Nations Bible

2 Reis 24

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.

1Le Fia Yehoyakim ƒe fiaɖuɖu me la, Babilonia fia Nebukadnezar va dze anyigba la dzi eye Yehoyakim va zu etenɔla ƒe etɔ̃. Le esia megbe la, etrɔ susu eye wòdze aglã ɖe Nebukadnezar ŋu. 2Yehowa ɖo adzohawo ɖa tso Kaldeatɔwo, Siriatɔwo, Moabtɔwo kple Amonitɔwo dome be woatsrɔ̃ dukɔ la abe ale si Yehowa gblɔe to eƒe Nyagblɔɖilawo dzi be yeawɔ ene. 3Nu siawo dzɔ ɖe Yuda dzi le Yehowa ƒe ɖoɖo nu ale be yeaɖe wo ɖa le yeƒe ŋkume le Manase ƒe nu vɔ̃ kple nu siwo katã wòwɔ la ta. 4Nu siawoe nye ʋu maɖifɔwo kɔkɔ ɖi elabena ekɔ ʋu maɖifɔ geɖewo ɖi le Yerusalem eye Yehowa medi be yeatsɔ nu vɔ̃ sia akee o.

5Woŋlɔ Yehoyakim ƒe ŋutinya mamlɛa ɖe Yuda fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. 6Esi Yehoyakim ku la, via Yehoyatsin ɖu fia ɖe eteƒe. 7Egipte fia Farao megatrɔ gbɔ emegbe o elabena Babilonia fia yi ɖanɔ anyigba si Egipte fia gblɔ be enye ye tɔ la dzi. Teƒe siawo nye Yudanyigba blibo la tso Egipte tɔsisi la to yi ɖatɔ Frat tɔsisi la.

Yehoyatsin, Yuda fia

8Yehoyatsin xɔ ƒe wuienyi esi wòzu fia; eɖu fia le Yerusalem ɣleti etɔ̃. Dadae nye Nehusta, Elnatan ƒe vinyɔnu. Etso Yerusalem 9Ewɔ nu vɔ̃ le Yehowa ŋkume abe ale si fofoa wɔ ene.

10Esi Yehoyakin nye fia la, Babilonia fia Nebukadnezar ƒe asrafowo ɖe to ɖe Yerusalem. 11Esi woɖe to ɖe dua vɔ la, Nebukadnezar ŋutɔ va ɖo Yerusalem, 12eye Yuda fia, Yehoyatsin, viawo, eƒe aɖaŋudelawo, sãmedɔwɔlawo kple fia dada na ta. Nebukadnezar lɔ̃ ɖe tanana la dzi eye wòlé Fia Yehoyatsin yi ɖade gaxɔ me le Babilonia le Nebukadnezar ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe enyilia me.

13Babiloniatɔwo lɔ kesinɔnuwo katã tso gbedoxɔ la kple fiasã la me hekpe ɖe sikagba siwo katã Israel fia, Solomo, da ɖe gbedoxɔ la me ŋu le Yehowa ƒe ɖoɖo nu. 14Fia Nebukadnezar ɖe aboyo ame akpe ewo (10,000) tso Yerusalem. Fiaŋumewo katã kple asrafo nyuitɔwo kple aɖaŋudɔwɔlawo kple nutala nyuitɔwo hã nɔ aboyomeawo dome. Ale ame siwo menya dɔwɔna aɖeke tututu o la ko wogblẽ ɖe anyigba la dzi. 15Fia Nebukadnezar kplɔ Fia Yehoyatsin, srɔ̃awo kple eƒe aɖaŋudelawo kple dadaa yi Babilonia. 16Ekplɔ asrafo nyuitɔ akpe adre (7,000) kpe ɖe aɖaŋudɔwɔla kple nutala akpe ɖeka ŋu. Ame siawo katã nye ame sesẽ siwo ate ŋu awɔ aʋa. 17Babilonia fia tsɔ Fia Yehoyatsin ƒe nyruiyɔvi, Matania ɖo fiae eye wòtrɔ ŋkɔ nɛ be Zedekia.

Zedekia, Yuda fia

18Zedekia xɔ ƒe blaeve-vɔ-ɖekɛ esi wòzu fia. Eɖu fia le Yerusalem ƒe wuiɖekɛ. Dadae nye Hamutal, Yeremia ƒe vinyɔnu eye wòtso Libna. 19Ewɔ nu vɔ̃ le Yehowa ŋkume abe ale si Yehoyakim wɔe ene.

20Yehowa ƒe dziku tae nu siawo katã va Yerusalem kple Yuda dzi ɖo. Eye le nuwuwu la, eɖe wo ɖa le eƒe ŋkuta. Ke azɔ la, Zedekia dze aglã ɖe Babilonia fia ŋuti.

Ilustração artística — interpretação, não registro histórico.

Você sabia?

O Domínio Babilônico e a Primeira Deportação

  • Durante o reinado de Jeoaquim, a Babilônia quebrou decisivamente a influência egípcia sobre o Levante, assumindo o controle de toda a região desde o rio Eufrates até o ribeiro do Egito.Fontes: o próprio texto bíblico · Jehoiakim · Nebuchadnezzar
  • Quando Joaquim, de apenas dezoito anos, rendeu Jerusalém, Nabucodonosor deportou para a Babilônia milhares de guerreiros, nobres e artífices, além de retirar utensílios de ouro que vinham da época do rei Salomão.Fontes: o próprio texto bíblico · Jehoiachin · Solomon
  • Nabucodonosor estabeleceu Matanias, tio de Joaquim, como rei vassalo sobre a população mais pobre que restou, mudando seu nome para Zedequias para assinalar a autoridade imperial.Fontes: o próprio texto bíblico · Zedekiah

Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.

Lugares deste capítulo

  • Babylon · 32.543, 44.422 · versículos 1, 7, 10, 11, 12, 15, 16, 17, 20
  • Ammon · 31.955, 35.934 · versículo 2
  • Chaldea · 30.962, 46.104 · versículo 2
  • Moab · Hoje: Moab 1 · 31.181, 35.701 · versículo 2
  • Syria · Hoje: Aram · 33.511, 36.306 · versículo 2
  • Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículos 4, 8, 10, 14, 15, 18, 20
  • Egypt · 30.129, 31.308 · versículo 7
  • Euphrates · Hoje: Euphrates River · 31.004, 47.442 · versículo 7

Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Fale com a gente

Conte de onde você lê, como a Bíblia tem te ajudado ou o que podemos melhorar. Lemos todas as mensagens.