1 Crônicas 17
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.
Mawu ƒe ŋugbedodo na David
1Esi David ɖi ɖe eme le eƒe fiasã la me la, egblɔ na Nyagblɔɖila Natan be, “Kpɔ ɖa! Mele xɔ siwo me wofa sedatiwo ɖo la me, ke Yehowa ƒe nubablaɖaka la ya le agbadɔ te.”
2Natan ɖo eŋu nɛ be, “Wɔ nu si nèɖo ɖe ta me be yeawɔ elabena Mawu li kpli wò.”
3Ke Mawu gblɔ na Natan le zã ma me be,
4“Yi, nàgblɔ na nye dɔla, David be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye si: Menye wòe atu xɔ nam manɔ eme o. 5Tso esime meɖe Israel tso Egipte la, agbadɔwo ko me menɔna, meʋu tso agbadɔ ɖeka me yi bubu me va se ɖe egbe. 6Afi sia afi si meɖe zɔ kple Israelviwo yi la, ɖe megblɔ na woƒe kplɔla siwo mede se na be woakplɔ nye dukɔ la dometɔ aɖe kpɔ be, “Nu ka ŋutie mietu sedatixɔ nam o mahã?” ’
7“Gblɔ na nye dɔla David be, ‘Yehowa Ŋusẽkatãtɔ la le gbɔgblɔm na wò be; meɖe wò le alẽkplɔdɔ nu eye meɖo wò fiae ɖe nye dukɔ Israel dzi; 8menɔ kpli wò le afi sia afi si nède eye metsrɔ̃ wò futɔwo. Mana wò ŋkɔ nagade dzi wu ale si wòle fifia ale be nànye ame xɔŋkɔtɔwo dometɔ ɖeka le xexea me. 9Gawu la, mana teƒe nye dukɔ, Israel, mali ke wo ɖe afi ma ale be aƒe nanɔ woawo ŋutɔ si eye ame aɖeke magaɖe fu na wo o. Ame vɔ̃ɖiwo magate wo ɖe anyi azɔ abe ale si wowɔ le gɔmedzedzea me ene 10alo abe ale si wowɔ tso esime meɖo ʋɔnudrɔ̃lawo ɖe nye dukɔ, Israel dzi ene o. Mabɔbɔ wò futɔwo ɖe anyi. Mele gbeƒã ɖem na wò be, Yehowa ŋutɔ atso aƒe na wò.
11“ ‘Ne wò ɣeyiɣi de le anyigba sia dzi eye nèku la, matsɔ viwòwo dometɔ ɖeka aɖo wò fiazikpui la dzi eye mana eƒe fiaɖuƒe nakpɔ ŋusẽ. 12Eyae anye ame si atu gbedoxɔ nam eye mana eƒe dzidzimeviwo naɖu fia tegbetegbe. 13Manye fofoa eye eya anye vinye. Nyemaɖe nye amenuveve kple lɔ̃lɔ ɖa le edzi abe ame si ɖu fia do ŋgɔ nɛ ene o. 14Matsɔe aɖo nye aƒe kple nye fiaɖuƒe nu tegbetegbe ale eƒe dzidzimeviwo aɖu fia ɣeawo katã ɣi.’ ”
15Ale Natan gblɔ nya sia nya si Yehowa gblɔ la na David.
David ƒe gbedodoɖa
16Ale Fia David ɖanɔ anyi ɖe Yehowa ŋkume eye wòdo gbe ɖa be,
“Oo, Yehowa Mawu, ame kae menye eye nu kae nye nye ƒome be nètsɔ nu siawo katã nam? 17Oo Mawu, abe esiawo ɖe womesɔ gbɔ le wò ŋkume o ene la, ègaƒo nu tso nu si wò dɔla ƒe aƒe anye le etsɔ si gbɔna la ŋuti. Oo Yehowa Mawu, èle kpɔyem abe nye koe nye ame si de ŋgɔ wu le amewo katã dome ene.
18“Nya kae David agagblɔ na wò le bubu si nède wò dɔla ŋu ŋuti? Elabena ènya wò dɔla, 19Oo Yehowa. Le wò dɔla ta kple le wò lɔlɔ̃nu me, èwɔ nu gã sia eye nèna wonya wò ŋugbedodo gã siawo katã.
20“Oo Yehowa, ame aɖeke mele abe wò ene o eye mawu aɖeke meli o negbe wò ko abe ale si míesee kple míawo ŋutɔ ƒe towo ene. 21Eye dukɔ kae le abe wò dukɔ, Israel ene, dukɔ ɖeka si le anyigba dzi, esi ƒe Mawu ɖaɖe dukɔ ma na eɖokui? Eye wòwɔ ŋkɔ na eɖokui to nukunu gãwo kple ŋɔdzinu dzɔatsuwo wɔwɔ me eye nènya dukɔwo le wò dukɔ si nèɖe tso Egipte la ŋgɔ. 22Èwɔ Israel, wò dukɔ, wònye tɔwò tegbetegbe eye wò, Oo Yehowa, nèzu woƒe Mawu.
23“Azɔ la, Oo Yehowa, na be wò ŋugbe si nèdo ɖe wò dɔla kple eƒe aƒe ŋu la nali ke tegbetegbe. Wɔ abe ale si nèdo ŋugbee ene, 24ale be wòali ke eye wò ŋkɔ anye gã tegbee. Ekema amewo agblɔ be, ‘Yehowa Ŋusẽkatãtɔ, Mawu si le Israel dzi ɖum la, eyae nye Israel ƒe Mawu!’ Eye wò dɔla, David ƒe aƒe ali ke le ŋkuwòme.
25“Wò, nye Mawu, èɖee fia wò dɔla be yeatu xɔ nɛ eya ta dzideƒo le wò dɔla si be wòado gbe ɖa na wò. 26Oo Yehowa, ènye Mawu vavã! Ètsɔ nu nyui siawo do ŋugbee na wò dɔla. 27Azɔ la, edze ŋuwò be nàyra wò dɔla ƒe aƒe be wòayi edzi anɔ wò ŋkume tegbee elabena, Oo Yehowa, wòe yrae eya ta yayra anɔ edzi tegbetegbe.”

Você sabia?
A Promessa de Deus a Davi
- Ao considerar que morava em um palácio de cedro enquanto a arca da aliança permanecia sob uma tenda, Davi planejou construir um templo para Deus. Em resposta, Deus prometeu que, em vez de Davi construir uma casa para Ele, Deus estabeleceria uma dinastia real duradoura para Davi.Fontes: o próprio texto bíblico
- Natã foi um profeta influente durante os reinados de Davi e Salomão, surgindo aqui para transmitir a aliança de Deus acerca da futura dinastia e do templo. Registros bíblicos observam que Natã também participou da coroação de Salomão e escreveu relatos históricos dos reinados de ambos os monarcas.Fontes: Nathan · o próprio texto bíblico
- Na mensagem divina transmitida por Natã, o Senhor lembrou que tirou Davi do pastoreio de ovelhas para liderar Israel. Essa origem humilde como jovem pastor nas colinas de Judá destacou a notável elevação de sua família ao governo real.Fontes: David · o próprio texto bíblico
Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.
Lugares deste capítulo
Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org