Nations Bible

2 Reis 15

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.

Azaria, Yuda fia

1Le Yeroboam Evelia, Israel fia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaeve-vɔ-adrelia me la, Azaria, Yuda fia Amazia ƒe viŋutsu dze fiaɖuɖu gɔme. 2Exɔ ƒe wuiade esi wòzu fia eye wòɖu dzi le Yerusalem ƒe blaatɔ̃ vɔ eve. Dadaa ŋkɔe nye Yekolia tso Yerusalem. 3Azaria nye fia nyui aɖe eye Yehowa kpɔ ŋudzedze le eŋu abe ale si wòkpɔe le fofoa, Amazia, ŋu ene 4gake, Megbã nuxeƒewo le toawo dzi o, ale ameawo gasaa vɔ eye wogadoa dzudzɔ ʋeʋĩ le afi ma kokoko.

5Le esia ta la, Yehowa na wòdze kpodɔ va se ɖe eƒe kugbe. Woɖe kpɔ eya ɖeka da ɖe aƒe aɖe me ale via Yotam wɔ dɔ ɖe eteƒe abe fiateƒenɔla ene.

6Woŋlɔ Fia Azaria ƒe ŋutinya mamlɛa kple nu siwo katã wòwɔ la ɖe Yuda fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. 7Esi Azaria ku la, woɖii ɖe tɔgbuiawo gbɔ le David ƒe du la me eye via Yotam ɖu fia ɖe eteƒe.

Zekaria, Israel fia

8Israel fia yeye lae nye Zekaria, fofoae nye Yeroboam Evelia. Eɖu fia ɣleti ade ko. Edze fiaɖuɖu gɔme le Yuda fia Azaria ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaetɔ̃-vɔ-enyilia me.

9Ke Zekaria nye fia vɔ̃ɖi aɖe le Yehowa ŋkume, abe fofoawo ene. Ena Israel wɔ nu vɔ̃ to legbawo subɔsubɔ me abe Yeroboam Gbãtɔ, Nebat ƒe vi ene. 10Salum, Yabes ƒe vi ɖo nugbe ɖe eŋu hewui le lbleam eye wòzu fia ɖe eteƒe. 11Woŋlɔ Zekaria ƒe ŋutinya mamlɛa ɖe Israel fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. 12Ale nya si Yehowa gblɔ na Yehu be, “Wò dzidzimeviwo aɖu fia va se ɖe dzidzime enelia dzi” la va eme.

Salum, Israel fia

13Israel fia yeye lae nye Salum. Fofoae nye Yabes. Eɖu fia ɣleti ɖeka pɛ ko. Yuda fia Azaria, ame si wogayɔna be Uzia la nɔ eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaetɔ̃-vɔ-asiekɛlia me.

14Le Salum ƒe fiaɖuɖu ɣleti ɖeka megbe la, Menahem, Gadi ƒe vi tso Tirza va Samaria eye wòwui. Ale Menahem zu fia ɖe eteƒe. 15Woŋlɔ nya bubuwo tso Fia Salum kple eƒe nugbeɖoɖowo ŋu ɖe Israel fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.

16Fia Menahem gbã Tapua du kple kɔƒe siwo ƒo xlãe elabena ameawo gbe be yewomaxɔe abe woƒe fia ene o. Ewu ameawo katã eye wòdze ƒodo le funɔwo nu.

Menahem, Israel fia

17Israel fia yeye lae nye Menahem, Gadi ƒe vi. Eɖu fia ƒe ewo le Samaria. Edze fiaɖuɖu gɔme le Yuda fia, Azaria ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaetɔ̃-vɔ-asiekɛlia me.

18Menahem nye fia vɔ̃ɖi aɖe le Yehowa ŋkume. Esubɔ legbawo abe ale si Yeroboam Gbãtɔ wɔ xoxoxo la ene eye wòhe Israel de nu vɔ̃ me. 19Pul, Asiria fia ho aʋa ɖe Israel ŋu eye Menahem tsɔ klosaloga kilogram akpe blaetɔ̃ vɔ ade nɛ be wòakpe ɖe ye ŋu fiaɖuƒe la nanɔ ye si. 20Menahem xɔ ga sia le Israelviwo si sesẽtɔe. Ele na hotsuitɔ ɖe sia ɖe be wòana klosaloga kilogram afã be woatsɔ ana Asiria fia. Ale Asiria fia dzudzɔ aʋa la hoho ɖe eŋu eye wòdzo le anyigba la dzi.

21Woŋlɔ Fia Menahem ƒe ŋutinya mamlɛa ɖe Israel fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. 22Esi wòku la, via Pekahia zu fia ɖe eteƒe.

23Israel fia yeye lae nye Pekahia, fofoae nye Menahem. Eɖu fia ƒe eve le Samaria. Esime Yuda fia Azaria ɖu fia ƒe blaatɔ̃ la, Pekahia dze fiaɖuɖu gɔme. 24Pekahia nye fia vɔ̃di aɖe le Yehowa ŋkume. Eyi legbasubɔsubɔ si gɔme Fia Yeroboam Gbãtɔ, Nebat ƒe vi, dze la dzi eye wòkplɔ Israel to nu vɔ̃ mɔ ma dzi. 25Peka, Remalia ƒe vi, aʋafiawo dometɔ ɖeka wɔ babla kple Gileadtɔ blaatɔ̃ ɖe eŋu eye wowui le fiasã la me le Samaria. Wowu Argɔb kple Arieh kpe ɖe eŋu. Ale Peka zu fia yeye la.

