2 Crônicas 33
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.
Yuda fia, Manase
1Manase xɔ ƒe wuieve esime wòzu fia, eye wòɖu fia ƒe blaatɔ̃ vɔ atɔ̃ le Yerusalem. 2Manase wɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume eye wòdze dukɔ siwo Yehowa nya le Israelviwo ŋgɔ ƒe ŋunyɔnuwo wɔwɔ yome. 3Egbugbɔ nuxeƒe siwo fofoa, Hezekia gbã la tu. Hekpe ɖe esiawo ŋu la, etu vɔsamlekpuiwo na Baal eye wòwɔ aƒeliwo. Ede ta agu na dziƒonuwo katã eye wòsubɔ wo. 4Eɖi vɔsamlekpuiwo ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ me le esime Yehowa gblɔ le gbedoxɔ la ŋu be, “Nye ŋkɔ atsi Yerusalem ŋu tegbetegbe.” 5Le Yehowa ƒe gbedoxɔ ƒe xɔxɔnu eveawo la, eɖi vɔsamlekpuiwo na dziƒoŋunuwo. 6Etsɔa via ŋutsuviwo saa dzovɔe le Ben Hinom ƒe Balime. Ekaa afa, dea nubiaƒe, wɔa adze, dea ŋɔliyɔlawo kple gbɔgbɔwo yɔlawo gbɔ. Ewɔ nu siwo nye vɔ̃ la geɖe fũu le Yehowa ŋkume hetsɔ do dzikue nɛ.
7Eda legba aɖe si wòwɔ la ɖe Mawu ƒe gbedoxɔ la me, teƒe si tututu ŋu Mawu ƒo nu tsoe na David kple Solomo esi wògblɔ be, “Matsɔ nye ŋkɔ aɖo gbedoxɔ sia me kple Yerusalem, du si metia tso Israel ƒe towo ƒe duwo katã me la ŋu tegbetegbe! 8Eye nyemana Israel ƒe afɔ nage le anyigba si metsɔ na fofowòwo la dzi o, nenye be wolé nye sewo, ɖoɖowo kple kɔnuwo siwo katã mena wo to Mose dzi la me ɖe asi, eye wowɔ wo dzi ko.”
9Ke Manase do ŋusẽ Yudatɔwo kple Yerusalemtɔwo be woawɔ nu vɔ̃ siwo vɔ̃ɖi wu esiwo dukɔ siwo Yehowa tsrɔ̃ esime Israel ge ɖe anyigba la dzi gɔ̃ hã. 10Manase kple eƒe amewo meɖo to Yehowa ƒe nyagbegbe na wo o 11eya ta Yehowa dɔ Asiria ƒe aʋakɔ la ɖa, wolé Manase heƒo ga ɖe ŋɔti nɛ. Wode akɔblikɔsɔkɔsɔe eye woɖe aboyoe yi Babilonia. 12Manase va nyɔ le eɖokui me mlɔeba eye wòbia kpekpeɖeŋu tso Mawu gbɔ kple ɖokuibɔbɔ. 13Yehowa se eƒe kukuɖeɖe eye wòna wògbugbɔ va Yerusalem kple eƒe fiaɖuƒe la. Azɔ hafi Manase dze sii mlɔeba be Yehowa nye Mawu nyateƒe!
14Esi wògbugbɔ David ƒe Du la ƒe gli egodotɔ ɖo vɔ la, eɖo gli la ɖe Gihon tɔʋu si le balime la ƒe ɣedzeƒe yi ɖase keke Tɔmelãgbo la nu, eɖoe ƒo xlã Ofel togbɛ la eye wòna teƒe sia ƒe gliwo kɔ wu teƒe mamlɛawo tɔwo. Eɖo aʋafiawo Yuda du siwo katã wòglã la nu.
