1 Samuel 15
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.
Mawu ɖe fia le Saul dzi
1Gbe ɖeka la, Samuel gblɔ na Saul be, “Meɖo wò fiae ɖe Israel dzi elabena Yehowa gblɔ nam be maɖo wò Israel Fiae. Azɔ la, ele be nàɖo toe. 2Se si wòde na wò lae nye: ‘Meɖo ta me be mabia hlɔ̃ Amalekitɔwo le ale si womeɖe mɔ na nye dukɔ be wòato woƒe anyigba dzi esime Israelviwo tso Egipte o la ta. 3Eya ta yi nàtsrɔ̃ Amalek dukɔ blibo la, ŋutsuwo, nyɔnuwo, vidzĩwo, ɖeviwo, nyiwo, alẽwo, kposɔwo kple tedziwo!’ ”
4Ale Saul ƒo ƒu eƒe aʋakɔ nu ɖe Telaim. Aʋawɔlawo de ame akpe alafa eve (200,000) kpe ɖe ame akpe ewo (10,000) siwo tso Yuda la ŋu, 5eye Saul kple eƒe amewo de xa ɖe balime ɖe Amalekitɔwo ŋu. 6Saul ɖo du ɖe Kenitɔwo be woado le Amalekitɔwo dome, ne menye nenema o la, woaku kple Amalekitɔwo. Eɖe nya me na wo be, “Elabena mieve Israel nu esime wògbɔna tso Egiptenyigba dzi.” Ale Kenitɔwo dzo le Amalekitɔwo dome.
7Saul si Amalekitɔwo tso Havila yi keke Sur le Egipte ƒe ɣedzeƒe lɔƒo. 8Elé Agag, Amalekitɔwo ƒe fia eye wòwu ame mamlɛawo katã. 9Saul kple eƒe amewo ɖe Agag ƒe agbe eye wotsɔ alẽ kple nyi gãtɔwo, alẽvi damitɔwo kple nu sia nu si nyo na wo la na wo ɖokui. Nu siwo ŋu asixɔxɔ boo mele o la, koe wotsrɔ̃.
10Nu sia na Yehowa gblɔ na Samuel be, 11“Evem ŋutɔ be meɖo Saul fiae elabena egagbe toɖoɖom.” Nya siawo wɔ dɔ ɖe Samuel dzi ŋutɔ eya ta wòfa avi na Yehowa to zã blibo la me.
12Le ŋdi kanya la, eyi ɖadi Saul; ame aɖe gblɔ nɛ be, “Saul yi Karmel to dzi afi si wòtu ŋkuɖodzikpe aɖe ɖo na eɖokui eye wòtso eme yi Gilgal.”
13Esi Samuel va kpɔ Saul la, Saul do gbe nɛ dzidzɔtɔe hegblɔ nɛ ne, “Mewɔ nu siwo katã Yehowa ɖo nam!”
14Ke Samuel biae be, “Ekema nu kae nye alẽ kple nyi siwo ƒe xɔxlɔ̃ sem mele?”
15Saul ʋu eme be, “Nyateƒe, nye aʋawɔlawo mewu alẽ kple nyi damiawo o, ke wotsɔ wo gbɔe be yewoasa vɔe na Yehowa, wò Mawu la ke míetsrɔ̃ nu bubu ɖe sia ɖe.”
16Samuel gblɔ na Saul be, “Ɖo to nàse nu si Yehowa gblɔ nam zã si va yi la me!”
Saul bia be, “Nya kae wògblɔ?”
17Samuel gblɔ nɛ be, “Togbɔ be mèbu ɖokuiwò amegãe o hã la, Mawu ɖo wò fiae ɖe Israel dzi. 18Ede dɔ aɖe asi na wò eye wògblɔ na wò be, ‘Yi, nàtsrɔ̃ Amalekitɔwo, nu vɔ̃ wɔlawo, keŋkeŋ.’ 19Ekema nu ka ta mèwɔ Yehowa ƒe ɖoɖo dzi o? Nu ka ta nèha nuwo eye nèwɔ nu si tututu Yehowa de se na wò be mègawɔ o?”
20Saul gasẽ nu be, “Mewɔ Yehowa ƒe gbe dzi, mewɔ nu si Yehowa ɖo nam be mawɔ, melé Fia Agag vɛ, gake mewu ame mamlɛawo katã. 21Nye aʋawɔlawo bia mɔm eye meɖe mɔ na wo be woatsɔ alẽwo, nyiwo kple nu siwo dze wo ŋu la hena vɔsasa na Yehowa wò Mawu la le Gilgal.”
