1 Crônicas 2
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.
Israel ƒe viŋutsuwo
1Esiawoe nye Israel ƒe viŋutsuwo: Ruben, Simeon, Levi, Yuda, Isaka, Zebulon, 2Dan, Yosef, Benyamin, Naftali, Gad kple Aser.
Yuda ƒe viwo va se ɖe Hezron ƒe viwo dzi
3Yuda dzi ŋutsuvi etɔ̃ kple Bat Sua, Kanaan ɖetugbi aɖe. Woawoe nye
Er, Onan kple Sela. Via tsitsitɔ,
Er, vɔ̃ɖi le Yehowa ƒe ŋkume ale gbegbe be, Yehowa wui.
4Er ƒe ahosi, Tamar kple Er fofo, Yuda, wodzi evenɔviwo: Perez kple Zera;
5Perez ƒe viwoe nye:
Hezron kple Hamul.
6Zera ƒe viwo nye:
Zimri, Etan, Heman, Kalkol kple Dara.
7Aka, Karmi ƒe vie nye
ame si he fukpekpe va Israel dzi elabena efi nu kɔkɔewo.
8Etan ƒe vie nye
Azaria.
9Hezron ƒe viwoe nye
Yerameel, Ram kple Kelubai.
Tso Ram, Hezron ƒe vi dzi
10Ram dzi Aminadab
eye Aminadab dzi Nahson, ame si va zu Yuda to la ƒe kplɔla ɖeka.
11Nahson dzi Salma
eye Salma hã dzi Boaz.
12Boaz dzi Obed
ame si dzi Yese.
13Yese ƒe vi gbãtɔe nye
Eliab, eveliae nye Abinadab
eye etɔ̃liae nye Simea; 14eneliae nye Netanel,
atɔ̃liae nye Radai, 15adelia nye Ozem
eye adreliae nye David.
16Srɔ̃a ma ke dzi vinyɔnuvi eve nɛ. Woawoe nye Zeruia kple Abigail.
Zeruya ƒe viŋutsuwoe nye Abisai, Yoab kple Asahel.
17Yeter, ame si nye ŋutsu aɖe tso Ismael nyigba dzi la ɖe Abigail eye wòdzi ŋutsuvi aɖe si wona ŋkɔe be Amasa la nɛ.
Kaleb, Hezron ƒe vi
18Kaleb, Hezron ƒe vi ɖe srɔ̃ eve, Azuba kple Yeriot. Azuba ƒe viwoe nye:
Yeser, Sobab kple Ardon.
19Esi Azuba ku la, Kaleb ɖe Efrat eye wòdzi ŋutsuvi, Hur, nɛ.
20Hur ƒe vie nye Uri eye Uri hã dzi Bezalel.
21Esi Hezron xɔ ƒe blaade la eɖe Makir ƒe vinyɔnu eye wòdzi ŋutsuvi, Segub nɛ. Makir ƒe vi bubue nye Gilead.
22Segub nye Yair fofo. Du blaeve-vɔ-etɔ̃ nɔ Yair ƒe kpɔkplɔ te le Gileadnyigba dzi.
23(Ke Gesur kple Aram xɔ Havot Yair kple Kenat kple du sue blaade siwo ƒo xlãe la le esi sesẽtɔe.)
24Esi Hezron ku le Kaleb Efrata la, Abiya, Hezron srɔ̃ dzi Asur, Tekoa fofo.
Yerameel, Hezron ƒe vi
25Hezron ƒe vi tsitsitɔ, Yerameel ƒe viwoe nye:
Ram ƒe viŋutsu tsitsitɔ, Buna, Oren, Ozem kple Ahiya. 26Yerameel srɔ̃ evelia, Atara, dzi Onam.
27Ram ƒe viwoe nye
Maaz, Yamin kple Eker.
28Onam ƒe viwoe nye
Samai kple Yada. Samai dzi Nadab kple Abisur. 29Abisur kple srɔ̃a Abihail dzi Aban kple Molid.
30Nadab ƒe viwoe nye
Seled kple Apaim. Seled medzi vi aɖeke hafi ku o.
31Apaim ƒe vie nye
Isi, ame si dzi Sesan eye eya hã dzi Ahlai.
32Samai nɔvi dzi ŋutsuvi eve:
Yeter kple Yonatan. Yeter medzi vi aɖeke hafi ku o,
33ke Yonatan dzi vi eve:
Pelet kple Zaza.