15Eɖe dzromawuwo ɖa eye nenema ke wòɖe legba la hã ɖa le Yehowa ƒe gbedoxɔ la me. Nenema ke wòɖe vɔsamlekpui siwo katã wòɖi ɖe gbedoxɔa ƒe togbɛ dzi kple le Yerusalem eye wòtsɔ wo ƒu gbe ɖe du la godo. 16Egbugbɔ Yehowa ƒe vɔsamlekpui la tu, ŋutifafavɔ kple akpedavɔ le edzi eye wògblɔ na Yuda be wòasubɔ Yehowa, Israel ƒe Mawu la. 17Ke hã la, ameawo gasaa vɔwo ko le vɔsamlekpui siwo le togbɛawo dzi la dzi gake wosaa vɔ siawo azɔ na Yehowa, woƒe Mawu la.
18Woŋlɔ nu bubu siwo yi edzi le Manase ƒe fiaɖuɖu me, eƒe gbe si wòdo ɖa na eƒe Mawu, nya siwo nukpɔlawo gblɔ nɛ le Yehowa, Israel ƒe Mawu la ƒe ŋkɔ me la katã ɖe Israel fiawo ƒe ŋutinyagbalẽwo me. 19Woŋlɔ eƒe gbedodoɖa kple ale si eƒe kokoƒoƒo wɔ dɔ ɖe Mawu dzi kpe ɖe eƒe nu vɔ̃wo, eƒe nuteƒemawɔmawɔ, teƒe siwo wòtu nuxeƒewo ɖo, afi siwo wòtu aƒeliwo ɖo eye wòli legbawo ɖo hafi bɔbɔ eɖokui la katã de nukpɔlawo ƒe nyaŋlɔɖigbalẽwo me.
20Manase ku, woɖii ɖe eƒe fiasã me eye Amon, Via ŋutsu, ɖu fia ɖe eteƒe.
Amon, Yuda fia
21Amon xɔ ƒe blaeve-vɔ-eve esi wòɖu fia eye wòɖu fia le Yerusalem ƒe eve. 22Amon wɔ nu vɔ̃ le Yehowa ŋkume abe fofoa, Manase, ene. Esubɔ eye wòsa vɔ na legbawo katã abe fofoa ene, 23ke eya metrɔ dzime abe fofoa ene o, ke boŋ Amon yi nu vɔ̃ wɔwɔ dzi. 24Mlɔeba la, Amon ŋumewo ɖo nugbe ɖe eŋu eye wowui le eƒe fiasã me. 25Dukɔmevi aɖewo wu ame siwo wu Fia Amon la dometɔ ɖe sia ɖe eye wotsɔ Amon ƒe vi, Yosia, ɖo fiae.

Você sabia?
Os reinados de Manassés e Amom
- Embora Manassés tenha revertido as reformas de seu pai Ezequias e promovido a idolatria por todo Judá, seu cativeiro marcou uma mudança decisiva. Capturado com ganchos e correntes de bronze por comandantes assírios e levado à Babilônia, ele se humilhou e orou, sendo posteriormente restaurado ao trono em Jerusalém.Fontes: o próprio texto bíblico · Assyria · Babylon
- Após seu retorno a Jerusalém, Manassés reforçou as defesas da cidade ao reconstruir e elevar a muralha externa ao redor da colina de Ofel até a Porta dos Peixes. Ele também removeu os ídolos e altares pagãos que havia colocado no templo e ordenou a Judá que servisse ao Deus de Israel.Fontes: o próprio texto bíblico · Ophel · Fish Gate
- Amom, filho de Manassés, retomou as práticas idólatras anteriores de seu pai, mas não se humilhou perante Deus. Após um curto reinado de dois anos, Amom foi assassinado por seus próprios servos no palácio, e o povo da terra aclamou seu jovem filho Josias como rei.Fontes: o próprio texto bíblico · Amon · Josiah
Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.
Lugares deste capítulo
- Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículos 1, 4, 7, 9, 13, 15, 21
- Valley of Hinnom · Hoje: Hinnom Valley · 31.769, 35.228 · versículo 6
- Assyria · 36.359, 43.153 · versículo 11
- Babylon · 32.543, 44.422 · versículo 11
- City of David · 31.774, 35.236 · versículo 14
- Fish Gate · Hoje: in Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículo 14
- Gihon · Hoje: Gihon Spring · 31.773, 35.236 · versículo 14
- Kidron · Hoje: Kidron River · 31.780, 35.240 · versículo 14
- Ophel · 31.775, 35.236 · versículo 14
Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org