26Woŋlɔ Fia Pekahia ƒe ŋutinya mamlɛa ɖe Israel fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.

Peka, Israel fia

27Israel fia yeye lae nye Peka, Remalia ƒe vi. Eɖu fia ƒe blaeve le Samaria le esime Fia Azaria ɖu fia ƒe blaatɔ̃ vɔ eve xoxo le Yuda.

28Peka hã nye fia vɔ̃ɖi aɖe le Yehowa ŋkume; eya hã wɔ nu vɔ̃ si Yeroboam Gbãtɔ, Nebat ƒe vi, ame si kplɔ Israel blibo la de legbasubɔsubɔ me la wɔ. 29Eƒe fiaɖuɣi mee Asiria fia, Tiglat Pilser, ame si wogayɔna be Pul la ho aʋa ɖe Israel ŋu. Du siwo dzi wòɖu la woe nye Iyɔn, Abel Bet Maka, Yanoa, Kedes kple Hazor. Exɔ Gilead kple Galilea hã hekpe ɖe Naftalinyigba blibo la ŋu. Eɖe aboyo amewo yi Asiria. 30Hosea, Ela ƒe vi ɖo nugbe ɖe Peka ŋu eye wòwui, ale Hosea zu fia yeye la.

Israel fia yeye lae nye Hosea. Eɖu fia le Israel le esime Yotam, Uzia ƒe vi ɖu fia ƒe blaeve le Yuda.

31Woŋlɔ Peka ƒe ŋutinya mamlɛa ɖe Israel fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.

Yotam, Yuda fia

32Le Peka, Remalia ƒe viŋutsu ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe evelia le Israel me la, Yotam, Uzia ƒe vi, dze fiaɖuɖu gɔme le Yuda. 33Exɔ ƒe blaeve vɔ atɔ̃ esi wòɖu fia eye wòɖu fia ƒe wuiade le Yerusalem. Dadae ŋkɔe nye Yerusa, Zadok ƒe vinyɔnu. 34Ewɔ nu dzɔdzɔe le Yehowa ŋkume, abe ale si fofoa, Uzia, wɔ ene. 35Megbã nuxeƒewo le toawo dzi o, ale ameawo gasaa vɔ eye wogadoa dzudzɔ ʋeʋĩ le afi ma kokoko. Yotam gbugbɔ Yehowa ƒe gbedoxɔ ƒe Dzigbegbo la tu.

36Woŋlɔ Yotam ƒe ŋutinya mamlɛa ɖe Yuda fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. 37Le ŋkeke mawo me la, Yehowa na Siria fia Rezin kple Israel fia Peka ho aʋa ɖe Yuda ŋuti. 38Esi Yotam ku la, woɖii ɖe tɔgbuiawo dome le fofoa de si nye David ƒe du la me. Yotam ƒe vi Ahaz zu fia yeye la.

Ilustração artística — interpretação, não registro histórico.

Você sabia?

Caos em Israel e estabilidade em Judá

  • Enquanto Judá mantinha relativa estabilidade sob os longos reinados de Uzias e de seu filho Jotão, o reino do norte, Israel, enfrentava forte instabilidade política. Em um curto período, quatro reis — Zacarias, Salum, Pecaías e Peca — foram assassinados por conspiradores que usurparam o trono.Fontes: o próprio texto bíblico · Shallum · Menahem · Pekah
  • Este capítulo registra a crescente agressão do Império Assírio contra Israel. O rei Menaém pagou a Pul mil talentos de prata cobrados dos homens ricos de Israel para assegurar seu poder, e mais tarde Tiglate-Pileser capturou Gileade, a Galileia e Naftali, levando seus habitantes cativos.Fontes: o próprio texto bíblico · Menahem · Pekah
  • O rei Uzias de Judá, também chamado de Azarias, foi afligido por lepra durante seu reinado. Por causa da doença, ele passou a viver em uma casa separada, enquanto seu filho Jotão administrava o palácio real e governava o povo como corregente.Fontes: o próprio texto bíblico · Uzziah · Jotham

Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.

Lugares deste capítulo

  • Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículos 2, 33
  • City of David · 31.774, 35.236 · versículos 7, 38
  • Samaria · 32.276, 35.195 · versículos 8, 13, 14, 17, 23, 25, 27
  • Assyria · 36.359, 43.153 · versículos 19, 20, 29
  • Gilead · Hoje: Gilead 1 · 32.187, 35.692 · versículos 25, 29
  • Galilee · 32.760, 35.527 · versículo 29
  • Hazor · Hoje: Tel Hazor · 33.018, 35.569 · versículo 29
  • Syria · Hoje: Aram · 33.511, 36.306 · versículo 37

Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Fale com a gente

Conte de onde você lê, como a Bíblia tem te ajudado ou o que podemos melhorar. Lemos todas as mensagens.