1 Crônicas 21
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.
David xlẽ eƒe aʋawɔlawo
1Eva eme be Satana tsi tsitre ɖe Israel ŋu eye wòdee David me be wòaxlẽ Israel blibo la.
2David gblɔ na Yoab kple kplɔla bubuawo be, “Miɖaxlẽ Israelviwo tso Beerseba va se ɖe Dan eye miana manya woƒe xexlẽme.”
3Ke Yoab melɔ̃ ɖe nya sia dzi o. Ebia David be, “Ne Yehowa na eƒe amewo dzi ɖe edzi zi alafa ɖeka hã la, ɖe wo katã manye tɔwòwo oa? Nu ka ta nèle didim be míawɔ nu sia? Nu ka ta nàna Israel nakpɔ fɔbubu?”
4Ke fia la ƒe nya ɖu Yoab kple aʋafia bubuawo tɔ dzi ta la, Yoab wɔ nu si wòɖo nɛ. Ezɔ mɔ to Israelnyigba blibo la dzi eye wòtrɔ yi Yerusalem. 5Yoab gblɔ na David be, ame siwo ate ŋu awɔ aʋa la nye ame miliɔn ɖeka akpe alafa ɖeka (1,100,000) le Israel kple ame akpe alafa ene blaadre (470,000) le Yuda. 6Ke mexlẽ Leviviwo kple Benyaminviwo de ame siawo me o elabena mekpɔ dzidzɔ le nu si fia la zi edzi be wòawɔ la ŋu o. 7Mawu hã mekpɔ dzidzɔ le amexexlẽ sia ŋu o, eya ta wòhe to na Israel ɖe eta.
8David gblɔ na Mawu be, “Nyee nye ame si wɔ nu vɔ̃, meɖe kuku, tsɔe kem, medze si nu vɔ̃ si mewɔ le nu sia wɔwɔ me.”
9Yehowa gblɔ na Gad, ame si nye nukpɔla na David be, 10“Yi, nàgblɔ na David be, ‘Nya si Yehowa gblɔe nye: Metsɔ nu etɔ̃ le dadam ɖe wò ŋkume. Tia wo dometɔ ɖeka ne mawɔ eŋu dɔ ɖe ŋutiwò.’ ”
11Ale Gad yi David gbɔ eye wògblɔ nɛ be, “Nya si Yehowa gblɔe nye, ‘Tsɔ ɖeka le nu etɔ̃awo dome. 12Ne èlɔ̃ la, àtia be dɔwuame nava anyigba la dzi ƒe etɔ̃ loo, alo Israel ƒe futɔwo nasi mi ɣleti etɔ̃ loo alo Yehowa ƒe dɔla nana dɔvɔ̃ nawu amewo le anyigba la dzi ŋkeke etɔ̃. Bu eŋuti nyuie eye nàna manya ŋuɖoɖo si matsɔ ayi na ame si dɔm la.’ ”
13David gblɔ na Gad be, “Meɖo xaxa gã aɖe me. Na madze Yehowa ƒe asi me le eƒe nublanuikpɔkpɔ sɔ gbɔ la ta, ke mègana madze amegbetɔ ƒe asi me o.”
14Ale Yehowa na dɔvɔ̃ va Israelnyigba dzi eye wòwu ame akpe blaadre (70,000). 15Le dɔvɔ̃ la ƒe ɣeyiɣi me la, Mawu ɖo mawudɔla aɖe ɖa be wòagbã Yerusalem, ke egakpɔ nublanui na du la ale gbegbe be, wòtrɔ ta me eye wòɖe gbe na mawudɔla la be, “Esɔ gbɔ!” Mawudɔla la nɔ tsitre ɖe Arauna, Yebusitɔ la ƒe lugbɔƒe ɣe ma ɣi.
16Esi David kpɔ mawudɔla la wònɔ tsitre ɖe dziƒo kple anyigba dome, ɖe eƒe yi le aku me eye wòdoe ɖe Yerusalem gbɔ la, eya kple Israel ƒe ametsitsiwo ta akpanya eye wodze anyi ɖe Yehowa ŋkume, le konyifafa me.
