Nations Bible

1 Timóteo 6

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.

Ɖoɖo na kluviwo

1Kluvi siwo nye kristotɔwo la nawɔ dɔ na woƒe aƒetɔwo kple ŋusẽ, eye woabu wo; mègana woagblɔ tso Kristo ƒe hadɔwɔlawo ŋuti be wonye kuviatɔwo o. Mègana Mawu ƒe ŋkɔ alo eƒe nufiafia nazu alɔmeɖenu le nu sia ta o. 2Ne woƒe aƒetɔ nye kristotɔ la, esia menye mɔnukpɔkpɔ be woawɔ alɔgblɔdɔ le woƒe dɔwɔnawo ŋuti o; ke boŋ ele be woagawɔ dɔ ɖe edzi wu, elabena wole kpekpeɖeŋu nam wo nɔvi xɔsetɔ lɔlɔ̃tɔwo kple woƒe ŋusẽ. Timoteo, fia nyateƒenya siawo, eye nàdo ŋusẽ ame sia ame be wòawɔ ɖe wo dzi.

Galɔlɔ̃

3Ame aɖewo asẽ nu agblɔ be nya siawo mele eme o, gake wonye nufiafia dzɔdzɔe si de blibo, wonye esiwo Aƒetɔ Yesu Kristo ŋutɔ fia, eye wonye mawumegbenɔnɔ ƒe gɔmeɖokpe. 4Ame si agblɔ nya aɖe si ato vovo tso esia gbɔ la, ame ma nye dadala, eye menya naneke o. Ke ele nyahehe siwo awu nu le masɔmasɔ kple dziku me la hem vɛ. Esia ƒe metsonuwo koe anye ŋuʋaʋã, dzrewɔwɔ, ameŋugbegblẽ kple nu vɔ̃ɖi susu ɖe ame nɔewo ŋuti. 5Nyahela siawo, esiwo ƒe susuwo nu vɔ̃ bla goŋgoŋ la menya ale si woagblɔ nyateƒe lae o. Le woawo gbɔ la, agbenya la gbɔgblɔ nye gakpɔmɔnu ko eya ta mite ɖa xaa tso wo gbɔ.

6Ke mawuvɔvɔ̃ kple ŋudzedzekpɔkpɔ nye viɖe gã, 7elabena míetsɔ naneke va xexe sia me o, eye edze ƒãa be míatsɔ naneke hã adzoe o. 8Ke ne nuɖuɖu kple nudodowo le mía si la, mina woadze mia ŋu. 9Ame siwo dina be yewoazu hotsuitɔwo la gena ɖe tetekpɔ kple mɔtetre kple movidzɔdzɔ kple didi vɔ̃wo me, esiwo kplɔa amewo yina ɖe gbegblẽ kple tsɔtsrɔ̃ me. 10Nu tovo wɔwɔwo katã ƒe dzɔtsoƒee nye galɔlɔ̃; ame siwo tsi dzi ɖe gakpɔkpɔ ŋu la, trana tso xɔse la gbɔ, eye wotsɔa veve geɖe ŋɔa wo ɖokuiwoe flofloflo.

Paulo ƒe ɖoɖo tɔxɛwo na Timoteo

11Ke wò, Mawu ƒe ame, si le nu siawo katã nu, eye nàti dzɔdzɔenyenye, mawuvɔvɔ̃, xɔse, lɔlɔ̃, tenɔnɔ kple bɔbɔenyenye yome. 12Ʋli xɔse ƒe ʋiʋli nyui la, lé agbe mavɔ si woyɔ wò na, esi nèʋu eme nyuie le ɖasefo geɖewo ƒe ŋkume la me ɖe asi sesĩe.

13Mele didim tso asiwò le Mawu si na agbe amewo katã kple Kristo Yesu si ɖi ɖase dzideƒotɔe le Pontio Pilato gbɔ la ƒe ŋkume be 14nàwɔ nu siwo katã wògblɔ na wò be nàwɔ la, ale be tso fifia dzi va se ɖe esime míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo natrɔ ava la, ame aɖeke makpɔ kpɔtsɔtsɔ le ŋutiwò o. 15Elabena ne ɣeyiɣia ɖo la, Mawu yayratɔ, fiawo dzi Fia, aƒetɔwo ƒe Aƒetɔ si koe nye Mawu Ŋusẽkatãtɔ la aɖe Kristo afia tso dziƒo. 16Mawu sia ɖeka hɔ̃ɔ koe mate ŋu aku o; keklẽ gã dziŋɔ aɖe ƒo xlãe ale gbegbe be amegbetɔ aɖeke mate ŋu ate ɖe eŋuti o. Amegbetɔ aɖeke mekpɔe kpɔ o, eye womakpɔe akpɔ hã o. Eya tɔ nanye bubu kple ŋusẽ kple dziɖuɖu tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me. Amen.

17Gblɔ na kesinɔtɔ siwo le xexe sia me la katã be womegada wo ɖokuiwo, eye woaɖo ŋu ɖe woƒe ga si nu ava yi kpuie la ŋuti o; ke boŋ woƒe dada kple ŋuɖoɖo nanɔ Mawu gbagbe si naa nu siwo katã míehiã na míaƒe dzidzɔkpɔkpɔ la mí fũu ɖeɖe ko ŋu. 18Gblɔ na wo be woawɔ woƒe ga ŋu dɔ le dɔ nyui wɔwɔ me. Ele be woazu kesinɔtɔwo le dɔ nyui wɔwɔ me, eye woana nu hiãtɔwo faa kple dzidzɔ, eye woanɔ klalo ɣe sia ɣi be woama nu sia nu si Mawu tsɔ na wo la kple ame bubuwo. 19To esia wɔwɔ me la, woanɔ kesinɔnu vavãwo ƒom ƒu ɖe dziƒo na wo ɖokuiwo. Eya koe anye gɔmeɖoanyi nyui hena ɣeyiɣi si gbɔna, be woƒe asi nasu agbe vavã la dzi.

20O, Timoteo, mègado kpo nu siwo Mawu tsɔ de asiwò la wɔwɔ o. Mègahe nya manyatanu kple ame siwo dana be yewonya nu, evɔ womenyae o la o. 21Ame siawo bu nu vevitɔ kekeake le agbe me.

Womexɔ se o. Amenuveve nanɔ anyi kpli mi katã.

Ilustração artística — interpretação, não registro histórico.

Você sabia?

Piedade, contentamento e o encargo a Timóteo

  • A solene exortação deste capítulo lembra que Cristo Jesus fez a boa confissão em seu testemunho diante de Pôncio Pilatos. Pilatos foi o sexto procurador romano da Judeia, de 26 a 36 d.C., com sede em Cesareia, embora subisse com frequência a Jerusalém; seu período no cargo abrangeu os ministérios de João Batista e de Jesus, e seu nome é lembrado sobretudo em conexão com o julgamento de Jesus.Fontes: o próprio texto bíblico · Pontius Pilate
  • O capítulo se dirige a Timóteo como homem de Deus e lhe diz que guarde o que lhe foi confiado. O nome Timotheus significa honrar a Deus. Ele era um jovem discípulo e companheiro de Paulo em muitas viagens; sua mãe, Eunice, e sua avó, Loide, são mencionadas como eminentes em piedade, e seu pai era grego.Fontes: o próprio texto bíblico · Timotheus

Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.

Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Fale com a gente

Conte de onde você lê, como a Bíblia tem te ajudado ou o que podemos melhorar. Lemos todas as mensagens.