Nations Bible

1 Samuel 6

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.

Wotrɔ nubablaɖaka la na Israelviwo

1Yehowa ƒe nubablaɖaka la nɔ Filistitɔwo ƒe anyigba dzi ɣleti adre. 2Filistitɔwo yɔ woƒe nunɔlawo kple afakalawo ƒo ƒui eye wobia wo be, “Nu ka tututu míawɔ tso Yehowa ƒe nubablaɖaka la ŋu? Nunana ka ƒomevi míatsɔ akpe ɖe eŋu ne míegbugbɔe yi Israelviwo ƒe anyigba dzi?”

3Woɖo eŋu be, “Ne miebe yewoatrɔ Israel ƒe Mawu la ƒe nubablaɖaka la ayi la, migaɖoe ɖa asi ƒuƒlui o, ke boŋ godoo la, mitsɔ fɔɖivɔsa kpe ɖe eŋuti. Ekema miakpɔ dɔyɔyɔ eye miakpɔe ɖa be eƒe asi madzo le mia dzi o mahã?”

4Filistitɔwo bia be, “Fɔɖivɔsanu kae míatsɔ aɖo ɖa?”

Woɖo eŋu be, “Sikaƒoƒoe atɔ̃ kple afi si wowɔ kple sika la atɔ̃, ɖe Filistitɔwo ƒe amegãwo ƒe xexlẽme nu elabena dɔvɔ̃ ɖeka ƒomevie va dze mi kple mia dziɖulawo siaa dzi. 5Miwɔ nuƒoƒoeawo kple afi siwo le miaƒe anyigba gblẽm la ƒe nɔnɔmewo eye miade bubu Israel ƒe Mawu la ŋu. Ɖewohĩ aɖe eƒe dɔmedzoe si wòda ɖe miawo ŋutɔ kple miaƒe mawuawo kple miaƒe anyigba dzi la ɖa. 6Nu ka ŋuti miesẽ miaƒe dzi me abe ale si Egiptetɔwo kple Farao wɔ ene? Esi wòwɔ fu wo la ɖe womeɖo Israelviwo ɖa be woadzo oa?

7“Miwɔ tasiaɖam yeye eye miatsii ɖe nyinɔ eve siwo dzi vi le ŋkeke siawo me eye wometsi keke ɖe wo ŋu kpɔ haɖe o la ŋuti. Milé wo viwo de kpo me. 8Mitsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la eye midae ɖe tasiaɖam la dzi, mitsɔ aɖaka si me avulénu siwo wowɔ kple sika, siwo ɖom miele ɖa abe avulénu ene la da ɖe exa. Miɖoe ɖe mɔ dzi, 9gake miaƒe ŋku nanɔ eŋuti. Nenye be eyi ɖe eya ŋutɔ ƒe anyigba dzi ɖo ta Bet Semes la, ekema Yehowae he dɔvɔ̃ sia va mía dzii. Gake ne mewɔe nenema o la, ekema míanyae be menye eƒe asie ƒo mí o, ke boŋ nane koe wònye va dzɔ ɖe mía dzi.”

10Ale wowɔ nu si wogblɔ na wo. Wotsi nyinɔ eve ɖe tasiaɖam la ŋu eye wotu wo viwo ɖe kpo me. 11Wotsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la kple aɖaka si me sikafiwo kple sikaƒoƒoeawo nɔ la da ɖe tasiaɖam la dzi. 12Enumake nyinɔawo dze mɔ tẽe ɖo ta Bet Semes henɔ xɔxlɔ̃m sesĩe le mɔa dzi, womedze ɖe ɖusime alo miame o. Filistitɔwo ƒe amegãwo dze wo yome va se ɖe Bet Semes ƒe liƒo dzi.

