Nations Bible

1 Reis 19

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.

Eliya si yi Horeb

1Azɔ la, Ahab gblɔ nu siwo katã Eliya wɔ, ale si wòwu nyagblɔɖilawo katã kple yi la na Yezebel 2eya ta Yezebel ɖo dɔlawo ɖe Eliya be woagblɔ nɛ be, “Mawuawo nefiam ne woagafiam ɖe edzi nenye be etsɔ woaleawoɣi la, nyemewɔ wò agbe abe wo dometɔ ɖeka tɔ ene o.”

3Ale Eliya si, le eƒe agbe ta heyi Beerseba si nye du aɖe le Yuda. Egblẽ eƒe subɔla ɖe afi ma. 4Eya ɖeka zɔ mɔ ŋkeke blibo la yi gbedzi. Enɔ anyi ɖe ati aɖe te eye wòdo gbe ɖa be Yehowa nana yeaku. Egblɔ na Yehowa be, “Eglom azɔ, ɖe nye agbe ɖa, mele kuku ge gbe ɖeka kokoko; nyemenyo wu tɔgbuinyewo o.”

5Eliya mlɔ ati la te eye wòdɔ alɔ̃. Ke mawudɔla aɖe va nyɔe le alɔ̃ me eye wògblɔ nɛ be wòafɔ aɖu nu! 6Etsa ŋku eye wòkpɔ abolo si mem wonɔ le kpe xɔdzowo dzi kple tsikplu aɖe! Ale wòɖu nu, no tsi la eye wògamlɔ anyi.

7Mawudɔla la gava zi evelia, ganyɔe hegagblɔ nɛ be, “Fɔ, nàgaɖu nane elabena mɔ didi aɖe le ŋgɔ na wò.” 8Ale wòfɔ, ɖu nu, no nu eye nuɖuɖu la do ŋusẽe ale gbegbe be wòte ŋu zɔ mɔ ŋkeke blaene kple zã blaene yi Horeb to, Mawu ƒe to la dzi. 9Eliya ge ɖe agado aɖe me eye wòtsi afi ma dɔ.

Yehowa ɖe eɖokui fia Eliya

Yehowa ƒe gbe va nɛ be, “Eliya, nu ka wɔm nèle le afi sia?”

10Eɖo eŋu be, “Meʋã ŋu ɖe Yehowa, Mawu Ŋusẽkatãtɔ la nu. Israelviwo gbe nu le wò nubabla la gbɔ. Wogbã wò vɔsamlekpuiwo ƒu anyi eye wowu wò nyagblɔɖilawo kple yi. Nye koe susɔ eye azɔ la, wole didim be yewoawu nye hã.”

11Yehowa gblɔ nɛ be, “Do go, natsi tsitre ɖe to la dzi le Yehowa ŋkume elabena Yehowa ava tso eme ayi.”

Tete yaƒoƒo sesẽ aɖe kaka toawo, gbã agakpeawo le Yehowa ŋkume gake Yehowa menɔ yaƒoƒo sesẽ la me o. Anyigbaʋuʋu kplɔ yaƒoƒo sesẽ la ɖo, gake Yehowa menɔ anyigbaʋuʋu la me o 12Dzo bibi kplɔ anyigbaʋuʋu la ɖo gake Yehowa menɔ dzo bibi la me o. Gbe bɔlɔe aɖe kplɔ dzo bibi la ɖo. 13Esi Eliya se gbe bɔlɔe la la, ehe eƒe awu ʋlaya tsyɔ mo eye wòdo ɖe gota ɖatsi tsitre ɖe agado la ƒe mɔnu.

Tete gbe aɖe gblɔ nɛ be, “Eliya, nu ka wɔm nèle le afi sia?”

