Nations Bible

2 Reis 18

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.

Yuda fia, Hezekia

1Le Israel fia, Hosea, Ela ƒe vi ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe etɔ̃lia me la, Yuda fia, Ahaz ƒe viŋutsu Hezekia zu fia. 2Edze fiaɖuɖu gɔme esi wòxɔ ƒe blaeve vɔ atɔ̃. Eɖu fia ƒe blaeve-vɔ-asiekɛ le Yerusalem. Dadaa ŋkɔe nye Abiya, Zekaria ƒe vinyɔnu. 3Eɖu fia nyuie le Mawu ƒe ŋkume abe fofoa, David ene. 4Hezekia gbã nuxeƒe siwo nɔ toawo dzi kple woƒe aƒeliwo. Eho aƒeliwo, hegbã akɔblida si Mose wɔ eye wona ŋkɔe be Nehustan elabena va se ɖe fifia la, Israelviwo gadoa dzudzɔ nɛ.

5Exɔ Yehowa, Israel ƒe Mawu la dzi se kple dzi blibo eye fia siwo do ŋgɔ nɛ kple esiwo kplɔe ɖo la dometɔ aɖeke menɔ Yehowa ŋu kplikplikpli kpɔ abe eya ene o. 6Elé ɖe Yehowa ŋu eye megbugbɔ le eyome o. Elé se siwo katã Yehowa de na Mose la me ɖe asi. 7Yehowa nɔ kplii eye wòna nu sia nu si wòwɔ la dze edzi nɛ. Etso ɖe Asiria fia ŋu eye mesubɔe o. 8Hezekia ɖu Filistitɔwo dzi tso gbetakpɔxɔ dzi va se ɖe du siwo woɖo gli ƒo xlãe la dzi; eɖu Filistitɔwo dzi yi ɖe Gaza kple eƒe nutowo me ke.

9Le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe enelia si nye Fia Hosea, Ela vi, ƒe fiaɖuɖu le Israel ƒe ƒe adrelia me la, Asiria fia, Salmaneser, ho aʋa ɖe Israel ŋu eye wòɖe to ɖe Samaria du la. 10Le ƒe etɔ̃ megbe, si nye Fia Hezekia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe adelia kple Israel fia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe asiekɛlia me la, woɖu Samaria dzi. 11Ɣe ma ɣie Asiria fia ɖe aboyo Israelviwo yi Asiria eye wòda wo ɖe Hala du la me kple teƒe siwo le Habor tɔsisi la to le Gozan kple Mediatɔwo ƒe duwo me. 12Eva eme alea elabena Israelviwo gbe toɖoɖo Yehowa, woƒe Mawu la eye womewɔ nu si wòdi be woawɔ la o, ke boŋ woda le eƒe nubabla la dzi eye wogbe se siwo katã Mose, Yehowa ƒe dɔla de na wo la dzi wɔwɔ.

13Emegbe le Fia Hezekia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuienelia me la, Asiria fia, Senakerib ɖe to ɖe Yuda du siwo katã woglã la eye wòɖu wo dzi. 14Fia Hezekia ɖe kuku, bia ŋutifafa eye wòɖo du ɖe Asiria fia le Lakis be, “Meda vo eya ta maxe fe ɖe sia ɖe si nàbla nam ne àdzo le nye anyigba dzi ko.” Ale Asiria fia bia be wòaxe klosalo kilo akpe ewo kple sika kilo akpe ɖeka na ye. 15Hena ga home sia kpɔkpɔ la, Fia Hezekia dzra klosalo si wodzra ɖo ɖe gbedoxɔ la kple fiasã la ƒe nudzraɖoƒewo me.

16Etsɔ sika si wofa ɖe gbedoxɔ la ƒe ʋɔtruwo ŋu kple esi eya ŋutɔ fa ɖe ʋɔtrutiwo ŋu gɔ̃ hã la katã na Asiria fia.

