Nations Bible

1 Samuel 9

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.

Saul yi Samuel gbɔ

1Kis nye kesinɔtɔ kple bubume aɖe tso Benyamin ƒe to la me. Fofoae nye Abiel, ame si nye Zeror vi, ame si nye Bekorat vi, ame si hã nye Afia vi. 2Saul nye Kis ƒe viŋutsu eye wònye ɖekakpui dzeɖekɛtɔ le Israel. Ekɔ wu ame sia ame le anyigba la dzi ale be ame kɔkɔtɔ siwo kplɔe ɖo la se abɔta ko nɛ.

3Gbe ɖeka Kis ƒe tedziwo bu eya ta wòɖo Saul kple subɔla aɖe ɖa be woayi aɖadi wo vɛ. 4Wotsa le afi sia afi le Efraim ƒe tonyigba la dzi kple Salisa nyigba kple Salim nuto me kple Benyamin ƒe anyigba blibo la dzi gake womete ŋu kpɔ wo o. 5Esi wogadi wo le Zuf nyigba la hã dzi la, Saul gblɔ na subɔla la be, “Na míayi aƒe me elabena fifia la, fofonye atsi dzi ɖe míawo ŋu wu tedziawo ŋu!”

6Ke subɔla la gblɔ nɛ be, “Meɖo ŋku nane dzi! Nyagblɔɖila aɖe le du sia me, ame sia ame bunɛ eye woxɔa edzi sena elabena nya sia nya si wògblɔna la vaa eme. Na míayi aɖadii, ɖewohĩ afia afi si tedziawo le la mí.”

7Saul ɖo eŋu be, “Naneke mele mía si míatsɔ axe fe nɛ o, nuɖuɖu gɔ̃ hã vɔ le mía si eye naneke kura meli míatsɔ nɛ o.”

8Subɔla la gblɔ be, “Klosaloga si ƒe kpekpeme nye gram etɔ̃ la le asinye. Míatsɔe na Mawu ƒe ame la, ale be wòagblɔ mɔ si míato la na mí.”

9Tsã ne woyina nu bia ge Mawu le Israel la, wogblɔna be, “Mina míayi nukpɔla gbɔ,” elabena ame si woyɔna fifia be nyagblɔɖila, eyae woyɔna tsã be nukpɔla. 10Esi wonɔ togbɛ aɖe liam ɖo ta dua me la, wodo go ɖetugbi aɖewo woyina tsi du ge. Wobia ɖetugbiawo be wonya ne nyagblɔɖila la le dua me hã. 11Le ŋkeke mawo me la, woyɔa nyagblɔɖilawo be nukpɔlawo eya ta amewo gblɔna, be “Mina míayi aɖabia nukpɔla la” eye menye “Mina míayi aɖabia nyagblɔɖila la” abe ale si míegblɔna egbe ene o.

12Woɖo eŋu be, “Ɛ̃, ele afi sia. Edze mia ŋgɔ. Afɔ netsɔ na mi. Eva míaƒe dua me egbea elabena dukɔ la le vɔ sa ge le to dzi egbea. 13Ne mieɖo dua me teti ko la, miakpɔe hafi wòava ayi nuɖuƒe le toa dzi; elabena ameawo alala wòava ayra vɔsanuawo hafi ame siwo wokpe la naɖui. Eya ta miyi fifia, miakpɔe godoo le ɣeyiɣi sia me.”

14Ale woyi dua me eye esi woɖo agboa nu tututu ko la, wokpɔ Samuel, wòyina ɖe toa dzi. 15Do ŋgɔ la, Yehowa gblɔ na Samuel be, 16“Le etsɔ si gbɔna ƒe ɣe aleawo ɣi la, maɖo ame aɖe ɖe wò tso Benyamin ƒe anyigba dzi. Si ami nɛ ne wòazu Israelviwo ƒe kplɔla. Eyae aɖe wo tso Filistitɔwo si me elabena mekpɔ nublanui na wo eye mese woƒe ɣlidodo.”