34Viŋutsu aɖeke menɔ Sesan si o; vinyɔnuwo koe nɔ esi.
Egipte dɔlaŋutsu aɖe nɔ esi; eŋkɔe nye Yarha. 35Sesan tsɔ via nyɔnu na eƒe dɔlaŋutsu, Yarha, wòɖe eye wodzi Atai.
36Atai dzi Natan,
ame si dzi Zabad,
37ame si dzi Eflal,
ame si dzi Obed,
38ame si dzi Yehu,
ame si dzi Azaria.
39Azaria dzi Helez,
ame si dzi Eleasa,
40ame si dzi Sismai,
ame si dzi Salum.
41Salum dzi Yekamia
ame si dzi Elisama.
Kaleb ƒe dzidzimeviwo
42Kaleb, Yerameel nɔvi ƒe vi tsitsitɔe nye
Mesa, ame si dzi Zif,
ame si dzi Maresa, ame si dzi Hebron.
43Hebron ƒe viwoe nye
Korah, Tapua, Rekem kple Sema.
44Sema dzi Raham
ame si dzi Yorkeam.
Rekem dzi Samai.
45Samai dzi Maon
eye Maon dzi Bet Zur.
46Kaleb kple eƒe ahiãvi, Efa, wodzi
Haran, Moza kple Gazez.
Haran dzi Gazez.
47Yahdai dzi
Regem, Yotam, Gesan, Pelet, Efa kple Saaf.
48Kaleb ƒe ahiãvi, Maaka, dzi
Seber kple Tirhana.
49Egadzi Saaf, ame si nye Madmana fofo
kple Seva, Makbena fofo kple Gibea.
Kaleb ƒe vinyɔnue nye Aksa.
50Hur, ame si nye Kaleb kple Efrata ƒe vi tsitsitɔ la,
dzi Sobal, Kiriat Yearim fofo, 51Salma, Betlehem fofo kple Haref, Bet Gader fofo.
52Sobal ƒe viwoe nye Kiriat Yearim kple
Haroe, ame si ƒe dzidzimeviwoe nye Menuhot tɔwo ƒe afã. 53Kiriat Yearim ƒe dzidzimeviwoe nye Yatiritɔwo, Putitɔwo, Sumatitɔwo kple Misraitɔwo, ame siwo me Zoratitɔwo kple Estaolitɔwo do tso.
54Salma ƒe viwoe nye:
Betlehem, Netofatitɔwo, Atrot Bet Yoab, Manahatitɔwo ƒe afã kple Zoritɔwo, 55agbalẽŋlɔlawo ƒe ƒome siwo nɔ Yabez: Tiratitɔwo, Imeatitɔwo kple Sukatitɔwo. Ame siawo katã nye Kenitɔwo eye wodzɔ tso Hamat me, ame si nye Rekab ƒe ƒome la fofo.

Você sabia?
A genealogia de Judá e a linhagem real
- A linhagem neste capítulo traça a descendência de Judá por meio de Perez e Hezrom até Ram, culminando em Davi, o sétimo filho de Jessé. Essa linha destaca ancestrais importantes, incluindo Naassom, um líder da tribo durante a peregrinação no deserto, e Boaz de Belém.Fontes: o próprio texto bíblico · Nahshon · Boaz · Ram
- As genealogias em 1 Crônicas frequentemente ligam famílias diretamente às cidades que estabeleceram. Os descendentes de Calebe, filho de Hezrom, e de seu neto Hur são identificados como pais ou fundadores de cidades proeminentes de Judá, como Belém, Quiriate-Jearim e Madmana.Fontes: o próprio texto bíblico · Caleb · Madmannah
- Quando Sesã, do ramo de Jerameel, não teve filhos homens, ele preservou sua linhagem familiar casando sua filha com seu servo egípcio Jara, cujos descendentes são registrados ao longo de treze gerações.Fontes: o próprio texto bíblico
Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.
Lugares deste capítulo
- Gilead · Hoje: Gilead 1 · 32.187, 35.692 · versículo 22
- Aram · 33.511, 36.306 · versículo 23
- Geshur · 32.767, 35.700 · versículo 23
- Havvoth-jair · 32.588, 35.726 · versículo 23
- Tekoa · Hoje: Khirbet Teku’a · 31.632, 35.210 · versículo 24
- Kiriath-jearim · Hoje: Deir el Azar · 31.809, 35.104 · versículos 50, 52, 53
- Bethlehem · 31.704, 35.208 · versículos 51, 54
Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org