1 Samuel 23
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.
David ɖe Keila tso Filistitɔwo si me
1Gbe ɖeka la, David se be Filistitɔwo va nɔ Keilatɔwo ƒe lugbɔƒe ham, 2eya ta David bia Yehowa be, “Ɖe mayi aɖawɔ aʋa kple Filistitɔwoa?” Yehowa ɖo eŋu nɛ be, “Ɛ̃, yi, nàxɔ na Keilatɔwo.”
3Ke David ƒe amewo gblɔ be, “Míele vɔvɔ̃m le Yuda le afi sia xoxo, Míedi be míayi Keila aɖawɔ aʋa kple Filistitɔwo ƒe aʋakɔ blibo la o!”
4David gabia gbe Yehowa eye wògaɖo eŋu be, “Miyi Keila elabena makpe ɖe mia ŋu miaɖu Filistitɔwo dzi.”
5Woyi Keila eye wowu Filistitɔ geɖewo, woxɔ woƒe lãwo eye ale woɖe Keilatɔwo. 6Ale Abiata, Ahimelek ƒe vi, yi Keila le David gbɔ. Etsɔ eƒe kɔmewu ɖe asi, ale be yeate ŋu ase nya tso Mawu gbɔ agblɔ na David.
Saul ti David yome
7Eteƒe medidi hafi Saul se be David nɔ Keila o.
Saul do ɣli be, “Ahã! Enyo! Míaƒe asi su edzi azɔ, Mawu tsɔe de asi nam elabena eya ŋutɔe yi ɖatu eɖokui ɖe du si woɖo gli ƒo xlãe la me!”
8Eya ta Saul na be eƒe aʋakɔ blibo la nayi Keila aɖaɖe to ɖe David kple eƒe ameawo. 9Ke David se nu tso Saul ƒe ɖoɖowo ŋu eye wògblɔ na nunɔla Abiata be wòatsɔ eƒe kɔmewu la vɛ eye wòabia nu si yewoawɔ la tso Yehowa gbɔ.
10David gblɔ be, “Oo, Yehowa, Israel ƒe Mawu, mese be Saul gbɔna be yeatsrɔ̃ Keila elabena mele afi sia. 11Ɖe Keilatɔwo atsɔm ade asi nɛa? Ɖe Saul anya va abe ale si mese enea? Oo, Yehowa, Israel ƒe Mawu, meɖe kuku, gblɔe nam.”
Yehowa gblɔ be, “Ɛ̃, Saul le vava ge.”
12David bia be, “Ɖe Keilatɔ siawo atsɔ mí ade asi nɛa?”
Yehowa ɖo eŋu be, “Ɛ̃, woatsɔ mi ade asi nɛ.”
13Ale David kple eƒe amewo, abe ame alafa ade ene dzo le Keila eye wonɔ tsatsam le gbedzi. Saul se enumake be David si le Keila eya ta megayi afi ma kura o. 14Azɔ la, David nɔ agadowo me le gbedzi le Zif ƒe tonyigba dzi. Tso ŋkeke yi ŋkeke la, Saul di David gake Mawu metsɔ David de asi nɛ o. 15Gbe ɖeka esi David nɔ Hores le Zif gbegbe la, ese be Saul le eƒe agbe yome tim.
16Fiavi Yonatan yi David di ge azɔ. Edo goe le Hores eye wòdo ŋusẽe le eƒe mawudzixɔse me.
17Yonatan ka ɖe edzi na David bena “Mègavɔ̃ o, fofonye ƒe asi masu dziwò gbeɖe o! Wòe azu fia ɖe Israel dzi eye manɔ ŋuwò, anye evelia na wò abe ale si fofonye nyae nyuie ene.”
18Ale wo ame evea gabla nu ɖe woƒe xɔlɔ̃wɔwɔ dzi. David nɔ Hores ke Yonatan trɔ yi aƒe.
