Nations Bible

2 Coríntios 7

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.

Paulo ƒe dzidzɔ

1Ke azɔ nɔvinye lɔlɔ̃tɔwo, esi Mawu do ŋugbe gã siawo na mí ta la, mina míadzudzɔ nu gbegblẽ wɔwɔ, eye míate ɖa xaa tso nu siwo ƒoa ɖi míaƒe ŋutilã kple gbɔgbɔ la gbɔ, eye míanɔ agbe kɔkɔewo to Aƒetɔ la vɔvɔ̃ me, alé eƒe nyawo me ɖe asi sesĩe.

2Le míaƒe dɔwɔwɔ me kpli mi la, míekplɔ ame aɖeke to mɔtatra aɖeke dzi o, míeba ame aɖeke alo gblẽ ame aɖeke ƒe naneke o, eya ta miʋu miaƒe dziwo ƒe ʋɔtruwo ne miaxɔ mí ɖe wo me. 3Nyemele esiawo gblɔm be matsɔ fɔbubu aɖeke ada ɖe mia dzi o, elabena megblɔ va yi xoxo be mena teƒe mi le nye dzi me tegbee be manɔ agbe kpli mi, eye maku hã kpli mi. 4Meɖoa dzi ɖe mia ŋu ŋutɔ, eye medana ɖe mia dzi hã ŋutɔ, eye togbɔ be nuxaxa kple vevesese geɖe le dzinye hã la, ne meɖo ŋku mia dzi ko la, dzideƒo ɖoa asinye eye dzidzɔ yɔa menye taŋtaŋtaŋ.

Nuxaxa si hea dzimetɔtrɔ vɛ

5Míekpɔ ŋutifafa aɖeke esi míeva ɖo Makedonia o, fukpekpewo sɔŋ koe ƒo xlã mí. Amewo do dzre na mí to mɔ ɖe sia ɖe dzi, eye vɔvɔ̃ kple ŋɔdzi yɔ mía me fũu ŋutɔ. 6Ke Mawu, ame si ŋutɔ dea dzi ƒo na ame siwo ƒo dzi ɖe le la de dzi ƒo na míawo hã esi Tito va ɖo mía gbɔ. 7Menye esi wòva ɖo mía gbɔ dedie la ɖeɖe koe na be míekpɔ dzidzɔ o, ke boŋ nya siwo keŋ wògagblɔ nam tso mia ŋuti tae; ale si miexɔe nyuie, ale si wònye miaƒe didi be yewoakpɔm, eye ale si wòve mi ŋutɔ be mele fu geɖe kpem kple ale si miele klalo be yewoalé nu siwo mefia mi la ko me ɖe asi la na megli kple dzidzɔ.

8Fifia la, megavem be meŋlɔ agbalẽ sesẽ ma ɖo ɖe mi o, togbɔ be mexa nu geɖe le eŋu le gɔmedzedzea me hã la, menya be miawo hã miexa nu ɣeyiɣi kpui aɖe ko. 9Azɔ la, mekpɔ dzidzɔ manyagblɔ aɖe be meɖo agbalẽ ma ɖe mi. Nyemele dzidzɔ kpɔm be miexa nu o, ke boŋ be agbalẽ la na miedzudzɔ agbe vlowo nɔnɔ, eye mieva Aƒetɔ la gbɔ. Mawu ŋutɔe to dzinye ŋlɔ agbalẽ ma na mi be miadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ, eya ta menye míawoe na miexa nu o. 10Elabena ɣe aɖewo ɣi la, Mawu nana míexaa nu be míadze si míaƒe nu vɔ̃wo eye míadzudzɔ nu vɔ̃ɖi wɔwɔ, eye míadi agbe mavɔ la. Ke ne ame aɖe xa nu vevie le eya ŋutɔ ƒe agbe vlo nɔnɔ ta, gake metrɔ dzi me o la, ahe ku vɛ. 11Miawo ŋutɔ mikpɔ ɖa, nenem nuxaxa sia si miexa ɖe Mawu ƒe didi nu la he vevidodo geɖe vɛ na mi. Ena mieku kutri, eye mietsi dzimaɖi be yewoatsri nu vɔ̃ si ŋu meƒo nu le na mi la wɔwɔ. Vɔvɔ̃ ɖo mi le nuwɔna ma ta eye miedi gɔ̃ hã be mava kpe ɖe yewo ŋuti le nya sia me. Miehe to na ame siwo wɔ nu gbegblẽ sia hã vevie, eye mieɖe mia ɖokui fia be miede nu si wowɔ la dzi o. 12Eya ta ɖe meŋlɔ agbalẽ la koŋ be Mawu naɖe ale si melɔ̃a mi la afia, ke menye ɖe ame si wɔ vɔ̃ sia alo ame si ŋuti wowɔ vɔ̃ sia ɖo la ta o, ke boŋ be miaƒe veviedodo nu ɖe mía ta nadze ƒãa le mia dome le Mawu ƒe ŋkume.

13Hekpe ɖe dzideƒo si miena mí to lɔlɔ̃ si mieɖe fia mí la ŋu la, míegakpɔ dzidzɔ geɖe hã le ale si miexɔ Tito kple nu nyui siwo katã miewɔ nɛ be eƒe dzi dze eme la ta. 14Hafi Tito nadzo le gbɔnye la, metsɔ mi ƒo adegbe nɛ, eye meɖi ɖase nyui le mia ŋuti nɛ, eye vavã miewɔ nu siwo megblɔ nɛ tso mia ŋuti la hã nɛ. Abe ale si metoa nyateƒe na mi le nu sia nu me ene la, nenema ke megblɔ nyateƒe tso mia ŋuti na Tito hã. 15Azɔ ne Tito hã ɖo ŋku ale si mieɖo toe le nu si wòfia mi me, ale si mieɖe lɔlɔ̃ fiae kple ale si miexɔe kple dzi blibo dzi la, enana be eya hã ƒe lɔlɔ̃ na mi gadzina ɖe edzi. 16Ke esi menya be ɖekawɔwɔ kple lɔlɔ̃ gaɖo mía dome azɔ la, ena be nye hã mekpɔ dzidzɔ blibo, eye megaɖo ŋu ɖe mia ŋu le nu sia nu me.

Ilustração artística — interpretação, não registro histórico.

Você sabia?

Consolo depois de uma carta dolorosa

  • A Macedônia, onde Paulo diz que chegou sem descanso no corpo — conflitos por fora e temores por dentro —, era uma província romana ao norte da Grécia. Ali, ele escreve, o Deus que consola os abatidos o consolou com a chegada de Tito.Fontes: Macedonia · o próprio texto bíblico
  • Paulo fala de uma carta que os entristeceu, mas só por pouco tempo. Agora ele se alegra não porque ficaram tristes, mas porque essa tristeza os levou ao arrependimento; diz que sentiram a tristeza que Deus havia disposto, não foram prejudicados por ele e mostraram empenho, zelo e inocência naquele assunto.Fontes: o próprio texto bíblico
  • Um breve relato descreve Tito como companheiro de Paulo, aparentemente um gentio que se dedicava sobretudo a ministrar aos gentios. Neste capítulo, Paulo diz que a chegada de Tito o consolou, que Tito contou a saudade, o pranto e o zelo deles, e que receberam Tito com temor e tremor.Fontes: Titus · o próprio texto bíblico

Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.

Lugares deste capítulo

  • Macedonia · 41.600, 22.540 · versículo 5

Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Fale com a gente

Conte de onde você lê, como a Bíblia tem te ajudado ou o que podemos melhorar. Lemos todas as mensagens.