Nations Bible

1 Reis 16

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.

1Le ɣeyiɣi sia me la, Yehowa ƒe gbe va na Fia Baasa to Nyagblɔɖila Yehu dzi be, 2“Meɖe wò tso ke me be, nàɖu fia ɖe nye dukɔ Israel dzi. Ke èto Yeroboam ƒe nu vɔ̃ wɔwɔ ƒe mɔwo dzi. Èna nye dukɔ, Israel wɔ nu vɔ̃ eye wodo dziku nam kple woƒe nu vɔ̃wo, 3eya ta azɔ la, matsrɔ̃ wò kple wò ƒometɔwo abe ale si metsrɔ̃ Yeroboam ƒe dzidzimeviwo ene. 4Wò ƒometɔ siwo aku le dua me la, avuwo aɖu wo eye esiwo aku ɖe gbedzi la, akagawo aɖu wo.”

5Woŋlɔ nu bubu ɖe sia ɖe si Baasa wɔ kple eƒe kalẽwɔwɔwo ɖe Israel fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. 6Baasa ku woɖii ɖe Tirza eye via Ela ɖu fia ɖe eteƒe.

7Nyagblɔɖila Yehu gblɔ nya si tso Yehowa gbɔ, tso Baasa kple eƒe ƒometɔwo ŋu le nu vɔ̃ siwo Baasa wɔ ɖe Yehowa ŋu ta. Edo dɔmedzoe na Yehowa, menye le eya ŋutɔ ƒe nu vɔ̃ ɖeɖe ko ta, abe ale si Yeroboam wɔ le eŋgɔ ene o, ke boŋ le ale si wòwu Yeroboam ƒe ƒometɔwo katã hã ta.

Ela, Israel fia

8Ela, Baasa ƒe viŋutsu dze fiaɖuɖu gɔme le Yuda fia Asa ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaeve-vɔ-adelia me. Eɖu fia ƒe eve ko.

9Aʋafia Zimri, ame si kpɔa fia la ƒe tasiaɖamwo ƒe afã dzi la ɖo nugbe ɖe Fia Ela ŋu. Gbe ɖeka la, esi Fia Ela mu aha afã kple afã le Arza, ame si nye fiasãdzikpɔla ƒe aƒe me le Tirza, si nye fiadu la me la, 10Zimri zɔ tẽe ɖatɔ nue ƒu anyi eye wòku. Nya sia dzɔ le Yuda fia Asa ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaeve-vɔ-adrelia me. Zimri tsɔ eɖokui ɖo Israel fiae ɖe eteƒe.

11Ewu Fia Baasa ƒe ƒometɔwo katã enumake eye megblẽ ŋutsu ɖeka pɛ gɔ̃ hã ɖi o. Ewu eƒe ƒometɔ siwo mete ɖe eŋu tututu o kple exɔlɔ̃wo gɔ̃ hã. 12Baasa ƒe ƒometɔ siawo wuwu na nya si Yehowa gblɔ da ɖi to Nyagblɔɖila Yehu dzi la va eme. 13Dzɔgbevɔ̃enya sia dzɔ le Baasa kple via Ela ƒe nu vɔ̃wo ta elabena wokplɔ Israel de legbawo subɔsubɔ me eye Yehowa do dɔmedzoe ŋutɔŋutɔ.

14Woŋlɔ nu mamlɛawo tso Ela ƒe fiaɖuɖu ŋu ɖe Israel fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.

Zimri, Israel fia

15Le Asa, Yuda fia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaeve-vɔ-adrelia me la, Zimri ɖu fia le Tirza ŋkeke adre. Aʋakɔ la ƒu asaɖa anyi ɖe Gibeton si nye Filistitɔwo ƒe du aɖe la xa. 16Esime Israelviwo se le asaɖa la me be Zimri ɖo nugbe ɖe fia la ŋu eye wòwui la, wotsɔ Omri, woƒe aʋafia la ɖo fiae gbe ma gbe ke le asaɖa la me. 17Ale Omri kplɔ aʋakɔ si nɔ Gibeton la eye wòɖe to ɖe Tirza si nye Israel ƒe fiadu. 18Esi Zimri kpɔ be futɔwo xɔ Tirza la, eyi fiasã la me hetɔ dzoe ɖe eɖokui dzi eye wòku ɖe dzo la me. 19Esia va eme elabena eya hã wɔ nu vɔ̃ abe Yeroboam ene. Esubɔ legbawo eye wòkplɔ Israel de nu vɔ̃ me.

20Woŋlɔ Zimri ƒe ŋutinya mamlɛa kple eƒe nugbeɖoɖo ɖe Israel fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.