Senakerib do ŋɔdzi na Yerusalem

17Togbɔ be Fia Hezekia wɔ nu sia hã la, Asiria fia ɖo eƒe aʋafia, aʋakplɔlawo ƒe amegã, gadzikpɔlawo ƒe tatɔ kple asrafo siwo le gbedzi la ƒe amegã ɖa tso Lakis kple aʋakɔ gã aɖe ɖe Fia Hezekia gbɔ le Yerusalem. Esi wova ɖo Yerusalem la, woƒu asaɖa anyi ɖe mɔ gã la to le afi si woɖaa avɔ le le Dzigbeta la to. 18Wobia tso Fia Hezekia si be wòava ƒo nu kple yewo, ke Hezekia ɖo Eliakim, Hilkia ƒe vi si nye eƒe asitsanyawo dzi kpɔla, Sebna, eƒe nuŋlɔla kple Yoa, Asaf ƒe vi, dukɔwo ƒe ŋutinyanyala ɖa be woabia ŋutifafa.

19Aʋafia la gblɔ na wo be, “Gblɔ na Hezekia be,

“Ale Asiria fia, fiagã la gblɔe nye esi: ‘Nu ka dzie nètu wò dzideƒo sia ɖo? 20Ègblɔ be, aʋawɔmɔnuwo kple aʋawɔwɔ ƒe ŋusẽ le ye si, ke nya dzodzrowo ko gblɔm nèle. Ame ka ŋue nèle ŋu ɖom ɖo hafi dze aglã ɖe ŋunye? 21Kpɔ ɖa, azɔ la, èle ŋu ɖom ɖe Egipte ŋu, Egipte si nye aƒla ŋeŋe si tɔa asi na ame, dea abi ame ŋu ne èziɔ ɖe eŋu. Nenema tututue Farao, Egipte fia le ɖe ame sia ame si ɖoa ŋu ɖe eŋu la ŋuti. 22Ne ègblɔ be, “Míele ŋu ɖom ɖe Yehowa, míaƒe Mawu la ŋu” la, ɖe menye eya ƒe nuxeƒewo kple vɔsamlekpuiwoe Hezekia gbã, hegblɔ na Yuda kple Yerusalem be, “Ele na mi be miasubɔ le vɔsamlekpui sia ŋgɔ le Yerusalem” oa?

23“ ‘Va azɔ ne nàtso gbe kple nye aƒetɔ Asiria fia. Matsɔ sɔ akpe eve na wò ne àte ŋu akpɔ wo dolawo ko! 24Togbɔ be nèle dzi ɖom ɖe Egipte ŋu be wòana tasiaɖamwo kple sɔdolawo wò hã la, aleke nàte ŋu awɔ aɖu nye aƒetɔ ƒe aʋafiawo dometɔ suetɔ gɔ̃ hã dzi? 25Gawu la, ɖe meva be madze teƒe sia dzi atsrɔ̃e ne nyemexɔ gbe tso Yehowa gbɔ oa? Yehowa ŋutɔe gblɔ nam be mava ƒo ɖe dukɔ sia dzi ne matsrɔ̃e.’ ”

26Eliakim, Hilkia ƒe vi, Sebna kple Yoa gblɔ na wo be, “Míeɖe kuku ƒo nu na mí le Aramgbe me elabena míese Aramgbe. Migaƒo nu na mí le Hebrigbe me o: ame siwo le glia dzi la ava se míaƒe nyawo.”

27Ke Asiriatɔwo ƒe aʋafia la ɖo eŋu be, “Ɖe nye aƒetɔ ɖom ɖa be maƒo nu na mi kple miaƒe aƒetɔ koa? Ɖe meɖom ɖe ame siwo le glia dzi la hã gbɔ oa? Elabena evɔ na wo abe miawo ke ene. Woaɖu woawo ŋutɔ ƒe afɔdzi eye woano woawo ŋutɔ ƒe aɖuɖɔ!”

28Tete aʋafiagã la te va hedo ɣli gblɔ le Hebrigbe me be, “Mise Asiria fia, fiagã la ƒe nya! 29Ale fia la gblɔe nye esi, migana Hezekia nable mi o. Mate ŋu aɖe mi tso nye asi me o! 30Migana Hezekia nable mia nu be, miɖo dzi ɖe Yehowa ŋu o, esime wògblɔ be, ‘Yehowa aɖe mi godoo; womatsɔ du sia ade asi na Asiria fia o.’