19Azɔ la, Ziftɔwo yi Saul gbɔ le Gibea eye wozɔ David ŋu nɛ, gblɔ nɛ be, “Míenya afi si wòbe ɖo; ele Hores ƒe agadowo me le Hakila to la dzi, le gbegbe la ƒe dzieheliƒo dzi. 20Amegã, va ne míalée na wò ekema wò didi gãtɔ ava eme!”
21Saul gblɔ be, “Yehowa ayra mi be miewɔ dɔmenyo gã sia nam! 22Miyi ne miaka ɖe afi si wòle kple ame siwo kpɔe le afi ma la dzi elabena menya be ayetɔ gã aɖee wònye. 23Mikpɔ afi si tututu wòbe ɖo eye miatrɔ ava gblɔe nam. Ekema mayi kpli mi eye ne anya nɔ afi ma lɔƒo ko la, ne wòahiã be madii le nuto me blibo la hã la, madii eye makpɔe kokoko!”
24Ale wodo ŋgɔ na Saul yi Zif. David kple eƒe amewo nɔ Maon gbegbe si le Araba le Yesimo ƒe dziehe lɔƒo. 25Saul kple eƒe amewo dze wo yome eye esi wogblɔ esia na David la, eɖi abu yi agakpe la gbɔ eye wònɔ Maon gbegbe. Esi Saul se esia la, eti eyome yi Maon gbegbe la. 26Saul nɔ to aɖe ƒe akpa ɖeka ŋu eye David hã nɔ to ma ke ƒe akpa evelia ŋu. Esi wòsusɔ vie Saul kple eƒe amewo naɖe to ɖe David kple eƒe amewo la, David dze agbagba be yeasi gake mɔnukpɔkpɔ aɖeke menɔ anyi o. 27Le ɣe ma ɣi tututu la, du va tu Saul be Filistitɔwo gava nɔ Israel ham. 28Eya ta Saul ɖe asi le David yometiti ŋu eye wòtrɔ yi be yeawɔ aʋa kple Filistitɔwo. Tso ɣe ma ɣi dzi la, woyɔa teƒe si David ƒu asaɖa anyi ɖo la be “Kaklã ƒe Agakpe.” 29David yi ɖanɔ En Gedi ƒe agadowo me azɔ.

Você sabia?
A fuga e os livramentos de Davi
- Quando Abiatar fugiu do massacre dos sacerdotes em Nobe, ele levou o éfode sacerdotal consigo até Davi. Davi utilizou essa vestimenta sagrada para consultar diretamente o Senhor sobre decisões estratégicas, como a defesa de Queila e a lealdade de seus habitantes.Fontes: o próprio texto bíblico · Abiathar
- Jônatas procurou Davi na região arborizada de Horesa, no deserto de Zife, para fortalecê-lo em Deus e reafirmar a aliança entre eles. Jônatas assegurou a Davi que ele reinaria sobre Israel e que Saul não o alcançaria, marcando o último encontro registrado entre os dois amigos.Fontes: o próprio texto bíblico · Jonathan · Keilah
- Davi percorreu diversos terrenos acidentados no território da tribo de Judá para escapar de Saul, incluindo Queila nas terras baixas e os desertos de Zife e Maom ao sul de Hebrom. Em Maom, Saul e seus soldados quase cercaram Davi em lados opostos de um monte, até que o aviso de uma invasão filisteia forçou Saul a interromper a perseguição.Fontes: o próprio texto bíblico · Keilah · Maon · Ziph
Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.
Lugares deste capítulo
- Wilderness of Ziph · 31.475, 35.135 · versículos 14, 15
- Jeshimon · 31.470, 35.223 · versículos 19, 24
- Arabah · 30.417, 35.151 · versículo 24
- Wilderness of Maon · 31.409, 35.134 · versículos 24, 25
- Engedi · Hoje: Ein Gedi · 31.450, 35.383 · versículo 29
Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org