2 Crônicas 2
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.
Dzadzraɖowɔwɔ hena Gbedoxɔ la tutu
1Solomo ɖo be yeatu gbedoxɔ na Yehowa ƒe Ŋkɔ kple fiasã na eɖokui. 2Ehiã agbatsɔla akpe blaadre (70,000), kpekpala akpe blaenyi (80,000) le toawo dzi kple dɔdzikpɔla akpe etɔ̃ alafa ade (3,600) na dɔ sia wɔwɔ.
3Solomo dɔ ame ɖe Fia Hiram le Tiro be woagblɔ nɛ be,
“Ɖo sedatikpo siwo tɔgbi nena fofonye David esime wònɔ eƒe fiasã tum la ƒe ɖewo nye hã. 4Ke esusɔ vie madze gbedoxɔ aɖe tutu gɔme na Yehowa, nye Mawu la. Anye teƒe aɖe si mate ŋu ado dzudzɔ ʋeʋĩ kple atike ʋeʋĩwo le, le Mawu ŋkume, afi si matsɔ Ŋkumeɖobolo ada ɖo eye masa numevɔ le gbe sia gbe, ŋdi kple fiẽ, le Dzudzɔgbewo, le Ɣleti Yeye ƒe ŋkekenyuiɖugbewo kple Yehowa, mía Mawu la ƒe ŋkekenyui bubuwo dzi elabena Mawu di be Israel naɖu ŋkekenyui tɔxɛ siawo ɣe sia ɣi.
5“Anye gbedoxɔ nyui aɖe elabena míaƒe Mawu la de ŋgɔ, elolo wu mawu bubu ɖe sia ɖe. 6Ke ame kae ate ŋu atu xɔ si adzee la nɛ? Dziƒo kɔkɔtɔ kekeake gɔ̃ hã ƒe nyonyo made o! Gawu la, ame kae menye be woaɖe mɔ nam be matu gbedoxɔ na Mawu? Ke anye teƒe aɖe si woado dzudzɔ ʋeʋĩ le eŋkume le.
7“Eya ta ɖo aɖaŋudɔwɔla siwo wɔa sika, klosalo, gadzĩ kple gayibɔ ŋu dɔ kple avɔlɔ̃lawo be woawɔ aɖabɛ dzĩtɔ, ka dzĩ kple aɖabɛ blɔtɔ ŋu dɔ woakpe ɖe dɔwɔla siwo fofonye David tia da ɖi tso Yuda kple Yerusalem la ŋuti.
8“Hekpe ɖe esiawo ŋuti la, nàɖo sedatiwo, sesewutiwo kple papawutiwo tso Lebanon ƒe avewo me ɖem elabena ame aɖeke mede wò amewo nu le atitsotso me o. Maɖo nye amewo ɖa be woakpe ɖe wo ŋu. 9Mehiã ati sɔ gbɔ elabena gbedoxɔ si tu ge megbɔna la alolo ŋutɔ eye wòanyo wu gbɔgblɔ. 10Adzɔ si mana wò dɔla siwo nye atidzelawo lae nye wɔ meme tɔn akpe ene alafa ene (4,400) kple lu tɔn akpe ene alafa ene (4,400) hekpe ɖe wain tɔn alafa ene blaene (440) kple amitimi tɔn alafa ene blaene (440) ŋuti.”
11Tete Tiro fia Hiram ɖo eŋu na Fia Solomo be,
“Yehowa lɔ̃ eƒe amewo eya ta wòtsɔ wò ɖo fiae ɖe wo nu!”
12Hiram gagblɔ be,
“Woayra Yehowa, Israel ƒe Mawu la, ame si wɔ dziƒo kple anyigba, ame si tsɔ viŋutsu si wòna nunya kple gɔmesesee la na Fia David be wòatu Mawu ƒe gbedoxɔ kple fiasã na eɖokui.
13“Mele aɖaŋudɔwɔlawo ƒe amegã aɖe, ame si nye Huram Abi, nunyala xɔŋkɔ aɖe la ɖom ɖe wò. 14Dadaa nye Yuda nyɔnu aɖe tso Dan ƒe viwo dome le Israel eye fofoa tso Tiro afi sia. Enye sikanutula kple klosalonutula nyui aɖe. Egawɔa akɔbli kple gayibɔ hã ŋu dɔ nyuie eye wònya nu sia nu tso kpe ŋu dɔ wɔwɔ, atikpakpa kple avɔlɔlɔ̃ hã ŋu. Enya avɔɖaɖa hã nyuie eye wòtea ŋu ɖaa avɔ aɖabɛ dzĩtɔ kple blɔtɔ kple nyagãdzĩtɔ hã. Gawu la, eganya ale si wòaɖe nɔnɔmetata vovovowo ɖe nuwo dzi eye wòtoa nu yeyewo hã vɛ. Awɔ dɔ kple wò dɔwɔla siwo nye aƒetɔ, Fia David, fofowò, tia da ɖi.
15“Eya ta ɖo lũ, ƒo, ami kple wain siwo ŋugbe nèdo la ɖe wò dɔla. 16Ekema míadze kpekpakpa kple atitsotso tso Lebanon towo dzi gɔme, woasɔ gbɔ abe ale si nèdi ene. Míada wo ɖe atigbawo dzi ada ɖe atsiaƒua dzi woava ɖo Yopa, ekema àte ŋu alɔ wo tso afi ma ayi Yerusalem.”
17Solomo xlẽ amedzro siwo katã nɔ eƒe Israelnyigba dzi, abe ale si fofoa, Fia David hã wɔ ene eye wòkpɔ be, wole ame akpe alafa ɖeka blaatɔ̃-vɔ-etɔ̃ (153,600) kple alafa ade. 18Etsɔ wo dometɔ akpe blaadre (70,000) wɔ agbatetsɔlawo, ame akpe blaenyi (80,000) wɔ atitsolawo eye wòtsɔ ame akpe etɔ̃ alafa ade (3,600) wɔ dɔdzikpɔlawoe.
Você sabia?
Preparativos para a Construção do Templo
- Para obter madeira para o templo, Salomão renovou a aliança de Davi com Hirão, rei da cidade fenícia de Tiro. Hirão providenciou para que madeiras de cedro, cipreste e sândalo da cordilheira do Líbano fossem unidas em jangadas e transportadas pelo mar Mediterrâneo até o porto de Jope, de onde os trabalhadores de Salomão as levariam por terra até Jerusalém.Fontes: o próprio texto bíblico · Hiram · Joppa · Lebanon
- O mestre artífice enviado por Hirão para coordenar os trabalhos artísticos foi Hurão-Abi, cuja mãe era da tribo israelita de Dã e o pai era de Tiro. Sua perícia abrangia metalurgia, cantaria, carpintaria, entalhe e a tecelagem e tingimento de tecidos finos em púrpura, carmesim e azul.Fontes: o próprio texto bíblico · Dan · Hiram
- Salomão organizou uma enorme força de trabalho composta por estrangeiros residentes na terra de Israel, totalizando 153.600 homens conforme um recenseamento anterior iniciado por Davi. Esses homens foram designados como carregadores, cortadores de pedra nas pedreiras das montanhas e supervisores das obras.Fontes: o próprio texto bíblico · David
Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.
Lugares deste capítulo
- Tyre · 33.271, 35.196 · versículos 3, 11, 14
- Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículos 7, 16
- Lebanon · 33.540, 35.584 · versículos 8, 16
- Great Sea · Hoje: Mediterranean Sea · 31.805, 34.170 · versículo 16
- Joppa · Hoje: Jaffa · 32.054, 34.753 · versículo 16
Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org