31“Migaɖo to Fia Hezekia o. Nya si Asiria fia gblɔe nye esi: Miwɔ ŋutifafa kplim eye miava gbɔnye. Ekema mia dometɔ ɖe sia ɖe aɖu nu tso eya ŋutɔ ƒe wain kple gboti me eye wòano tsi tso eya ŋutɔ ƒe vudo me 32va se ɖe esime mava akplɔ mi ayi anyigba si ɖi mia tɔ la dzi, anyigba si dzi bli kple wain yeye le, afi si abolo bɔ ɖo eye waingblewo le, afi si amitiwo kple anyitsi le. Mitia agbe, ke menye ku o!

“Migaɖo to Hezekia o, elabena ele mia flum ne egblɔ be, ‘Yehowa axɔ na mí.’ 33Dukɔ bubu aɖe ƒe mawuwo ɖe eƒe amewo tso Asiria fia ƒe asi me kpɔa? 34Nya kae dzɔ ɖe Hamat, Arpad, Sefarvaim, Hena kple Iva ƒe mawuwo dzi? Ɖe woɖe Samaria? 35Ke mawuwo dometɔ kawoe le dukɔ siawo katã me si te ŋu ɖe eƒe anyigba tso nye asi me kpɔ hafi Yehowa ya ate ŋu aɖe Yerusalem tso nye asi me?”

36Ke ame siwo nɔ glia dzi la meke nu o, elabena woƒe fia de se na wo be, womegagblɔ nya aɖeke o.

37Azɔ la, Eliakim, Hilkia ƒe vi, asitsanyawo dzikpɔla la kple Sebna, fia ƒe nuŋlɔla kple Yoa, Asaf ƒe vi, dukɔwo ƒe ŋutinyanyala dze woƒe awuwo eye woyi Fia Hezekia gbɔ hegblɔ nya siwo Asiriatɔwo ƒe aʋafia la gblɔ na wo la nɛ.

Ilustração artística — interpretação, não registro histórico.

Você sabia?

A fé de Ezequias e a ameaça assíria

  • Como parte de suas reformas religiosas, o rei Ezequias destruiu a serpente de bronze que Moisés havia feito originalmente, pois os israelitas a haviam transformado em objeto de culto idolátrico e queimavam incenso a ela.Fontes: o próprio texto bíblico · Hezekiah
  • O Rabsaqué era um oficial de alto escalão da corte assíria, como o copeiro-mor ou vizir. Durante o confronto fora de Jerusalém, ele falou intencionalmente em hebraico, em vez do aramaico diplomático, para que os soldados nas muralhas da cidade pudessem ouvir sua intimidação psicológica.Fontes: o próprio texto bíblico · Rabshakeh
  • O rei Senaqueribe conduziu sua campanha militar contra Judá enquanto atacava a cidade fortificada de Laquis. Dali, ele recebeu o tributo de ouro e prata enviado por Ezequias antes de despachar um exército e altos oficiais diretamente a Jerusalém.Fontes: o próprio texto bíblico · Lachish

Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.

Lugares deste capítulo

  • Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículos 2, 17, 22, 35
  • Assyria · 36.359, 43.153 · versículos 7, 9, 11, 13, 14, 16, 17, 19, 23, 28, 30, 31, 33
  • Gaza · Hoje: Tell Harube · 31.504, 34.464 · versículo 8
  • Samaria · 32.276, 35.195 · versículos 9, 10, 34
  • Lachish · Hoje: Tell ed Duweir · 31.565, 34.849 · versículos 14, 17
  • Upper Pool · Hoje: in Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículo 17
  • Egypt · 30.129, 31.308 · versículos 21, 24
  • Hamath · Hoje: Hama · 35.136, 36.750 · versículo 34

Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Fale com a gente

Conte de onde você lê, como a Bíblia tem te ajudado ou o que podemos melhorar. Lemos todas as mensagens.