Nations Bible

1 Tessalonicenses 2

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.

Paulo ƒe dɔwɔwɔ le Tesalonika

1Nɔvi lɔlɔ̃awo, miawo ŋutɔ mienya ale si míaƒe mia gbɔ vava ɖe vi na mie. 2Mienya ale si wowɔ funyafunya mí kple ale si míekpe fu le Filipi hafi va ɖo mia gbɔ la hã. Ke Mawu na dzideƒo tɔxɛ mí, be míagblɔ nyanyui ma ke na mi, togbɔ be futɔwo ƒo xlã mí gɔ̃ hã. 3Eya ta miakpɔe adze sii be míele mawunya gblɔm ɖe didi vɔ̃wo alo tameɖoɖo vɔ̃wo ta o, ke boŋ míele egblɔm le anukwareɖiɖi kple dzitsinya nyui me, 4elabena míawo la míele nya la gblɔm abe dɔla siwo tso Mawu gbɔ, ame siwo wòtsɔ nyanyuie la de asi na la ene; eya ta míetrɔ eƒe nya la ƒe akpa aɖeke be wòasɔ ɖe nyaselawo ƒe didi nu o elabena míawo la, míesubɔa Mawu ɖeka hɔ̃ɔ si dzroa amewo ƒe dzimesusuwo ƒe gogloƒe ke me. 5Abe ale si mienya nyuie ene la, míedze agbagba zi ɖeka pɛ hã kpɔ be míahe mi va mía gbɔe to mia nu beble me o, eye Mawu ŋutɔ hã nya be menye ɖe míebua be míenye mia xɔlɔ̃wo ale be miana ga mí o. 6Míebia kafukafu tso miawo alo ame bubu aɖeke gbɔ kpɔ o; evɔ abe Kristo ƒe apostolowo ene la, míedze na bubu tɔxɛ tso mia gbɔ hafi. 7Le esia teƒe la, míegbɔ dzi ɖi na mi abe ale si vi dada gbɔa dzi ɖi doa nuɖuɖu na viawo, eye wòléa be na wo ene.

8Míelɔ̃ mi vevie, eye míaƒe lɔlɔ̃ la de to ale gbegbe be míetsɔ Mawu ƒe nyanyui la ɖeɖe ko vɛ na mi o, ke boŋ míetsɔ míawo ŋutɔ ƒe agbe gɔ̃ hã kpe ɖe eŋuti na mi. 9Nɔvi lɔlɔ̃awo, mieɖo ŋku ale si míewɔ dɔ kple kutrikuku geɖe le mia dome la dzi oa? Zã kple keli míewɔa dɔ kple kutrikuku, eye míetea fifia be míate ŋu akpɔ nu anɔ agbe ɖe eŋuti, ale be míaganye agba na ame aɖeke le afi ma esi míele Mawu ƒe nyanyui la gblɔm le mia dome o. 10Miawo ŋutɔ kple Mawu siaa mienye ɖasefowo na mí be míenɔ agbe dzadzɛ, agbe kɔkɔe kple agbe si ŋu mokaka mele o la le mia dome. 11Ɖe mieɖo ŋku edzi be, míeƒoa nu na mi abe ale si fofo ƒoa nu na viawoe la ene oa?

12Míeɖea kuku na mi, dea dzi ƒo na mi, eye kura gɔ̃ hã la, míedina tso mia si be miaƒe agbenɔnɔ naganye nuɖiaɖia na Mawu o, ke boŋ wòahe dzidzɔ vɛ na eya ame si yɔ mí va eƒe fiaɖuƒe la me be míakpɔ gome le eƒe ŋutikɔkɔe la me.