17David gblɔ na Mawu be, “Nyee nye ame si wɔ nu vɔ̃ be mena be woaxlẽ amewo. Ke nu kae alẽ siawo ya wɔ? Oo, Yehowa, nye Mawu, tsrɔ̃ nye kple nye ƒome, ke mègatsrɔ̃ wò amewo o.”
18Yehowa ƒe dɔla gblɔ na Gad be wòagblɔ na David be wòatu vɔsamlekpui na Yehowa ɖe Arauna, Yebusitɔ la ƒe lugbɔƒe. 19Ale David wɔ ɖe nya si Gad gblɔ nɛ le Yehowa ƒe ŋkɔ me la dzi.
20Esime Arauna nɔ lu gbɔm la, enye kɔ eye wòkpɔ mawudɔla la; Via ŋutsu ene siwo nɔ egbɔ la, ɣla wo ɖokuiwo. 21Esi David va Arauna gbɔ eye Arauna fɔ kɔ dzi kpɔe la, Arauna dzo le lugbɔƒe la eye wòɖade ta agu tsyɔ mo anyi ɖe David ƒe ŋkume.
22David gblɔ na Arauna be, “Tsɔ wò lugbɔƒe la nam ale be maɖi vɔsamlekpui na Yehowa ɖe edzi be dɔvɔ̃ si le dukɔa dzi la nu natso. Dzrae nam ɖe asi si wòaxɔ tututu la nu.”
23Arauna gblɔ na David be, “Xɔe! Nye aƒetɔ, fia la newɔ nu sia nu si dze eŋu. Kpɔ ɖa, mana nyitsu hena numevɔsa la, luƒotiwo hena nake eye lu hena nuɖuvɔsa la. Matsɔ esiawo katã na wò.”
24Fia David ɖo eŋu na Arauna be, “Ao, maƒlee ko. Maxe fe si dze la, ɖe eta. Nyemate ŋu atsɔ nu si nye tɔwò la asa vɔe na Yehowa, asa numevɔ kple nu siwo ta nyemexe fe aɖeke ɖo o!”
25Ale David xe sikaga kilogram adre na Arauna ɖe lugbɔƒe la ta. 26David ɖi vɔsamlekpui na Yehowa ɖe afi ma eye wòsa numevɔ kple akpedavɔ le edzi. Edo gbe ɖa na Yehowa eye Yehowa ɖo eŋu nɛ heɖo dzo ɖa tso dziƒo wòva bi vɔsa la le vɔsamlekpui la dzi. 27Tete Yehowa ɖe gbe na mawudɔla la be wòatsɔ eƒe yi la ade aku me. 28Le ɣe ma ɣi me, esi David kpɔ be Yehowa ɖo yeƒe gbedodoɖa ŋu le Yebusitɔ, Arauna ƒe lugbɔƒea la, esa vɔwo le afi ma. 29Yehowa ƒe Agbadɔ si Mose tu le gbedzi ƒe vɔsamlekpui si dzi wowɔ numevɔsa le ɣe ma ɣi me la nɔ Gibeon ƒe vɔsaƒe. 30Ke David mete ŋu yi vɔsaƒe la ne wòabia gbe Yehowa o elabena evɔ̃ na Yehowa ƒe dɔla la ƒe yi.

Você sabia?
O Censo de Davi e a Eira de Ornã
- A expressão de Berseba a Dã era uma frase hebraica tradicional usada para designar toda a extensão da Terra Prometida de sul a norte, abrangendo uma distância de aproximadamente 230 quilômetros.Fontes: o próprio texto bíblico · Beersheba
- A eira do jebuseu Ornã no monte Moriá, que Davi fez questão de comprar pelo preço justo para oferecer sacrifícios, tornou-se mais tarde o local onde Salomão construiu o templo em Jerusalém.Fontes: o próprio texto bíblico · Ornan
- Embora o tabernáculo construído por Moisés no deserto e seu altar estivessem no alto de Gibeão naquela época, Davi sacrificou na eira de Ornã por estar apavorado diante do anjo do Senhor.Fontes: o próprio texto bíblico · Gibeon · Moses
Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.
Lugares deste capítulo
- Dan · Hoje: Tel Dan · 33.249, 35.652 · versículo 2
- Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículos 4, 15, 16
- Gibeon · Hoje: El Jib · 31.847, 35.183 · versículo 29
Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org