Nations Bible

1 Reis 14

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.

Ahiya ƒe nyagblɔɖi ɖe Yeroboam ŋu

1Le ɣe ma ɣi me la, Yeroboam ƒe vi, Abiya dze dɔ 2eye Yeroboam gblɔ na srɔ̃a be, “Yi, nàtrɔ ɖokuiwò ale be womanya be wòe nye Yeroboam srɔ̃ o, emegbe nàyi Silo. Nyagblɔɖila Ahiya le afi ma, ame si gblɔ nam be manye fia ɖe ame siawo dzi. 3Tsɔ abolo meme ewo kple akpɔnɔ vivi kple anyitsi goe ɖeka ɖe asi eye nàyi egbɔ. Agblɔ nu si adzɔ ɖe ɖevi la dzi na wò.”

4Ale srɔ̃a yi Ahiya ƒe aƒe me le Silo. Ahiya zu ametsitsi aɖe azɔ eye megatea ŋu kpɔa nu o. 5Ke Yehowa ɖee fia Ahiya bena, fianyɔnu la gbɔna eɖokui trɔ ge abe ame bubu ene eye wòava egbɔ ava bia nyae tso via ŋu elabena via dze dɔ sesĩe. Yehowa gblɔ nu si wòagblɔ na nyɔnu la nɛ.

6Ale esi Ahiya se nyɔnu la ŋkɔ le eƒe ʋɔtru nu ko la, edo ɣli be, “Yeroboam srɔ̃, ge ɖe eme. Nu ka ta nèle agbagba dzem be yeadze ame bubui?” Egblɔ na nyɔnu la be, “Nya vɔ̃ aɖe le asinye na wò, 7gblɔ nya siawo tso Yehowa, Israel ƒe Mawu la gbɔ na srɔ̃wò be, ‘Metia wò tso ame maɖinuwo dome eye meɖo wò fiae ɖe Israel dzi. 8Mexɔ fiaɖuƒe la le David ƒe ƒometɔwo si hetsɔ na wò gake mèwɔ nye seawo dzi abe nye dɔla, David ene o. David ƒe didi vevi wònye be yeawɔ nye seawo dzi ɣe sia ɣi eye yeawɔ nu sia nu si medi be wòawɔ. 9Ke èwɔ nu vɔ̃ wu fia siwo katã do ŋgɔ na wò. Èwɔ mawu bubuwo na ɖokuiwò, èdo dɔmedzoe nam kple wò sikanyiviawo eye nètrɔ megbe dem.

10“ ‘Le esia ta la, mahe dzɔgbevɔ̃e ava Yeroboam ƒe aƒe dzi eye matsrɔ̃ ŋutsuwo katã kple eƒe alimeviwo le Israel. Matɔ dzo Yeroboam ƒe aƒe abe ale si wotɔa dzo lãwo ƒe afɔdzi tso lãkpowo me ene. 11Meka atam be avuwo aɖu wò ƒometɔ siwo aku le dua me eye xewo aɖu esiwo aku ɖe gbedzi.’ ”

12Ahiya gagblɔ na Yeroboam srɔ̃ be, “Yi aƒe. Ne èɖo dua me teti ko la, ɖevi la aku. 13Israel blibo la afae eye woaɖii, gake eya koe nye miaƒe ƒometɔ si aku le ŋutifafa me, 14Yehowa ŋutɔ aɖo fia aɖe na eɖokui ɖe Israel dzi. Fia sia aɖe Yeroboam ƒe ƒome blibo la ɖa. Egbee nye ŋkeke la! Nu ka? Ɛ̃, fifi laa gɔ̃ hã. 15Ekema Yehowa aʋuʋu Israel abe ale si tɔsisi nyamaa aƒla si ge ɖe eme la ene, aho Israel le wo fofowo ƒe anyigba nyui sia dzi eye wòakaka wo ɖe Frat tɔsisi la godo, esi wodo dɔmedzoe na Yehowa to aƒeliwo subɔsubɔ me la ta. 16Yehowa agblẽe ɖi le nu vɔ̃ si Yeroboam wɔ eye wòkplɔ Israel blibo la hã de nu vɔ̃ me la ta.”

17Yeroboam srɔ̃ trɔ yi Tirza. Esi wòɖo eƒe aƒe me ƒe agbo nu ko la, ɖevi la ku. 18Wofa ɖevi kuku la le anyigba blibo la dzi abe ale si Yehowa gblɔe da ɖi to eƒe nyagblɔɖila Ahiya dzi la ene.

19Woŋlɔ Yeroboam ƒe nuwɔna bubuawo, eƒe aʋawɔwɔwo kple nya bubu siwo dzɔ le eƒe fiaɖuɖu me la ɖe Israel fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. 20Yeroboam ɖu fia ƒe blaeve. Esi wòku la, via Nadab ɖu fia ɖe eteƒe.