13Eye míadzudzɔ akpedada na Mawu ɖe esia ta o, elabena esi míegblɔ nyanyui la na mi la, miebu nya la abe nya siwo míawo ŋutɔ míesusu la ene o, ke boŋ miexɔe abe Nya si tso Mawu ŋutɔ gbɔ la ene, eye le nyateƒe me eya ŋutɔ gbɔe wòtso, eya ta esi miexɔe se la, etrɔ miaƒe agbenɔnɔ. 14Nɔvi lɔlɔ̃awo, esia yomedzenue nye be miawo hã miekpe fu abe ale si Mawu ƒe hame siwo le Yudea le Yesu Kristo me la kpee ene. Miawo ŋutɔ miaƒe dukɔmetɔwo ti mia yome abe ale si woawo hã kpe fu tso woawo ŋutɔ ƒe amewo, Yudatɔwo ƒe asi me ene. 15Esi wowu woawo ŋutɔ ƒe nyagblɔɖilawo vɔ la, woklã Aƒetɔ Yesu gɔ̃ hã ɖe atitsoga ŋuti, eye azɔ la, woti míawo hã yome kutɔkutɔe henya mí do goe le dua me. Wotsi tsitre ɖe Mawu kple amegbetɔ siaa ŋuti, 16eye wole agbagba dzem be woaxe mɔ na mí ne míagagblɔ nya la na ame siwo menye Yudatɔwo o, ɖe vɔvɔ̃ be wo dometɔ aɖewo akpɔ ɖeɖe ta. Ale ame siawo ƒe nu vɔ̃wo gale tsitsim ɖe edzi. Mlɔeba la, Mawu ƒe dziku va wo dzi azɔ.

Paulo ƒe didi vevi be yeaɖakpɔ Tesalonikatɔwo ɖa

17Nɔvi lɔlɔ̃awo, esi míedzo le mia gbɔ le ɣeyiɣi kpui si va yi me la (míaƒe dziwo ya medzo le mia gbɔ o), míedze agbagba ɖe sia ɖe be míagava kpɔ mi ɖa, gake mete ŋu dze edzi o. 18Edzro mí vevie ŋutɔ be míava mia gbɔ, eye nye, Paulo, medze agbagba zi geɖe be mava, gake Satana meɖe mɔ na mí o. 19Nu ka gɔ̃ míele agbe na? Nu kae na mɔkpɔkpɔ kple dzidzɔ mí, eye wònye míaƒe fetu vavã kple fiakuku la? Miawoe! Ɛ̃, miahe dzidzɔ geɖe vɛ na mí, ne mí katã míetsi tsitre ɖe míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ŋkume, ne etrɔ va, 20elabena miawoe nye míaƒe ŋutikɔkɔe kple dzidzɔ.

Ilustração artística — interpretação, não registro histórico.

Você sabia?

Ministério, sofrimento e um retorno impedido

  • Paulo lembra aos leitores que ele e seus companheiros já haviam suportado sofrimento e tratamento vergonhoso em Filipos e, mesmo assim, tiveram ousadia para anunciar o evangelho apesar de forte oposição. Filipos, antes chamada Crênides, era a capital da província da Macedônia; Filipe da Macedônia fortificou a antiga cidade trácia e deu-lhe o seu próprio nome, e, sob o imperador Augusto, ela se tornou uma colônia romana, um assentamento militar de soldados romanos estabelecido para controlar o distrito recém-conquistado, descrita como uma Roma em miniatura.Fontes: o próprio texto bíblico · Philippi
  • Paulo diz que tentou voltar repetidas vezes, mas Satanás o impediu, embora o desejo de ver os leitores cara a cara tivesse ficado ainda mais intenso. O nome Satanás significa adversário ou acusador, e no Novo Testamento é usado de forma intercambiável com o diabo mais de trinta vezes.Fontes: o próprio texto bíblico · Satan
  • Os leitores são descritos como imitadores das igrejas de Deus na Judeia que estão em Cristo Jesus, tendo sofrido da parte dos seus próprios conterrâneos o que aquelas igrejas sofreram. Sob os romanos, no tempo de Cristo, a Judeia era a mais meridional das três divisões da Palestina e parte da província da Síria, incluindo os territórios de Judá, Benjamim, Dã, Simeão e parte de Efraim.Fontes: o próprio texto bíblico · Judea

Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.

Lugares deste capítulo

  • Philippi · 41.012, 24.285 · versículo 2
  • Judea · Hoje: Judea 1 · 31.777, 35.234 · versículo 14

Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Fale com a gente

Conte de onde você lê, como a Bíblia tem te ajudado ou o que podemos melhorar. Lemos todas as mensagens.