Nations Bible

1 Samuel 13

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.

Samuel ka mo na Saul

1Saul xɔ ƒe blaetɔ̃ esi wòzu fia eye wòɖu fia ƒe blaene-vɔ-eve, ɖe Israel dzi; 2etia aʋawɔla tɔxɛ akpe etɔ̃ (3,000) tso Israel. Ekplɔ wo dometɔ akpe eve ɖe eɖokui ŋuti yi Mikmas kple Betel to la dzi eye wògblẽ akpe ɖeka mamlɛa ɖe Yonatan, Saul ƒe vi gbɔ le Benyamin ƒe anyigba dzi. Eɖo asrafo bubuawo ɖe aƒe me.

3Yonatan si Filistitɔwo ƒe dzɔlawo le Geba eye nya sia ɖi le Filistitɔwo ƒe anyigba blibo la dzi. Eye Saul ku aʋakpẽ le Israelnyigba blibo la dzi eye wòɖe gbeƒã be “Hebritɔwo katã nesee.” 4Ale Israel dukɔ la se nyadzɔdzɔ la be: Saul tsrɔ̃ Filistitɔwo ƒe dzɔlawo eye Israel zu nuɖianu na Filistitɔwo. Ale woyɔ Israel ƒe aʋakɔ blibo la ƒo ƒu ɖe Saul ŋu le Gilgal. 5Filistitɔwo ƒo ƒu aʋakɔ gã aɖe si me tasiaɖam akpe etɔ̃ (3,000) kple sɔdola akpe ade (6,000) kple afɔzɔla siwo sɔ gbɔ abe ƒutake ene la nɔ be woawɔ aʋa kple Israel. Woƒu asaɖa anyi ɖe Mikmas, le Bet Aven ƒe ɣedzeƒe gome.

6Esi Israel ŋutsuwo kpɔ xaxa gã si me wonɔ kple ale si womimi woƒe aʋakɔ la ɖoe la, wosi yi ɖaɣla ɖe agadowo, avekɔewo, kpewo tome kple ʋewo me kple vudo siwo me tsi menɔ o la me. 7Hebritɔ aɖewo gɔ̃ la tso Yɔdan tɔsisi la eye wosi yi Gad kple Gileadnyigbawo gɔ̃ hã dzi. Saul ya tsi Gilgal eye aʋakɔ siwo nɔ eŋu la dzo nyanyanya le vɔvɔ̃ ta. 8Elala ŋkeke adre abe ale si Samuel ɖoe nɛ ene, gake Samuel meva Gilgal o eye Saul ƒe asrafowo de asi kaka le eŋu me. 9Ale wògblɔ be, “Mitsɔ numevɔsa kple akpedavɔsa vɛ nam.” Ale Saul sa numevɔ la. 10Esi wòwu vɔsawo nu vɔ tetee ko la, Samuel va do. Saul yi be yeakpee ado gbe nɛ.

11Samuel biae be, “Nu kae nye esi nèwɔ?”

Saul ɖo eŋu be, “Esi mekpɔ be nye aʋawɔlawo le kakam le ŋunye, evɔ mèva ɖo le ɣeyiɣi si nèɖo nam la dzi o, gawu la Filistitɔwo ƒu asaɖa anyi ɖe Mikmas. 12Eya ta mesusui be azɔ la, Filistitɔwo ava dze dzinye le Gilgal evɔ nyemebia amenuveve tso Yehowa gbɔ o! Esia zi dzinye eye mewɔ numevɔsa la.”

13Samuel gblɔ be, “Èwɔ bometsinu, mèlé Yehowa, wò Mawu la ƒe se si wòde na wò la me ɖe asi o. Nenye ɖe nèlé eme ɖe asi la, anye ne aɖo wò fiaɖuƒe la anyi le Israel hena ɣeyiɣiawo katã. 14Ke azɔ la, wò fiaɖuƒe mali ke o. Yehowa di ame si eƒe dzi di la na eɖokui eye wòɖoe eƒe dukɔ la ƒe kplɔlae elabena mèlé Yehowa ƒe sedede me ɖe asi o.”

