Nations Bible

2 Crônicas 12

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.

Sisak ho aʋa ɖe Yerusalem ŋu

1Esime Rehoboam li ke ɖe eƒe fiazikpui dzi eye wòɖo ŋusẽ la, eya kple Israel blibo la gbe nu le Yehowa ƒe se la gbɔ. 2Esi wometo nyateƒe na Yehowa o ta la, Sisak, Egipte fia, ho aʋa ɖe Yerusalem ŋu le Fia Rehoboam ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe atɔ̃lia me 3kple tasiaɖam akpe ɖeka alafa eve (1,200), sɔdola akpe blaade (60,000) kple aʋawɔla siwo mele xexlẽ me o. Ame siwo kpe ɖe Fia Sisak ŋu la woe nye, Libiatɔwo, Sukimtɔwo kple Kustɔ siwo tso Egipte. 4Fia Sisak ɖu Yuda du siwo woglã la katã dzi eye wòɖo Yerusalem.

5Nyagblɔɖila Semaya wɔ takpekpe kple Rehoboam kple Yuda ƒe kplɔlawo tso dukɔ la ƒe akpa ɖe sia ɖe, ame siwo si va Yerusalem la eye wògblɔ na wo be, “Yehowa gblɔ be, ‘Miegblem ɖi eya ta nye hã megble mi ɖi ɖo eye metsɔ mi de asi na Sisak.’ ”

6Fia Rehoboam kple Yuda ƒe kplɔlawo do ɣli ʋu woƒe nu vɔ̃wo me be, “Yehowa tɔ dzɔ be wòwɔ mí alea!”

7Esi Yehowa kpɔ ale si wobɔbɔ wo ɖokuie la, eɖo Semaya ɖa be wòagblɔ na wo be, “Esi miebɔbɔ mia ɖokui ta la, nyematsrɔ̃ mi keŋkeŋ o, mia dometɔ aɖewo asi. Nyemawɔ Fia Sisak ŋu dɔ le nye dɔmedzoetɔtrɔ kɔ ɖe Yerusalem dzi me o. 8Ke miadzɔ nu na Sisak ƒe sia ƒe. Ekema miadze sii be, enyo sãa be miasubɔm wu be miasubɔ Sisak!”

9Ale Egipte fia, Sisak ɖu Yerusalem dzi eye wòlɔ nu sia nu le gbedoxɔ la kple fiasã la me dzoe. Etsɔ sikakpoxɔnu siwo Solomo wɔ la katã hã dzoe. 10Ke Fia Rehoboam wɔ akɔblikpoxɔnuwo ɖe wo teƒe eye wòtsɔ wo de asi na eŋudzɔlawo ƒe amegã. 11Ɣe sia ɣi si fia la yi gbedoxɔ la me la, eŋudzɔlawo tsɔa wo bɔa asaɖa le eŋgɔ eye emegbe la, wogbugbɔa wo dana ɖe dzɔlawo ƒe xɔ me. 12Esi fia la bɔbɔ eɖokui la, Yehowa na eƒe dɔmedzoe nu tso eye metsrɔ̃ ameawo keŋkeŋ o. Le Sisak ƒe aʋawɔwɔ kpli wo emegbe gɔ̃ hã la, meda ahe o.

13Fia Rehoboam ɖu fia ƒe wuiadre le Yerusalem, du si Mawu tia wɔ eƒe nɔƒee le ŋkuléle ɖe Israel duwo katã ŋu megbe la me. Rehoboam ɖu fia esi wòxɔ ƒe blaene-vɔ-ɖekɛ. Dadaa ŋkɔe nye Naama eye wònye Amoni nyɔnu aɖe. 14Rehoboam nye fia vɔ̃ɖi aɖe elabena meɖo ta me kura be yeadze Yehowa ŋu o. 15Woŋlɔ Rehoboam ƒe ŋutinya blibo la ɖe nu siwo nyagblɔdila, Semaya kple nukpɔla, Ido ŋlɔ ɖe Dzidzimegbalẽ la me.

Aʋa dzɔna ɖe Rehoboam kple Yeroboam dome enuenu. 16Esi Rehoboam ku la, woɖii ɖe David ƒe du la me eye via Abiya ɖu fia ɖe eteƒe.

Você sabia?

A invasão de Sisaque e o reinado de Roboão

  • No quinto ano do reinado de Roboão, o faraó Sisaque (identificado como Sheshonk I) invadiu Judá com um grande exército de coalizão, conquistando cidades fortificadas e chegando a Jerusalém. Registros das campanhas militares de Sisaque foram preservados no pórtico em Carnaque, na antiga Tebas.Fontes: Shishak · o próprio texto bíblico
  • Depois que Sisaque saqueou os tesouros do templo e do palácio real, incluindo os escudos de ouro feitos durante o reinado de Salomão, Roboão os substituiu por escudos de bronze. Os guardas do palácio carregavam essas réplicas de bronze sempre que o rei ia à casa do SENHOR, guardando-as na câmara da guarda logo em seguida.Fontes: o próprio texto bíblico · Shishak · Solomon
  • O relato sobre o reinado de Roboão cita registros históricos redigidos pelo profeta Semaías e pelo vidente Ido. Semaías transmitiu advertências proféticas aos líderes de Judá durante a invasão egípcia, enquanto Ido escreveu relatos genealógicos e históricos.Fontes: o próprio texto bíblico · Shemaiah · Iddo

Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.

Lugares deste capítulo

  • Egypt · 30.129, 31.308 · versículos 2, 3, 9
  • Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículos 2, 4, 5, 7, 9, 13
  • Ammon · 31.955, 35.934 · versículo 13
  • City of David · 31.774, 35.236 · versículo 16

Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Fale com a gente

Conte de onde você lê, como a Bíblia tem te ajudado ou o que podemos melhorar. Lemos todas as mensagens.