Rehoboam, Yuda fia

21Le ɣeyiɣi sia me la, Rehoboam, Solomo ƒe vi nye fia le Yuda. Exɔ ƒe blaene-vɔ-ɖekɛ esi woɖoe fiae. Eɖu fia ƒe wuiadre le Yerusalem, du si Yehowa tia le Israel duwo katã dome be yeanɔ eme la me. Rehoboam dadae nye Naama, Amoni nyɔnu aɖe.

22Le Rehoboam ƒe fiaɖuɣi la, Yudatɔwo wɔ nu vɔ̃ abe Israelviwo ke ene eye wotsɔ woƒe nu vɔ̃ wɔwɔ do dɔmedzoe na Yehowa elabena woawo ƒe nu vɔ̃wo wu wo fofowo tɔ gɔ̃ hã. 23Wotu nuxeƒewo, li aƒeliwo kple legbawo ɖe to kɔkɔ ɖe sia ɖe dzi kple ati dama ɖe sia ɖe te. 24Ŋutsu nuxeƒegbolowo hã xɔ anyigba blibo la dzi. Ame siwo nɔ Yuda la wɔ busunuwo abe trɔ̃subɔdukɔ siwo Yehowa nya le anyigba la dzi be yeƒe amewo nakpɔ teƒe anɔ la ene.

25Le Fia Rehoboam ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe atɔ̃lia me la, Egipte fia Sisak ho aʋa ɖe Yerusalem ŋu eye wòɖu edzi. 26Elɔ nu sia nu le gbedoxɔ la kple fiasã la me dzoe. Etsɔ sikakpoxɔnu siwo Solomo wɔ la katã hã dzoe. 27Ke Fia Rehoboam wɔ akɔblikpoxɔnuwo ɖe wo teƒe eye wòtsɔ wo de asi na eŋudzɔlawo ƒe amegã. 28Ɣe sia ɣi si Fia la yi gbedoxɔ la me la, eŋudzɔlawo tsɔa wo bɔa asaɖa le eŋgɔ eye emegbe la, wogbugbɔa wo dana ɖe dzɔlawo ƒe xɔ me.

29Woŋlɔ nyadzɔdzɔ bubuwo tso Rehoboam ƒe fiaɖuɖu ŋuti ɖe Yuda fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. 30Aʋa dzɔna ɖe Rehoboam kple Yeroboam dome enuenu. 31Esime Rehoboam, ame si dadae nye Naama, Amoni nyɔnu la ku la, woɖii ɖe tɔgbuiawo dome le David ƒe du la me eye via Abiyam ɖu fia ɖe eteƒe.

Ilustração artística — interpretação, não registro histórico.

Você sabia?

O julgamento sobre Jeroboão e a invasão de Judá

  • Quando Abias, filho de Jeroboão, adoeceu, o rei enviou sua esposa disfarçada a Siló para consultar o profeta Aías, que havia anteriormente anunciado a ascensão de Jeroboão ao trono. Embora Aías estivesse cego pela velhice, Deus o advertiu de sua chegada, levando o profeta a proclamar a destruição da dinastia de Jeroboão e a morte da criança assim que ela retornasse a Tirza.Fontes: o próprio texto bíblico · Ahijah · Abijah · Tirzah
  • No quinto ano do reinado de Roboão em Jerusalém, o rei Sisaque do Egito invadiu Judá e saqueou os tesouros do templo e do palácio real. Entre os itens confiscados estavam os escudos de ouro feitos durante o reinado de Salomão, que Roboão substituiu por escudos de bronze para a guarda real.Fontes: o próprio texto bíblico · Rehoboam · Solomon · Jerusalem
  • O capítulo destaca o conflito contínuo e a divisão entre os dois reinos: Roboão governava Judá a partir de Jerusalém, enquanto Jeroboão liderava as tribos do norte a partir de Tirza, mantendo-se em guerra constante durante todos os seus dias.Fontes: o próprio texto bíblico · Jeroboam · Rehoboam · Tirzah

Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.

Lugares deste capítulo

  • Shiloh · Hoje: Khirbet Seilun · 32.056, 35.290 · versículos 2, 4
  • Euphrates · Hoje: Euphrates River · 31.004, 47.442 · versículo 15
  • Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículos 21, 25
  • Egypt · 30.129, 31.308 · versículo 25
  • City of David · 31.774, 35.236 · versículo 31

Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Fale com a gente

Conte de onde você lê, como a Bíblia tem te ajudado ou o que podemos melhorar. Lemos todas as mensagens.