Omri, Israel fia

21Azɔ la, Israel fiaɖuƒe la ma ɖe akpa eve me; akpa ɖeka nɔ Aʋafia Omri dzi eye akpa evelia nɔ Tibni, Ginat ƒe vi dzi. 22Ke Aʋafia Omri ɖu Tibni dzi. Wowu Tibni ale be ame aɖeke megaʋli fiaɖuƒe la kple Omri o.

23Yuda fia, Asa ɖu fia ƒe blaetɔ̃-vɔ̃-ɖekɛ esime Omri de asi fiaɖuɖu me le Israel. Omri ɖu fia ƒe ade le Tirza. 24Eƒle Samaria togbɛ la le Semer si hena klosalo kilogram blaadre eye wòtso du ɖe edzi. Etsɔ Semer, ame si si wòƒle togbɛ la le la ƒe ŋkɔ na du la be Samaria.

25Ke Omri nye nu vɔ̃ wɔla wu fia siwo katã do ŋgɔ nɛ. 26Esubɔ legbawo abe ale si Yeroboam wɔ ene eye wòkplɔ Israel de legbasubɔsubɔ me.

27Woŋlɔ Omri ƒe ŋutinya ɖe Israel fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. 28Esi Omri ku la, woɖii ɖe Samaria eye Via ŋutsu Ahab zu fia ɖe eteƒe.

Ahab zu Israel fia

29Yuda fia, Asa ɖu fia ƒe blaetɔ̃-vɔ-enyi esime Ahab zu fia ɖe Israel dzi. Ahab ɖu fia ƒe blaene-vɔ-eve. 30Ahab wɔ nu vɔ̃ wu fofoa Omri gɔ̃ hã; ewɔ nu vɔ̃ wu Israel fia ɖe sia ɖe! 31Hekpe ɖe esiawo ŋu la, eɖe Yezebel, Sidon fia Etbaal ƒe vinyɔnu eye wòde asi Baal subɔsubɔ me. 32Gbã la, etu gbedoxɔ kple vɔsamlekpui na Baal ɖe Samaria. 33Emegbe la, Ahab li aƒeli bubuwo eye wòwɔ nu vɔ̃ bubu geɖe siwo gado dɔmedzoe na Yehowa, Israel ƒe Mawu la wu Israel fia bubu siwo katã do ŋgɔ nɛ.

34Le esime Ahab nɔ fia ɖum la, ŋutsu aɖe tso Betel, ame si ŋkɔe nye Hiel la gbugbɔ Yeriko tu. Esi wòɖo gɔmeɖokpea la, Via ŋutsu tsitsitɔ, Abiram, ku eye esi wòwu enu hede agbowo dua ƒe gliwo nu la, Via ŋutsu suetɔ, Segub, hã ku. Esia va eme le fiƒode si Yehowa da ɖe du la dzi abe ale si Yosua, Nun ƒe vi la gblɔ ene la nu.

Ilustração artística — interpretação, não registro histórico.

Você sabia?

Turbulência Dinástica e a Fundação de Samaria

  • O reino do norte enfrentou extrema instabilidade política nessa época. Depois que Zinri assassinou Elá em Tirza, governou por apenas sete dias antes de o comandante Onri sitiar a cidade, levando Zinri a incendiar o próprio palácio; Onri então enfrentou uma guerra civil de quatro anos contra outro pretendente, Tibni.Fontes: o próprio texto bíblico · Zimri · Omri · Tirzah
  • Após governar de Tirza por seis anos, o rei Onri estabeleceu uma nova capital permanente. Ele comprou uma colina proeminente de um proprietário chamado Sémer por dois talentos de prata, construiu uma cidade fortificada em seu topo e a chamou de Samaria.Fontes: o próprio texto bíblico · Samaria · Omri
  • Acabe, filho de Onri, expandiu as alianças reais ao se casar com Jezabel, filha de Etbaal, rei dos sidônios. Acabe foi além das práticas religiosas instituídas por Jeroboão ao estabelecer o culto estatal a divindades fenícias, erguendo um templo e um altar para Baal, além de um poste sagrado de Aserá em Samaria.Fontes: o próprio texto bíblico · Ahab

Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.

Lugares deste capítulo

  • Samaria · 32.276, 35.195 · versículos 24, 28, 29, 32
  • Jericho · Hoje: Tell es Sultan · 31.872, 35.445 · versículo 34

Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Fale com a gente

Conte de onde você lê, como a Bíblia tem te ajudado ou o que podemos melhorar. Lemos todas as mensagens.