15Tete Samuel dzo le Gilgal yi Gibea le Benyaminviwo ƒe anyigba dzi.

Esi Saul xlẽ eƒe aʋawɔlawo la, ekpɔ be ame alafa ade koe susɔ!

Aʋawɔnuwo menɔ Israelviwo si o

16Saul kple Yonatan kple ame alafa ade siawo ƒu asaɖa anyi ɖe Gibea le Benyaminviwo ƒe anyigba dzi le esime Filistitɔwo ganɔ Mikmas. 17Filistitɔwo ƒe aʋalɔgo etɔ̃ ho tso woƒe asaɖa me be yewoayi aɖaha nuwo. Aʋalɔgo ɖeka ɖo ta Ofra le Sual nyigba dzi; 18aʋalɔgo evelia yi Bet Horon eye etɔ̃lia ɖo ta liƒo si le Zeboim ƒe balime te ɖe gbegbe la ŋu la dzi.

19Gbede aɖeke menɔ Israelnyigba blibo la dzi le ŋkeke mawo me o elabena Filistitɔwo gblɔ bena, ne menye nenema o la, Hebritɔwo ava tu yiwo alo akplɔwo! 20Eya ta ɣe sia ɣi si Israelviwo di be yewoanyre yewoƒe agbleŋlɔnuwo, fiawo kple nuxanuwo la, wotsɔa wo yia Filistitɔwo ƒe gbedewo gbɔ. 21Nenye be wonyre agbleŋlɔnuawo la, woxea klosaloga gram enyi, nenema kee nye fi hã, ke woxea klosaloga gram ene ɖe gaflu kple fiawo hekpe ɖe nuŋɔnuwo nyenyre ŋuti.

22Ale yi alo akplɔ aɖeke menɔ Israel ƒe aʋakɔ blibo la si gbe ma gbe o negbe ɖekaɖeka siwo nɔ Saul kple Yonatan si ko.

Yonatan ho aʋa ɖe Filistitɔwo ŋu

23Azɔ Filistitɔwo ɖe asrafo aɖewo woyi ɖaxɔ mɔ si ɖo ta Mikmas.

Ilustração artística — interpretação, não registro histórico.

Você sabia?

A impaciência de Saul e a ameaça filisteia

  • Os filisteus mantinham o monopólio do trabalho com metais para impedir que os israelitas fabricassem armas. Por isso, os israelitas precisavam ir até os filisteus e pagar para afiar suas ferramentas agrícolas de ferro, de modo que apenas Saul e seu filho Jônatas possuíam espadas ou lanças.Fontes: o próprio texto bíblico
  • Diante de uma força filisteia esmagadora, Saul esperou sete dias em Gilgal pela chegada de Samuel para oferecer sacrifícios. Como seus soldados amedrontados começaram a se dispersar, Saul ofereceu o holocausto por conta própria, levando Samuel a declarar que a dinastia de Saul não perduraria.Fontes: o próprio texto bíblico · Gilgal
  • O confronto militar ocorreu na acidentada região montanhosa de Benjamim, com as tropas filisteias acampadas em Micmás e os homens de Saul posicionados em Geba. Um desfiladeiro íngreme conhecido como a passagem de Micmás separava os dois exércitos rivais.Fontes: o próprio texto bíblico · Michmash · Geba

Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.

Lugares deste capítulo

  • Gilead · Hoje: Gilead 1 · 32.187, 35.692 · versículo 7
  • Jordan · Hoje: Jordan River · 31.761, 35.558 · versículo 7
  • Beth-horon · Hoje: Beit Ur al Tahta · 31.895, 35.084 · versículo 18

Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Fale com a gente

Conte de onde você lê, como a Bíblia tem te ajudado ou o que podemos melhorar. Lemos todas as mensagens.