Nations Bible

2 Reis 22

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.

Wofɔ Segbalẽ la

1Yosia xɔ ƒe enyi esi woɖoe fiae. Eɖu fia ƒe blaetɔ̃-vɔ-ɖekɛ le Yerusalem. Dadae nye Yedida si nye Adaya tso Bozkat la ƒe vinyɔnu. 2Ewɔ nu si nyo le Yehowa ŋkume eye wòto tɔgbuia David ƒe afɔtoƒewo pɛpɛpɛ. Medze ɖe ɖusime alo miame o.

3Le Fia Yosia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuienyilia me la, Yosia ɖo eƒe nuŋlɔla Safan, Azalia ƒe viŋutsu, ame si nye Mesulam ƒe tɔgbuiyɔvi la ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ me. Egblɔ be, 4“Yi Hilkia, nunɔlagã la gbɔ wòaƒo ƒu ga si wotsɔ va Yehowa ƒe gbedoxɔ la me, si nye ga si agbonudzɔlawo xɔ tso ameawo si la da ɖi. 5Na woatsɔ ga la na ame siwo wotia be woakpɔ gbedoxɔ la dzadzraɖo ƒe dɔwo dzi. Na ame siawo naxe fe na Yehowa ƒe gbedoxɔ la ŋu dɔwɔlawo: 6atikpalawo, xɔtulawo kple gliɖolawo. Hekpe ɖe esiawo ŋu la, na woaƒle ati kple kpe kpakpawo atsɔ adzra gbedoxɔ la ɖo. 7Womebia tso xɔtutudɔdzikpɔlawo si be woawɔ akɔnta tso woƒe nu gbegblẽwo ŋu tsitotsito o elabena wonye nuteƒewɔlawo.”

8Gbe ɖeka la, nunɔlagã Hilkia yi nuŋlɔla Safan gbɔ eye wògblɔ be, “Mefɔ Segbalẽ aɖe le le Yehowa ƒe gbedoxɔ me.” Etsɔe na Safan eye Safan xlẽe. 9Safan, nuŋlɔla la yi fia la gbɔ hegblɔ nɛ be, “Wò dɔnunɔlawo tsɔ ga si le Yehowa ƒe gbedoxɔ me la na dɔwɔlawo kple dɔdzikpɔlawo le gbedoxɔ la me.” 10Safan, nuŋlɔla la na nyanya fia la be, “Nunɔlagã Hilkia tsɔ agbalẽ aɖe nam.” Safan xlẽ agbalẽ la me nyawo na fia la.

11Esi fia la se Segbalẽ la me nyawo la, vɔvɔ̃ ɖoe eye wòdze eƒe awuwo. 12Eɖe gbe na nunɔla Hilkia, Ahikam, Safan ƒe viŋutsu, Akbor, Mikaya ƒe viŋutsu, nuŋlɔla Safan kple Asaya, fia ƒe subɔla be, 13“Miyi miabia Yehowa nam kple ameawo kple Yuda blibo la tso nu siwo woŋlɔ ɖe agbalẽ si wofɔ la ŋuti. Yehowa ƒe dɔmedzoe bi ɖe mía ŋu elabena mía fofowo mewɔ ɖe agbalẽ sia me nyawo dzi o; womezɔ ɖe nu siwo katã woŋlɔ tso mía ŋu ɖe agbalẽ sia me la nu o.”

14Ale nunɔla Hilkia, Ahikam, Akbor, Safan kple Asaya yi ɖaƒo nu kple nyɔnu Nyagblɔɖila Hulda si le Yerusalem ƒe akpa yeye. Nyɔnu Nyagblɔɖila sia nye Tikva ƒe viŋutsu Salum srɔ̃. Harhas si dzi Tikva nye nudodowo dzraɖoƒe dzikpɔla. 15Egblɔ na wo be, “Nu si Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye, ‘Gblɔ na ame si ɖo wò ɖe gbɔnye la be, 16Yehowa ƒe gbee nye esi: mahe dzɔgbevɔ̃e va teƒe sia kple eƒe amewo dzi ɖe nu sia nu si woŋlɔ ɖe agbalẽ si Yuda fia xlẽ la nu. 17Elabena wogbe nu le gbɔnye, wosubɔ mawu bubuwo eye wodo dɔmedzoe nam kple legba siwo wotsɔ woƒe asiwo wɔ la. Nye dɔmedzoe abi ɖe teƒe sia ŋu eye matso o.’ 18Gblɔ na Yuda fia, ame si dɔ wò be nàbia gbe Yehowa be, ‘Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔ tso nya siwo ke nèse la ŋuti. 19Ke esi miaƒe nu vɔ̃wo ve mi eye miebɔbɔ mia ɖokui le Yehowa ŋkume, esi miese nu si megblɔ tsɔ tsi tsitre ɖe teƒe sia kple eƒe amewo ŋu be woaƒo fi ade anyigba sia wòazu aƒedo, eye esi miedze miaƒe awuwo eye miefa avi le nye ŋkume le miaƒe nu vɔ̃wo ta la, maɖo to miaƒe kukuɖeɖe. 20Eya ta àku eye woaɖi wò le ŋutifafa me. Wò ŋkuwo makpɔ dzɔgbevɔ̃e si mahe va dukɔ sia dzi o.’ ” Ale woxɔ eƒe ŋuɖoɖo yi na fia la.

Ilustração artística — interpretação, não registro histórico.

Você sabia?

O Livro da Lei Redescoberto

  • Durante as reformas no templo no décimo oitavo ano do reinado de Josias, o sumo sacerdote Hilquias encontrou o Livro da Lei na casa do SENHOR. Quando o escriba real Safã leu as palavras do rolo em voz alta perante o rei, Josias rasgou as suas vestes em lamento pela negligência passada de Judá em relação aos seus mandamentos.Fontes: o próprio texto bíblico · Hilkiah · Shaphan · Josiah
  • Para consultar o SENHOR a respeito do rolo recém-descoberto, Josias enviou uma delegação real à profetisa Hulda, que habitava no Segundo Distrito de Jerusalém. Hulda transmitiu uma profecia prevendo calamidade sobre Judá devido à idolatria, mas prometeu a Josias que ele descansaria em paz devido ao seu arrependimento humilde.Fontes: o próprio texto bíblico · Second Quarter · Ahikam

Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.

Lugares deste capítulo

  • Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículos 1, 14
  • Second Quarter · Hoje: in Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículo 14

Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Fale com a gente

Conte de onde você lê, como a Bíblia tem te ajudado ou o que podemos melhorar. Lemos todas as mensagens.