1 Crônicas 28
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.
David ƒe ɖoɖowo na Gbedoxɔ la tutu
1David yɔ Israel ƒe dɔdzikpɔlawo katã ƒo fu ɖe Yerusalem; Woawoe nye to vovovoawo ƒe tatɔwo, aʋafia siwo nɔ hatsotsoawo nu le fia la ƒe dɔ me, ame akpewo kple ame alafawo ƒe tatɔwo, dɔnunɔla siwo kpɔa fia la ƒe viŋutsuwo kple eƒe nunɔamesiwo kple lãhawo dzi, kpe ɖe fiasã la me dɔwɔlawo kple kalẽtɔwo kple aʋakalẽtɔwo ŋuti.
2Fia David tsi tsitre ɖe ameawo ŋkume eye wògblɔ na wo be, “Miɖo tom, nɔvinye ŋutsuwo kple nye dukɔmetɔwo, meɖoe ɖe nye dzi me be matu xɔ si anye dzudzɔƒe na Yehowa ƒe nubablaɖaka la eye wòanye afɔɖodzinu na míaƒe Mawu la. Ale mewɔ ɖoɖo ɖe etutu ŋuti. 3Ke Mawu gblɔ nam be, ‘Menye wòe atu xɔ na nye ŋkɔ o elabena aʋawɔlae nènye eye nèkɔ ʋu ɖi.’
4“Ke Yehowa, Israel ƒe Mawu la tiam le fofonye ƒe ƒome blibo la me be, manye fia ɖe Israel dzi tegbee. Etia Yuda ƒe viwo eye wòtia fofonye ƒe ƒome tso wo dome. Nye nu nyo Yehowa ŋu eye wòna mezu fia ɖe Israel dukɔ blibo la nu. 5Yehowa na vi geɖewom eye wòtia Solomo tso vinyewo dome be wòanɔ tenyeƒe, anɔ Israel fiaɖuƒe la ƒe fiazikpui dzi. 6Egblɔ nam be, ‘Viwò, Solomo atu gbedoxɔ la elabena metiae abe vinye ene eye manye fofoa. 7Ne egalé nye sewo kple ɖoɖowo me ɖe asi abe ale si wòlé wo me ɖe asi va se ɖe fifia ene la, mana eƒe fiaɖuƒe nanɔ anyi tegbetegbe.’
8“Eya ta le Israel, Yehowa ƒe asaɖa blibo la ŋkume kple míaƒe Mawu la ƒe tome la, mele nu xlɔ̃m mi be miawɔ ɖe ɖoɖo kple se siwo katã Yehowa, miaƒe Mawu la de na mi la dzi be anyigba nyui sia nanye mia tɔ eye wòanye domenyinu na miaƒe viwo tso mavɔ me yi mavɔ me.
9“Eye wò, vinye Solomo, dze si fofowòwo ƒe Mawu la eye nàsubɔe kple dzi faa kple wò susu blibo elabena Yehowa kpɔa dzi ɖe sia ɖe me eye wònyaa ame sia ame ƒe susu. Ne èdi Yehowa la, àkpɔe, ke ne ègbugbɔ le eyome la, atsɔ wò aƒu gbe tegbetegbe. 10Eya ta, kpɔ nyuie elabena wòe Yehowa tia be nàtu yeƒe gbedoxɔ si anye kɔkɔeƒe. Lé dzi ɖe ƒo eye nàwɔ nu si wòɖo na wò.”
11Azɔ la, David tsɔ xɔ la kple eƒe xɔxɔnuwo, nudzraɖoƒewo, xɔtamexɔwo, xɔ emetɔwo, kɔkɔeƒe la kple amenuveveteƒe la ƒe tata na ƒe via Solomo. 12Etsɔ nu siwo katã gbɔgbɔ la de eƒe susu me be wòawɔ ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la ƒe xɔxɔnuwo, xɔ siwo katã ƒo xlãe na Mawu ƒe gbedoxɔ la ƒe nudzraɖoƒewo kple fia wɔnuteƒewo ƒe nudzraɖoƒe ƒe tatawo hã nɛ. 13Ewɔ ɖoɖo tsɔ nɛ ku ɖe nunɔlawo kple Levitɔwo ƒe hatsotsowo ŋuti kple subɔsubɔdɔ siwo katã woawɔ le Yehowa ƒe gbedoxɔ la me kple nu siwo katã ŋuti dɔ woawɔ le subɔsubɔdɔ me la me. 14Eda sika hena sikaŋudɔwɔnu vovovo siwo ŋu dɔ woawɔ le subɔsubɔ vovovoawo me eye wòda klosalo hã hena klosaloŋudɔwɔnu vovovo siwo ŋu dɔ woawɔ le subɔsubɔ vovovoawo me. 15Eda sika si ade na akaɖitiawo kple akaɖiawo wɔwɔ la nɛ. Egada klosalo si woatsɔ awɔ bosomikaɖitiwo kple akaɖigbɛawo ɖe ale si woawɔ ɖe sia ɖe ŋudɔe la nu. 16Eda sika hena kplɔ̃wo wɔwɔ na Ŋkumeɖobolo ɖe sia ɖe eye wògada klosalo na klosalokplɔ̃wo hã. 17Eda sika nyuitɔ na gaflowo, ʋuhlẽgbawo kple kpluwo wɔwɔ. Eda sika na sikagbawo wɔwɔ. Nenema kee wòda klosalo na klosalogbawo wɔwɔ. 18Hekpe ɖe esiawo ŋuti la, eda sika si ŋu wokɔ wòdza la na dzudzɔʋeʋĩdovɔsamlekpui la. Fia la tsɔ ɖoɖo siwo wòwɔ ɖe tasiaɖamwo ŋu la hã nɛ, esi nye sika Kerubi siwo keke woƒe aʋalãwo eye wodo vɔvɔlĩ ɖe Yehowa ƒe nubablaɖaka la dzi.
19David gblɔ na Solomo be, “Yehowa ƒe asie ŋlɔ ɖoɖo siawo katã nam. 20Sẽ ŋu eye nàlé dzi ɖe ƒo. Mègana dɔdeasi la ƒe akɔtitri nado ŋɔdzi na wò o elabena Yehowa, Mawu nye Mawu la li kpli wò eye magblẽ wò ɖi o. Akpɔ egbɔ be wowu Yehowa ƒe gbedoxɔ la tutu nu nyuie. 21Nunɔlawo kple Levitɔwo ƒe hatsotso vovovoawo asubɔ le gbedoxɔ la me. Ame bubu siwo nya aɖaŋu vovovowo la atsɔ wo ɖokuiwo ana hena dɔwo wɔwɔ. Dumegãwo kple dukɔ blibo la aɖo to wò eye woanɔ wò kpɔkplɔ te.”

Você sabia?
Davi comissiona Salomão e entrega os planos do templo
- Davi explicou à assembleia de líderes israelitas em Jerusalém que, embora desejasse construir um templo para a arca da aliança, Deus o proibiu por ele ter sido um homem de guerra que derramou sangue. Em vez disso, Deus escolheu Salomão, entre os muitos filhos de Davi, para reinar e edificar o santuário.Fontes: o próprio texto bíblico · David · Solomon
- Davi entregou a Salomão projetos arquitetônicos detalhados para os edifícios, divisões sacerdotais e utensílios sagrados, com os pesos exatos de ouro e prata e o modelo do querubim dourado. Ele declarou que todos os detalhes desse plano lhe foram revelados por escrito pela mão do Senhor.Fontes: o próprio texto bíblico
Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.
Lugares deste capítulo
- Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículo 1
Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org