14Eliya ɖo eŋu be, “Meʋã ŋu ɖe Yehowa, Mawu Ŋusẽkatãtɔ la nu. Israelviwo gbe nu le wò nubabla la gbɔ, wogbã wò vɔsamlekpuiwo ƒu anyi eye wowu wò nyagblɔɖilawo kple yi. Nye ɖeka koe susɔ eye azɔ la, wole didim be yewoawu nye hã.”

15Yehowa gblɔ nɛ be, “Trɔ, nàlé mɔ si dzi nèto va eye nàyi ɖe Damasko gbegbe. Ne èɖo afi ma la, si ami na Hazael wòanye fia ɖe Aram dzi. 16Le esia megbe la, nàsi ami na Yehu, Nimsi ƒe vi, wòazu Israel fia eye nàsi ami na Elisa, Safat ƒe vi, tso Abel Mehola ne wòanye nyagblɔɖila ɖe tewòƒe. 17Yehu awu ame sia ame si asi le Hazael ƒe yi nu eye Elisa awu ame sia ame si asi le Yehu ƒe yi nu. 18Ke hã la, magblẽ ame akpe adre ɖe Israel, ame siwo medze klo na Baal o eye wometsɔ woƒe nuwo gbugbɔ nu nɛ o.”

Elisa trɔ zu Eliya ƒe nusrɔ̃vi

19Ale Eliya yi ɖakpɔ Elisa, Safat ƒe vi la, esi wònɔ agble ŋlɔm kple nyiwo ƒe hatsotso wuiɖekɛ siwo yome wònɔ. Ewu bo la ŋɔŋlɔ nu kple nyiawo ƒe hatsotso mamlɛtɔ. Eliya te ɖe eŋu, tsɔ eƒe dziwui da ɖe eƒe abɔta eye wòtrɔ dzo. 20Elisa gblẽ nyitsuawo ɖe afi ma, ƒu du ɖatu Eliya eye wògblɔ nɛ be, “Gbã la, na mayi aɖaklã fofonye kple danye ekema mayi kpli wò!”

Eliya gblɔ nɛ be, “Yi, nàtrɔ gbɔ! Nu kae na wò lãme le ƒoƒom ale?”

21Elisa trɔ yi eƒe nyiawo gbɔ, wu wo dometɔ eve eye wòtsɔ nyiawo ƒe kɔkutiawo do dzoe heme woƒe lã. Ena lã la dɔwɔla bubuawo eye wo katã woɖu nu nyuie. Le esia megbe la, edze Eliya yome abe eƒe kpeɖeŋutɔ ene.

Ilustração artística — interpretação, não registro histórico.

Você sabia?

Elias no monte Horebe e o chamado de Eliseu

  • O monte Horebe, também identificado na tradição bíblica como o monte Sinai, foi a cordilheira onde Israel recebeu a aliança e a lei. A jornada de quarenta dias de Elias para o sul até Horebe coloca seu encontro com Deus no mesmo cenário das revelações anteriores concedidas a Moisés.Fontes: o próprio texto bíblico · Horeb
  • Ao ordenar que Elias unja Hazael como rei da Síria e Jeú como rei de Israel, o relato associa a autoridade profética à sucessão geopolítica de ambas as nações, assegurando ao profeta que ainda restavam sete mil israelitas fiéis.Fontes: o próprio texto bíblico · Hazael · Jehu
  • Lançar a capa sobre os ombros de Eliseu enquanto ele arava com doze juntas de bois em Abel-Meolá foi um ato simbólico que o designou como discípulo, herdeiro adotivo e sucessor profético de Elias.Fontes: o próprio texto bíblico · Elisha · Abel-meholah

Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.

Lugares deste capítulo

  • Mount Horeb · Hoje: Jebel Musa · 28.540, 33.973 · versículo 8
  • Damascus · 33.511, 36.306 · versículo 15
  • Syria · Hoje: Aram · 33.511, 36.306 · versículo 15

Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Fale com a gente

Conte de onde você lê, como a Bíblia tem te ajudado ou o que podemos melhorar. Lemos todas as mensagens.