13Bet Semestɔwo nɔ lu xam le balime le ɣe ma ɣi eye esi wofɔ mo dzi kpɔ nubablaɖaka la, wogli kple dzidzɔ! 14Keke la ge ɖe ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Yosua, ame si tso Bet Semes la ƒe agble me eye wòtɔ ɖe agakpe gã aɖe gbɔ. Ameawo fli tasiaɖam la ƒe atiwo hedo dzo eye wowu nyiawo hesa numevɔ na Yehowa. 15Ame aɖewo tso Levi ƒe to la me ɖe nubablaɖaka la kple aɖaka si me sikalegeliawo kple sikaƒoƒoeawo nɔ la le keke la dzi eye woda wo ɖe agakpe la dzi. Bet Semestɔwo sa numevɔ kple akpedavɔ na Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, gbe ma gbe. 16Esi Filistitɔwo lé ŋku ɖe nuwo ƒe yiyi ŋu sẽe la, wotrɔ yi Ekron gbe ma gbe ke.

17Sikaƒoƒoe atɔ̃ siwo Filistitɔwo ɖo ɖa abe fɔɖivɔsanu ene la nye nunana tso Asdod, Gaza, Askelon, Gat kple Ekron ƒe amegãwo gbɔ. 18Woɖo sikafiawo ɖa abe avulévɔsanu ene na Yehowa ɖe Filistitɔwo ƒe du bubuwo ta, ɖe du gã siwo woglã kple kɔƒe siwo nɔ amegã atɔ̃awo ƒe dzikpɔkpɔ te la siaa nu. Agakpe gã si dzi woda nubablaɖaka la ɖo le Bet Semes la gale Yosua ƒe agble la me va se ɖe egbe.

19Ke Yehowa wu Bet Semestɔ blaadre elabena wokpɔ nubablaɖaka la me. Dukɔ la fa konyi le ame geɖe siwo Yehowa wu la ta. 20Ameawo bia be, “Ame kae ate ŋu atsi tsitre ɖe Yehowa, Mawu kɔkɔe sia, ƒe ŋkume? Afi ka miatsɔ nubablaɖaka la ayi?”

21Ale woɖo du ɖe Kiriat Yearimtɔwo kple kukuɖeɖe be, “Filistitɔwo tsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la vɛ eya ta miva ne miakɔe yi mia gbɔe.”

Ilustração artística — interpretação, não registro histórico.

Você sabia?

O Retorno da Arca

  • Os governantes filisteus representavam uma confederação de cinco cidades principais: Asdode, Gaza, Ascalom, Gate e Ecrom. Para buscar alívio das pragas que atingiram seu povo, seus sacerdotes e adivinhos recomendaram enviar uma oferta pela culpa com cinco tumores e cinco ratos de ouro, correspondendo aos cinco príncipes e seus territórios.Fontes: o próprio texto bíblico · Ashdod · Gaza · Ashkelon
  • Bete-Semes era uma cidade sacerdotal situada na fronteira norte de Judá. Essa condição sacerdotal explica a presença de levitas no local para descer a Arca e colocá-la sobre a grande rocha no campo durante a colheita do trigo.Fontes: o próprio texto bíblico · Beth-shemesh
  • Para verificar se as pragas vinham realmente do Deus de Israel ou se ocorreram por acaso, os filisteus atrelaram à carroça duas vacas que amamentavam e nunca haviam sido postas sob o jugo, prendendo seus bezerros. Contrariando o instinto materno natural, as vacas seguiram direto pela estrada em direção a Bete-Semes sem se desviar.Fontes: o próprio texto bíblico

Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.

Lugares deste capítulo

  • Ekron · Hoje: Tel Miqne · 31.777, 34.852 · versículos 16, 17
  • Ashdod · Hoje: Tel Ashdod · 31.757, 34.658 · versículo 17
  • Ashkelon · Hoje: Tel Ashkelon · 31.664, 34.546 · versículo 17
  • Gaza · Hoje: Tell Harube · 31.504, 34.464 · versículo 17
  • Kiriath-jearim · Hoje: Deir el Azar · 31.809, 35.104 · versículo 21

Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Fale com a gente

Conte de onde você lê, como a Bíblia tem te ajudado ou o que podemos melhorar. Lemos todas as mensagens.