22Samuel ɖo eŋu be,
“Ɖe wò numevɔsawo
kple vɔsawo dzea Yehowa ŋu wu
toɖoɖo Yehowa ƒe gbea?
Toɖoɖo nyo wu vɔsa
eye nusese nyo wu agbowo ƒe ami.
23Elabena aglãdzedze le abe afakaka ƒe nu vɔ̃ ene
eye ɖokuiŋudzedze sɔ
kple trɔ̃subɔsubɔ ƒe nu vɔ̃ɖi nyenye.
Esi nègbe Yehowa ƒe nya ta la,
eya hã gbe wò; mèganye fia o.”
24Saul lɔ̃ mlɔeba be, “Mewɔ nu vɔ̃, ɛ̃, megbe toɖoɖo wò eye nyemewɔ Yehowa ƒe ɖoɖowo dzi o elabena mevɔ̃ ameawo eye mewɔ nu si wobia. 25Oo, meɖe kuku, tsɔ nye nu vɔ̃ kem azɔ eye nàkplɔm yi, maɖasubɔ Yehowa.”
26Ke Samuel ɖo eŋu be, “Viɖe aɖeke mele eme o, esi nègbe Yehowa ƒe ɖoɖowo ta la, eya hã gbe wò; màganye Israel Fia o!”
27Esi Samuel trɔ be yeadzo la, Saul lé Samuel ƒe awu ʋlaya toga eye awu la vuvu piã! 28Samuel gblɔ na Saul be, “Èkpɔea? Yehowa vuvu Israel fiaɖuƒe la le asiwò me egbe eye wòtsɔe na hawòvi aɖe si ɖɔ ʋu wu wò. 29Ame si nye Israel ƒe ŋutikɔkɔe la, mele alakpa dam o, eye matrɔ ta me o, elabena menye amegbetɔe wònye o!”
30Saul gaɖe kuku be, “Mewɔ nu vɔ̃ gake de bubu ŋunye le kplɔlawo kple Israel ŋkume ko eye nàkplɔm mayi aɖasubɔ Yehowa, wò Mawu la.” 31Ale Samuel gbugbɔ yi kple Saul eye Saul subɔ Yehowa.
32Samuel gblɔ be, “Kplɔ Amalekitɔwo ƒe fia Agag vɛ nam.”
Agag va do kple alɔgbɔnukoko elabena egblɔ be, “Meka ɖe edzi be woana matsi agbe azɔ!”
33Ke Samuel gblɔ nɛ be,
“Abe ale si wò yi wu ame geɖewo eye wo dadawo zu konɔwo ene la
nenema kee dawò hã azu konɔ le nyɔnuwo dome.”
Ale Samuel fli Agag kakɛkakɛe le Yehowa ŋkume le Gilgal.
34Samuel trɔ yi aƒe le Rama eye Saul hã trɔ yi Gibea. 35Samuel megakpɔ Saul kpɔ gbeɖe o, ke exaa nu ɖe eta ɣe sia ɣi, eye wòve Yehowa be yeɖo Saul fiae na Israel.

Você sabia?
A desobediência e a rejeição de Saul
- Os amalequitas eram um povo pastoral nômade que habitava as terras áridas entre Havilá e Sur, na fronteira do Egito. O conflito deles com Israel começou quando emboscaram os israelitas após a saída do Egito, o que serve de contexto para o julgamento ordenado neste capítulo.Fontes: o próprio texto bíblico · Amalek · Shur
- Gilgal era um importante centro religioso e judicial onde Samuel costumava administrar a justiça e oferecer sacrifícios. Saul reuniu-se em Gilgal após a batalha contra Amaleque, tornando esse local o cenário onde Samuel declarou que Deus havia rejeitado Saul como rei de Israel.Fontes: o próprio texto bíblico · Gilgal
- O nome Agague era um título ou nome hereditário usado pelos reis dos amalequitas. Embora Saul tenha poupado Agague e o melhor do gado contrariando as instruções, Samuel executou o julgamento contra o rei cativo em Gilgal.Fontes: o próprio texto bíblico · Agag · Amalek
Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.
Lugares deste capítulo
- Amalek · 30.648, 34.422 · versículos 2, 3, 5, 8, 20, 32
- Egypt · 30.129, 31.308 · versículos 2, 6, 7
- Havilah · Hoje: in the Arabian Peninsula · 23.000, 46.000 · versículo 7
Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org