículos 7, 9
  • Syria · Hoje: Aram · 33.511, 36.306 · versículos 7, 9, 13, 28, 29
  • Aram · 33.511, 36.306 · versículo 15
  • Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículos 17, 26
  • Edom · 30.746, 35.604 · versículos 20, 21, 22
  • City of David · 31.774, 35.236 · versículo 24
  • Ramah · Hoje: Tall er Rumeith · 32.500, 36.015 · versículo 29

Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Fale com a gente

Conte de onde você lê, como a Bíblia tem te ajudado ou o que podemos melhorar. Lemos todas as mensagens.