17Esi Samuel kpɔ Saul ko la, Yehowa gblɔ nɛ be, “Ame siae nye ame si ƒe nya megblɔ na wò, eyae aɖu fia ɖe Israelviwo dzi.”

18Saul te ɖe Samuel ŋu eye wòbiae be, “Meɖe kuku, nukpɔla ƒe aƒe me ɖe?”

19Enumake Samuel ɖo eŋu be, “Nyee nye nukpɔla la! Dze ŋgɔ nàyi toa dzi eye míaɖu nu ɖekae le afi ma. Etsɔ ŋdi la, magblɔ nu si nèdi be yeanya la na wò eye mado mɔ wò. 20Mègatsi dzi le tedzi siwo bu ŋkeke etɔ̃e nye esi la ŋu kura o elabena wokpɔ wo xoxo. Ke Israel ƒe kesinɔnuwo katã zu tɔwò azɔ!”

21Saul ɖo eŋu be, “Amegã, nya ka gblɔm nèle? Benyamin ƒe to si nye to suetɔ kekeake le Israel la mee metso eye nye ƒome hãe nye ƒome gblɔetɔ kekeake le to la me! Ame bubue nàgblɔ nya siawo na hafi!”

22Samuel kple Saul kple subɔla la yi xɔ gã la me eye wòna nɔƒe wo ɖe kplɔ̃ ta. Wode bubu wo ŋu wu ame blaetɔ̃ bubu siwo wokpe. 23Samuel gblɔ na nuɖuɖudzikpɔla la be, “Tsɔ lãkɔ damitɔ si mede asi na wò be nadzra ɖo nam la vɛ nam.”

24Ale nuɖuɖudzikpɔla la tsɔe va da ɖe Saul ƒe akɔme. Samuel gblɔ na Saul be, “Ɖu nu nam elabena wò tututue medzra nuɖuɖu sia ɖo na hafi mekpe ame bubuawo gɔ̃ hã!” Ale Saul ɖu nu kple Samuel.

25Esi wotrɔ va dua me le nuɖuɖua megbe la, Samuel kplɔ Saul yi eƒe xɔta ƒe gbadzaƒe eye woɖo dze le afi ma. 26Le ŋufɔke ƒe ŋdi kanya la, Samuel yɔ Saul le xɔta eye wògblɔ nɛ be, “Dzra ɖo na mɔzɔzɔ.” Esi Saul dzra ɖo vɔ la, eya kple Samuel dze mɔ. 27Esi woɖo dua ƒe gbɔto la, Samuel gblɔ na Saul be, “Gblɔ na subɔla la be wòado ŋgɔ” eye subɔla la wɔ nenema. “Gake wò la, lala ne magblɔ gbedeasi si tso Mawu gbɔ la na wò.”

Ilustração artística — interpretação, não registro histórico.

Você sabia?

A busca de Saul e o encontro com Samuel

  • A jornada de Saul em busca das jumentas perdidas de seu pai o levou pela região montanhosa de Efraim, pelas terras de Salisa e Saalim, e finalmente ao distrito de Zufe, onde ficava Ramá, a cidade natal de Samuel.Fontes: o próprio texto bíblico · Saul · Zuph
  • O relato observa que o título 'profeta' substituiu o termo mais antigo 'vidente' na época em que o texto foi registrado. Consultar um homem de Deus costumava envolver a entrega de uma modesta oferta de cortesia, como o quarto de siclo de prata oferecido pelo servo de Saul.Fontes: o próprio texto bíblico
  • Nos banquetes sacrificiais locais realizados em lugares altos, o profeta ou sacerdote precisava abençoar a refeição antes que os convidados comessem. Samuel honrou Saul colocando-o no lugar principal entre cerca de trinta convidados e servindo-lhe uma porção especial previamente reservada.Fontes: o próprio texto bíblico

Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.

Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Fale com a gente

Conte de onde você lê, como a Bíblia tem te ajudado ou o que podemos melhorar. Lemos todas as mensagens.